Mark 15 (BOECS)

1 Esi ŋu ke ŋdi kanya la, nunɔlagãwo, dumegãwo, agbalẽfialawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo kpe ta be yewoade ŋugble le nu si yewoawɔ la ŋu. Woɖoe be yewoabla Yesu, aɖoe ɖe Pilato, ame si nye Romatɔwo ƒe mɔmefia, si nɔ Yudea dzi ɖum le ɣe ma ɣi me la gbɔ. 2 Esi Yesu va ɖo Pilato gbɔ la, Pilato biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?”Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.” 3 Nunɔlagãwo tso enu be ewɔ nu vɔ̃ geɖewo. 4 Pilato gabiae be, “Nu ka ta mèdi be yeaɖo nya aɖeke ŋu o? Nya gbogbo siwo katã wotsɔ ɖe ŋuwò la nye nyateƒea?” 5 Gake Yesu meke nu o. Esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ. 6 Azɔ nu ɖeka aɖe si Pilato wɔna ɖaa le Ŋutitotoŋkeke la dzi lae nye be eɖea asi le Yudatɔ gamenɔla ɖeka si ŋu amewo lɔ̃ be wòaɖe asi le la ŋuti. 7 Gamenɔla siawo dometɔ ɖekae nye Barabas, ame si kple ame bubuwo wu amewo le hoowɔwɔ gã aɖe si wowɔ va yi la me. 8 Azɔ amewo ƒo ƒu eye wobia tso Pilato si be wòaɖe asi le gamenɔlawo dometɔ ɖeka ŋu na yewo abe ale si wòwɔna ɖaa ene. 9 Pilato bia wo be, “Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?” 10 Le esime wònya nyuie be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlagãwo tsɔ Yesu de asi nɛ ɖo. 11 Ke nunɔlagãwo ƒoe ɖe ameawo nu be woabia be wòaɖe asi le Barabas boŋ ŋu, ke menye Yesu o. 12 Pilato bia wo be, “Esi miebe maɖe asi le Barabas ŋu ɖe, nu ka miebe mawɔ kple ame si mieyɔna be Yudatɔwo ƒe Fia?” 13 Ameawo katã do ɣli be, “Klãe ɖe ati ŋu!” 14 Pilato bia wo be, “Nu vɔ̃ ka wòwɔ?”Ke ameawo gado ɣli sesĩe wu tsã be, “Klãe ɖe ati ŋu!” 15 Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Barabas ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woaɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu. 16 Asrafoawo kplɔ Yesu yi woƒe nɔƒe le fiasã la me, eye woyɔ asrafo siwo katã dzɔa fiasã la ŋu la ƒo ƒu. 17 Wodo awu dzĩ nɛ, eye wotsɔ ŋu wɔ kuku heɖɔ nɛ. 18 Azɔ wode asi fewuɖuɖu le eŋu me. Wodo gbe nɛ gblɔ be, “Yudatɔwo ƒe fia nenɔ agbe tegbee!” 19 Amewo tsɔ ameƒoti ƒo tame nɛ. Ɖewo ɖe ta ɖe mo nɛ, eye ɖewo bua dze klo be yewole esubɔm. 20 Esi wowɔ funyafunyae ʋuu wòti wo la, woɖe awu dzĩ la le eŋu hetsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe be yewoaɖaklãe ɖe ati ŋu. 21 Le mɔa dzi la, wodo go Simɔn Kirenetɔ wògbɔna dua me, eye wozi edzi be wòakpe ɖe Yesu ŋu, akɔ eƒe atitsoga la. Simɔn siae nye Aleksandro kple Rufus fofo. 22 Ale wokplɔ Yesu va teƒe aɖe si woyɔna be Golgata (si gɔmee nye “Ametakoliƒe”). 23 Le afi sia la, wotsɔ gbe siwo vena la tsaka wain tsitsi aɖe hekpe nɛ, gake menoe o. 24 Woklãe ɖe atitsoga ŋu. Woda akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame axɔ. 25 Anɔ abe ŋdi ga asiekɛ me ene esi woklãe ɖe atitsoga ŋu. 26 Woŋlɔ nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu esi ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ ɖe ʋuƒoa dzi enye:Yudatɔwo ƒe Fia. 27 Woklã adzodala eve aɖewo hã ɖe eƒe axa eveawo dzi. [ 28 Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be, “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.]” 