Jeremiah 4 (BOECS)

1 Yehowa be,“O Israel, ne miatrɔ la,ekema mitrɔ va gbɔnye nemieɖe miaƒe legba nyɔŋuawo ɖale nye ŋkuta eye miagatra mɔ o. 2 Ne mieta nu be‘Zi ale si Yehowa le agbe’ le nyateƒe,kakaɖedzi kple dzɔdzɔenyenye me la,ekema ayra dukɔwo eyele eya amea mee woaƒo adegbe le.” 3 Ale Yehowa gblɔ na Yuda kple Yerusalem ŋutsuwoe nye esi:“Miŋlɔ agble yeye,migaƒã nu ɖe aŋɔkawo me o. 4 Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo,mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa.Mitso aʋa na miaƒe dziwo,ne menye nenema o la,nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo eneeye ame aɖeke mate ŋu atsii o,ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.” 5 “Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpole Yerusalem gblɔ be,‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’Mido ɣli sesĩe be,‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’ 6 Mikɔ aflaga dzi ɖo ɖe Zion!Misi yi sitsoƒe, migatɔ o!Elabena mehe gbegblẽ tso anyiehe gbɔnae,gbegblẽ si teƒe makɔ o.” 7 “Dzata aɖe do tso eƒe do me,dukɔwo gblẽla aɖe tso dze mɔ.Etso le enɔƒe be wòava wɔmiaƒe anyigba wòazu gbegbe,ne wòawɔ miaƒe duwo woazu aƒedowoeye amewo manɔ wo me o. 8 Eya ta mita akpanya,mifa konyi eye mifa avi sesĩe,elabena Yehowa ƒe dziku sesẽ la medzo le mía dzi o.” 9 Yehowa be,“Ɣe ma ɣi la dzi aɖe le fia lakple eƒe dumegãwo ƒo,ŋɔdzi alé Nunɔlawoeye Nyagblɔɖilawo ƒe nu atsi te.” 10 Tete megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, èflu ame siawo kple Yerusalem ŋutɔ esi nègblɔ be, ‘Miakpɔ ŋutifafa.’ Evɔ, woɖo yi míaƒe vewo dzi.” 11 Le ɣe ma ɣi la, woagblɔ na ame siawo kple Yerusalem be, “Ya xɔdzo aɖe ƒo tso to ƒuƒluwo dzi to gbegbe gbɔna va nye amewo gbɔ gake menye wòagbɔ nu alo aklɔ nu ta o. 12 Ya sia sẽ ŋutɔ elabena etso gbɔnye. Azɔ la, mehe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzii.” 13 Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene,eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya eneeye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo.Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ! 14 O Yerusalem, klɔ nu tovo ɖale wò dzi ŋu be nàkpɔ xɔxɔ.Va se ɖe ɣe ka ɣie susu vɔ̃ɖi anɔ mewò? 15 Gbe aɖe le gbeƒã ɖem tso Dan.Ele kpo dom gbegblẽ si tsoEfraim togbɛwo dzi gbɔna. 16 “Migblɔ nya sia na dukɔwo,miɖe gbeƒãe na Yerusalem be,‘Asrafo siwo ɖea to ɖe duwo la gbɔna tsoadzɔgenyigba aɖe dzi;wole aʋaɣli dom ɖe Yuda ƒe duwo ŋuti. 17 Woɖe to ɖee abe agbleŋudzɔlawo eneelabena edze aglã ɖe ŋunye.’ ”Yehowae gblɔe. 18 “Wò ŋutɔ wò afɔɖeɖewokple nuwɔnawoe he esia va dziwòe.Esiae nye wò tohehe.Aleke wòahave wòe!Aleke wòahaƒo ɖe wò dzii!” 19 O nye dablibɛƒoƒo, nye dablibɛƒoƒo!Mele ŋeŋem le vevesese me.O nye dzi xɔ abi ɖe dɔ me nam!Nye dzi le ƒoƒom le menye, nyemate ŋu azi ɖoɖoe o,elabena mese kpẽ ƒe ɖiɖi,mese aʋaɣlidodo. 20 Gbegblẽ kplɔ gbegblẽ ɖoeye anyigba blibo la zu aƒedo.Enumake wogbã nye agbadɔwoeye le aɖabaƒoƒo ɖeka me wogbã nye aƒe. 21 Va se ɖe ɣe ka ɣie makpɔ aflaga, ase aʋakpẽ? 22 “Nye amewo nye movitɔwo eye womenyam o.Wole abe ɖevi abunɛtɔwo eneelabena womenyam o.Wobi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ meeye womenya nu nyui wɔwɔ o.” 23 Metsa ŋku le anyigba dzi,ele nyamaa, le ƒuƒlu.Mewu mo dzi kpɔ dziƒogake woƒe kekeli megali o. 24 Mewu mo dzi kpɔ towo,wole dzodzom kpekpekpeeye togbɛwo katã le ʋuʋum. 25 Metsa ŋku ke nyemekpɔ ame aɖeke o.Xevi ɖe sia ɖe si le yame gɔ̃ hã dzo dzo. 26 Menye kɔ eye mekpɔ anyigba nyonu la zu gbegbe;eƒe duwo katã hã zu aƒedo le Yehowa ŋkumele eƒe dziku helĩhelĩ la ta. 27 Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Anyigba blibo la azu aƒedo,gake nyemagblẽe gbidigbidi o. 28 Eya ta anyigba axa nueye dziƒo ado viviti elabena meƒo nueye nyemagbe edziwɔwɔ o.Meɖo ta me eye nyematrɔ susu o.” 29 Du sia du lé du tsɔ esi wose sɔwokple aŋutrɔdalawo ƒe hoowɔwɔ.Ame aɖewo yi ɖabe ɖe ave dodowo me,eye ɖewo lia agakpewo.Duwo katã me ɖi gbɔlo:ame aɖeke megale wo me o. 30 O, wò ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle?Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do?Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo?Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò.Wò lɔlɔ̃tɔwo do vlo wòeye wole wò agbe yome tim. 31 Mese ɣli aɖe abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.Mese ŋeŋe aɖe abe nyɔnusi le vi gbãtɔ dzim la tɔ ene.Ɣli la nye Zion vinyɔnu si lé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo hetsɔeƒe asiwo do ɖe dzi la tɔ. Ele gbɔgblɔm be,“Evɔ nam! Nye mo le zi tsyɔm;wotsɔ nye agbe de asi na amewulawo.”

