Matthew 20 (BOECS)

1 Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe la ŋu lae nye esi: “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me. 2 Eƒo asi kple apaɖilawo, eye wolɔ̃ be wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale dɔwɔlawo yi waingble la me ɖadze dɔa gɔme. 3 “Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ekpɔ ame aɖewo le asi me siwo menɔ dɔ aɖeke wɔm o. 4 Ekplɔ woawo hã yi eƒe agble la me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkeke la wu nu. 5 Le ŋdɔ ga wuieve me la, egaɖo ame bubuwo hã ɖe agble la me, eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la, egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke. 6 “Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’ 7 “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’“Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’ 8 “Azɔ esi fiẽ ɖo la, agbletɔ la yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo, eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agble la me mamlɛa la dzi. 9 Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agble la me le ga atɔ̃ me la vɛ, eye wòxe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe. 10 Esia ta esi wòyɔ ame siwo va gbã la vɛ la, woawo nɔ bubum be yewoƒe fetu akɔ wu ame siwo va le ga atɔ̃ me la tɔ, gake kpao; ga home ma sinu ke ko wòxe na woawo hã. 11 “Ame gbãtɔwo he nya ɖe agbletɔ la ŋu vevie gblɔ be, 12 ‘Ame siawo la, gaƒoƒo ɖeka pɛ ko wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ ɖo?’ 13 “Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o; ɖe menye miawo ŋutɔe lɔ̃ be ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu oa? 14 Mexee na mi, eya ta mitsɔe miadzo. Nye ŋutɔe lɔ̃ xe ga home ma ke na ame sia ame. 15 Ɖe mɔ meli be be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku, elabena mewɔ dɔmenyoa?’ 16 Esia ta gbãtɔwo azu mamlɛtɔwo eye mamlɛtɔwo azu gbãtɔwo.” 17 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi wole mɔa dzi la, eɖe kpɔ nusrɔ̃la wuieveawo, 18 hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la na wo.Egblɔ na wo be, “Woadem asi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo, eye woatso kufia nam. 19 Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ.” 20 Eva eme be Zebedeo ƒe vi eveawo dada va Yesu gbɔ, dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be wòawɔ dɔmenyo tɔxɛ aɖe na ye. 21 Yesu biae be, “Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?”Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Medi be nàna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple mia me le wò fiaɖuƒe la me.” 22 Yesu gblɔ nɛ be, “Mènya nu si biam nèle la o!” Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu, eye wòbia wo be, “Miawo hã, miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?”Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míate ŋui.” 23 Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala la, gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo.” 24 Dɔ me ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si nɔvi eveawo, Yakobo kple Yohanes, yi ɖabia Yesu la. 25 Ke Yesu yɔ wo katã ƒo ƒu ɖe eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be, “Le dzimaxɔsetɔwo dome la, fiawo ɖua wo teviwo dzi kple asi sesẽ, eye nenema ke dɔnunɔlawo hã ɖua fia ɖe wo teviwo dzi. 26 Nyemedi be nenem nu sia nanɔ miawo hã dome o. Ame si le mia dome si di be yeanye mia nunɔla la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla, 27 eye ame si di be yeanye gbãtɔ le mi katã dome la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla anɔ dɔ tsɔm na mi. 28 Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la, nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.” 29 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo. 30 Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose be Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la, wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí!” 31 Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, “Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi.” 32 Yesu tɔ, eye wòyɔ wo vɛ hebia wo be, “Nu ka miedi be mawɔ na mi?” 33 Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu.” 34 Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta eka asi woƒe ŋkuawo ŋu. Ŋkuawo ʋu enumake, eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe.