29 Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu, eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ɛhɛ̃! Kpɔ ale si wòva zu na wò ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la, 30 ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋue!” 31 Nunɔlagãwo kple agbalẽfiala siwo nɔ tsitre ɖe teƒea hã nɔ alɔme ɖem le Yesu ŋu. Wogblɔ be, “Ame sia te ŋu xɔ na ame bubuwo, gake mate ŋu xɔ na eya ŋutɔ ɖokui o! 32 “Wò Kristo la! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu, ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui. 33 Le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la dzi va se ɖe keke ɣetrɔ ga etɔ̃ me. 34 Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eloi, Eloi, lama sabaktani?” (si gɔmee nye “Nye Mawu, Nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?”). 35 Esi ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma se esia la, wogblɔ be, “Kpɔ ɖa, ele Eliya yɔm.” 36 Le esia ta wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖaku wain tsitsi eye wòkɔe ɖe ƒumekutsa me, tɔe ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu na Yesu be wòano hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Miɖe asi le eŋu azɔ ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.” 37 Yesu gado ɣli sesĩe, eye wòmia nu. 38 Le gaƒoƒo sia me tututu la, xɔmetsovɔ, si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkume le gbedoxɔ la me la ma ɖe eve tso dzi va se ɖe anyime ke. 39 Esi Romasrafo si nɔ Yesu ŋu dzɔm kpɔ ale si Yesu kue la, egblɔ kple seselelãme geɖe be, “Ame sia la, Mawu ƒe Vi wònye vavã!” 40 Nyɔnu aɖewo hã nɔ adzɔge nɔ nu siwo nɔ dzɔdzɔm la kpɔm. Ame siawo nye Maria Magdalatɔ, Maria, si nye Yakobo suetɔ kple Yose dada kple Salome. 41 Ame siawo kple Galilea nyɔnu bubu siwo nye eyomenɔlawo, ame siwo subɔnɛ ne eva Galilea la hã dze eyome va Yerusalem. 42 Nu siawo katã dzɔ ŋkeke ɖeka do ŋgɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la. Le ɣetrɔ me lɔƒo la, 43 Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la gãwo dometɔ ɖeka, si ŋu bubu le la va Yerusalem. Ame sia hã nɔ mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. Eyi Pilato gbɔ kple dzideƒo hebia be wòaɖe asi le Yesu ƒe kukua ŋu na ye. 44 Pilato mexɔe se be Yesu ku le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe o, eyɔ Romasrafowo ƒe amegã si ƒe dzikpɔkpɔ te nyawo nɔ la, eye wòbiae be Yesu ku vavã hã? 45 Asrafomegã la ɖo kpe edzi na Pilato be eku. Ale Pilato ɖe mɔ na Yosef be wòaxɔ ame kukua aɖaɖi. 46 Yosef ƒle aklala biɖibiɖi gã aɖe, eye woɖe Yesu ƒe ŋutilã kuku la le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala la ɖe eŋu eye wòkɔe ɖamlɔ yɔdo, si woɖe ɖe agakpe me la me, hemli kpe gã aɖe ɖo yɔdo la nu. 47 Maria Magdalatɔ kple Maria Yose dada hã nɔ afi ma kpɔ afi si wòɖi Yesu ɖo.