In Other Versions

Jeremiah 4 in the ANGEFD

Jeremiah 4 in the ANTPNG2D

Jeremiah 4 in the AS21

Jeremiah 4 in the BAGH

Jeremiah 4 in the BBPNG

Jeremiah 4 in the BBT1E

Jeremiah 4 in the BDS

Jeremiah 4 in the BEV

Jeremiah 4 in the BHAD

Jeremiah 4 in the BIB

Jeremiah 4 in the BLPT

Jeremiah 4 in the BNT

Jeremiah 4 in the BNTABOOT

Jeremiah 4 in the BNTLV

Jeremiah 4 in the BOATCB

Jeremiah 4 in the BOATCB2

Jeremiah 4 in the BOBCV

Jeremiah 4 in the BOCNT

Jeremiah 4 in the BOGWICC

Jeremiah 4 in the BOHCB

Jeremiah 4 in the BOHCV

Jeremiah 4 in the BOHLNT

Jeremiah 4 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 4 in the BOICB

Jeremiah 4 in the BOILNTAP

Jeremiah 4 in the BOITCV

Jeremiah 4 in the BOKCV

Jeremiah 4 in the BOKCV2

Jeremiah 4 in the BOKHWOG

Jeremiah 4 in the BOKSSV

Jeremiah 4 in the BOLCB

Jeremiah 4 in the BOLCB2

Jeremiah 4 in the BOMCV

Jeremiah 4 in the BONAV

Jeremiah 4 in the BONCB

Jeremiah 4 in the BONLT

Jeremiah 4 in the BONUT2

Jeremiah 4 in the BOPLNT

Jeremiah 4 in the BOSCB

Jeremiah 4 in the BOSNC

Jeremiah 4 in the BOTLNT

Jeremiah 4 in the BOVCB

Jeremiah 4 in the BOYCB

Jeremiah 4 in the BPBB

Jeremiah 4 in the BPH

Jeremiah 4 in the BSB

Jeremiah 4 in the CCB

Jeremiah 4 in the CUV

Jeremiah 4 in the CUVS

Jeremiah 4 in the DBT

Jeremiah 4 in the DGDNT

Jeremiah 4 in the DHNT

Jeremiah 4 in the DNT

Jeremiah 4 in the ELBE

Jeremiah 4 in the EMTV

Jeremiah 4 in the ESV

Jeremiah 4 in the FBV

Jeremiah 4 in the FEB

Jeremiah 4 in the GGMNT

Jeremiah 4 in the GNT

Jeremiah 4 in the HARY

Jeremiah 4 in the HNT

Jeremiah 4 in the IRVA

Jeremiah 4 in the IRVB

Jeremiah 4 in the IRVG

Jeremiah 4 in the IRVH

Jeremiah 4 in the IRVK

Jeremiah 4 in the IRVM

Jeremiah 4 in the IRVM2

Jeremiah 4 in the IRVO

Jeremiah 4 in the IRVP

Jeremiah 4 in the IRVT

Jeremiah 4 in the IRVT2

Jeremiah 4 in the IRVU

Jeremiah 4 in the ISVN

Jeremiah 4 in the JSNT

Jeremiah 4 in the KAPI

Jeremiah 4 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 4 in the KBV