In Other Versions

Matthew 20 in the ANGEFD

Matthew 20 in the ANTPNG2D

Matthew 20 in the AS21

Matthew 20 in the BAGH

Matthew 20 in the BBPNG

Matthew 20 in the BBT1E

Matthew 20 in the BDS

Matthew 20 in the BEV

Matthew 20 in the BHAD

Matthew 20 in the BIB

Matthew 20 in the BLPT

Matthew 20 in the BNT

Matthew 20 in the BNTABOOT

Matthew 20 in the BNTLV

Matthew 20 in the BOATCB

Matthew 20 in the BOATCB2

Matthew 20 in the BOBCV

Matthew 20 in the BOCNT

Matthew 20 in the BOGWICC

Matthew 20 in the BOHCB

Matthew 20 in the BOHCV

Matthew 20 in the BOHLNT

Matthew 20 in the BOHNTLTAL

Matthew 20 in the BOICB

Matthew 20 in the BOILNTAP

Matthew 20 in the BOITCV

Matthew 20 in the BOKCV

Matthew 20 in the BOKCV2

Matthew 20 in the BOKHWOG

Matthew 20 in the BOKSSV

Matthew 20 in the BOLCB

Matthew 20 in the BOLCB2

Matthew 20 in the BOMCV

Matthew 20 in the BONAV

Matthew 20 in the BONCB

Matthew 20 in the BONLT

Matthew 20 in the BONUT2

Matthew 20 in the BOPLNT

Matthew 20 in the BOSCB

Matthew 20 in the BOSNC

Matthew 20 in the BOTLNT

Matthew 20 in the BOVCB

Matthew 20 in the BOYCB

Matthew 20 in the BPBB

Matthew 20 in the BPH

Matthew 20 in the BSB

Matthew 20 in the CCB

Matthew 20 in the CUV

Matthew 20 in the CUVS

Matthew 20 in the DBT

Matthew 20 in the DGDNT

Matthew 20 in the DHNT

Matthew 20 in the DNT

Matthew 20 in the ELBE

Matthew 20 in the EMTV

Matthew 20 in the ESV

Matthew 20 in the FBV

Matthew 20 in the FEB

Matthew 20 in the GGMNT

Matthew 20 in the GNT

Matthew 20 in the HARY

Matthew 20 in the HNT

Matthew 20 in the IRVA

Matthew 20 in the IRVB

Matthew 20 in the IRVG

Matthew 20 in the IRVH

Matthew 20 in the IRVK

Matthew 20 in the IRVM

Matthew 20 in the IRVM2

Matthew 20 in the IRVO

Matthew 20 in the IRVP

Matthew 20 in the IRVT

Matthew 20 in the IRVT2

Matthew 20 in the IRVU

Matthew 20 in the ISVN

Matthew 20 in the JSNT

Matthew 20 in the KAPI

Matthew 20 in the KBT1ETNIK

Matthew 20 in the KBV

Matthew 20 in the KJV

Matthew 20 in the KNFD

Matthew 20 in the LBA

Matthew 20 in the LBLA

Matthew 20 in the LNT

Matthew 20 in the LSV

Matthew 20 in the MAAL

Matthew 20 in the MBV

Matthew 20 in the MBV2

Matthew 20 in the MHNT

Matthew 20 in the MKNFD

Matthew 20 in the MNG

Matthew 20 in the MNT

Matthew 20 in the MNT2

Matthew 20 in the MRS1T

Matthew 20 in the NAA

Matthew 20 in the NASB

Matthew 20 in the NBLA

Matthew 20 in the NBS

Matthew 20 in the NBVTP

Matthew 20 in the NET2

Matthew 20 in the NIV11

Matthew 20 in the NNT

Matthew 20 in the NNT2

Matthew 20 in the NNT3

Matthew 20 in the PDDPT

Matthew 20 in the PFNT

Matthew 20 in the RMNT

Matthew 20 in the SBIAS

Matthew 20 in the SBIBS

Matthew 20 in the SBIBS2

Matthew 20 in the SBICS

Matthew 20 in the SBIDS

Matthew 20 in the SBIGS

Matthew 20 in the SBIHS

Matthew 20 in the SBIIS

Matthew 20 in the SBIIS2

Matthew 20 in the SBIIS3

Matthew 20 in the SBIKS

Matthew 20 in the SBIKS2

Matthew 20 in the SBIMS

Matthew 20 in the SBIOS

Matthew 20 in the SBIPS

Matthew 20 in the SBISS

Matthew 20 in the SBITS

Matthew 20 in the SBITS2

Matthew 20 in the SBITS3

Matthew 20 in the SBITS4

Matthew 20 in the SBIUS

Matthew 20 in the SBIVS

Matthew 20 in the SBT

Matthew 20 in the SBT1E

Matthew 20 in the SCHL

Matthew 20 in the SNT

Matthew 20 in the SUSU

Matthew 20 in the SUSU2

Matthew 20 in the SYNO

Matthew 20 in the TBIAOTANT

Matthew 20 in the TBT1E

Matthew 20 in the TBT1E2

Matthew 20 in the TFTIP

Matthew 20 in the TFTU

Matthew 20 in the TGNTATF3T

Matthew 20 in the THAI

Matthew 20 in the TNFD

Matthew 20 in the TNT

Matthew 20 in the TNTIK

Matthew 20 in the TNTIL

Matthew 20 in the TNTIN

Matthew 20 in the TNTIP

Matthew 20 in the TNTIZ

Matthew 20 in the TOMA

Matthew 20 in the TTENT

Matthew 20 in the UBG

Matthew 20 in the UGV

Matthew 20 in the UGV2

Matthew 20 in the UGV3

Matthew 20 in the VBL

Matthew 20 in the VDCC

Matthew 20 in the YALU

Matthew 20 in the YAPE

Matthew 20 in the YBVTP

Matthew 20 in the ZBP