In Other Versions

Mark 15 in the ANGEFD

Mark 15 in the ANTPNG2D

Mark 15 in the AS21

Mark 15 in the BAGH

Mark 15 in the BBPNG

Mark 15 in the BBT1E

Mark 15 in the BDS

Mark 15 in the BEV

Mark 15 in the BHAD

Mark 15 in the BIB

Mark 15 in the BLPT

Mark 15 in the BNT

Mark 15 in the BNTABOOT

Mark 15 in the BNTLV

Mark 15 in the BOATCB

Mark 15 in the BOATCB2

Mark 15 in the BOBCV

Mark 15 in the BOCNT

Mark 15 in the BOGWICC

Mark 15 in the BOHCB

Mark 15 in the BOHCV

Mark 15 in the BOHLNT

Mark 15 in the BOHNTLTAL

Mark 15 in the BOICB

Mark 15 in the BOILNTAP

Mark 15 in the BOITCV

Mark 15 in the BOKCV

Mark 15 in the BOKCV2

Mark 15 in the BOKHWOG

Mark 15 in the BOKSSV

Mark 15 in the BOLCB

Mark 15 in the BOLCB2

Mark 15 in the BOMCV

Mark 15 in the BONAV

Mark 15 in the BONCB

Mark 15 in the BONLT

Mark 15 in the BONUT2

Mark 15 in the BOPLNT

Mark 15 in the BOSCB

Mark 15 in the BOSNC

Mark 15 in the BOTLNT

Mark 15 in the BOVCB

Mark 15 in the BOYCB

Mark 15 in the BPBB

Mark 15 in the BPH

Mark 15 in the BSB

Mark 15 in the CCB

Mark 15 in the CUV

Mark 15 in the CUVS

Mark 15 in the DBT

Mark 15 in the DGDNT

Mark 15 in the DHNT

Mark 15 in the DNT

Mark 15 in the ELBE

Mark 15 in the EMTV

Mark 15 in the ESV

Mark 15 in the FBV

Mark 15 in the FEB

Mark 15 in the GGMNT

Mark 15 in the GNT

Mark 15 in the HARY

Mark 15 in the HNT

Mark 15 in the IRVA

Mark 15 in the IRVB

Mark 15 in the IRVG

Mark 15 in the IRVH

Mark 15 in the IRVK

Mark 15 in the IRVM

Mark 15 in the IRVM2

Mark 15 in the IRVO

Mark 15 in the IRVP

Mark 15 in the IRVT

Mark 15 in the IRVT2

Mark 15 in the IRVU

Mark 15 in the ISVN

Mark 15 in the JSNT

Mark 15 in the KAPI

Mark 15 in the KBT1ETNIK

Mark 15 in the KBV

Mark 15 in the KJV

Mark 15 in the KNFD

Mark 15 in the LBA

Mark 15 in the LBLA

Mark 15 in the LNT

Mark 15 in the LSV

Mark 15 in the MAAL

Mark 15 in the MBV

Mark 15 in the MBV2

Mark 15 in the MHNT

Mark 15 in the MKNFD

Mark 15 in the MNG

Mark 15 in the MNT

Mark 15 in the MNT2

Mark 15 in the MRS1T

Mark 15 in the NAA

Mark 15 in the NASB

Mark 15 in the NBLA

Mark 15 in the NBS

Mark 15 in the NBVTP

Mark 15 in the NET2

Mark 15 in the NIV11

Mark 15 in the NNT

Mark 15 in the NNT2

Mark 15 in the NNT3

Mark 15 in the PDDPT

Mark 15 in the PFNT

Mark 15 in the RMNT

Mark 15 in the SBIAS

Mark 15 in the SBIBS

Mark 15 in the SBIBS2

Mark 15 in the SBICS

Mark 15 in the SBIDS

Mark 15 in the SBIGS

Mark 15 in the SBIHS

Mark 15 in the SBIIS

Mark 15 in the SBIIS2

Mark 15 in the SBIIS3

Mark 15 in the SBIKS

Mark 15 in the SBIKS2

Mark 15 in the SBIMS

Mark 15 in the SBIOS

Mark 15 in the SBIPS

Mark 15 in the SBISS

Mark 15 in the SBITS

Mark 15 in the SBITS2

Mark 15 in the SBITS3

Mark 15 in the SBITS4

Mark 15 in the SBIUS

Mark 15 in the SBIVS

Mark 15 in the SBT

Mark 15 in the SBT1E

Mark 15 in the SCHL

Mark 15 in the SNT

Mark 15 in the SUSU

Mark 15 in the SUSU2

Mark 15 in the SYNO

Mark 15 in the TBIAOTANT

Mark 15 in the TBT1E

Mark 15 in the TBT1E2

Mark 15 in the TFTIP

Mark 15 in the TFTU

Mark 15 in the TGNTATF3T

Mark 15 in the THAI

Mark 15 in the TNFD

Mark 15 in the TNT

Mark 15 in the TNTIK

Mark 15 in the TNTIL

Mark 15 in the TNTIN

Mark 15 in the TNTIP

Mark 15 in the TNTIZ

Mark 15 in the TOMA

Mark 15 in the TTENT

Mark 15 in the UBG

Mark 15 in the UGV

Mark 15 in the UGV2

Mark 15 in the UGV3

Mark 15 in the VBL

Mark 15 in the VDCC

Mark 15 in the YALU

Mark 15 in the YAPE

Mark 15 in the YBVTP

Mark 15 in the ZBP