Jeremiah 4 in the KJV

Jeremiah 4 in the KNFD

Jeremiah 4 in the LBA

Jeremiah 4 in the LBLA

Jeremiah 4 in the LNT

Jeremiah 4 in the LSV

Jeremiah 4 in the MAAL

Jeremiah 4 in the MBV

Jeremiah 4 in the MBV2

Jeremiah 4 in the MHNT

Jeremiah 4 in the MKNFD

Jeremiah 4 in the MNG

Jeremiah 4 in the MNT

Jeremiah 4 in the MNT2

Jeremiah 4 in the MRS1T

Jeremiah 4 in the NAA

Jeremiah 4 in the NASB

Jeremiah 4 in the NBLA

Jeremiah 4 in the NBS

Jeremiah 4 in the NBVTP

Jeremiah 4 in the NET2

Jeremiah 4 in the NIV11

Jeremiah 4 in the NNT

Jeremiah 4 in the NNT2

Jeremiah 4 in the NNT3

Jeremiah 4 in the PDDPT

Jeremiah 4 in the PFNT

Jeremiah 4 in the RMNT

Jeremiah 4 in the SBIAS

Jeremiah 4 in the SBIBS

Jeremiah 4 in the SBIBS2

Jeremiah 4 in the SBICS

Jeremiah 4 in the SBIDS

Jeremiah 4 in the SBIGS

Jeremiah 4 in the SBIHS

Jeremiah 4 in the SBIIS

Jeremiah 4 in the SBIIS2

Jeremiah 4 in the SBIIS3

Jeremiah 4 in the SBIKS

Jeremiah 4 in the SBIKS2

Jeremiah 4 in the SBIMS

Jeremiah 4 in the SBIOS

Jeremiah 4 in the SBIPS

Jeremiah 4 in the SBISS

Jeremiah 4 in the SBITS

Jeremiah 4 in the SBITS2

Jeremiah 4 in the SBITS3

Jeremiah 4 in the SBITS4

Jeremiah 4 in the SBIUS

Jeremiah 4 in the SBIVS

Jeremiah 4 in the SBT

Jeremiah 4 in the SBT1E

Jeremiah 4 in the SCHL

Jeremiah 4 in the SNT

Jeremiah 4 in the SUSU

Jeremiah 4 in the SUSU2

Jeremiah 4 in the SYNO

Jeremiah 4 in the TBIAOTANT

Jeremiah 4 in the TBT1E

Jeremiah 4 in the TBT1E2

Jeremiah 4 in the TFTIP

Jeremiah 4 in the TFTU

Jeremiah 4 in the TGNTATF3T

Jeremiah 4 in the THAI

Jeremiah 4 in the TNFD

Jeremiah 4 in the TNT

Jeremiah 4 in the TNTIK

Jeremiah 4 in the TNTIL

Jeremiah 4 in the TNTIN

Jeremiah 4 in the TNTIP

Jeremiah 4 in the TNTIZ

Jeremiah 4 in the TOMA

Jeremiah 4 in the TTENT

Jeremiah 4 in the UBG

Jeremiah 4 in the UGV

Jeremiah 4 in the UGV2

Jeremiah 4 in the UGV3

Jeremiah 4 in the VBL

Jeremiah 4 in the VDCC

Jeremiah 4 in the YALU

Jeremiah 4 in the YAPE

Jeremiah 4 in the YBVTP

Jeremiah 4 in the ZBP