Numbers 23 (BOECS)
1 Balaam gblɔ na Fia Balak be, “Tu vɔsamlekpui adre ɖe afi sia, eye nàdi nyitsuvi adre kple agbo adre na vɔsawo.” 2 Balak wɔ ɖe Balaam ƒe ɖoɖowo dzi, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. 3 Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi. 4 Mawu do goe, eye Balaam gblɔ nɛ be, “Metu vɔsamlekpui adre, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpui ɖe sia ɖe dzi.” 5 Yehowa gblɔ nya aɖe na Balaam be wòagblɔ na Fia Balak. 6 Esi Balaam trɔ gbɔ la, fia la kple Moab fiaviwo katã wonɔ tsitre ɖe numevɔsawo gbɔ. 7 Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye:“Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi,tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be.‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam.Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’ 8 Ke ame siwo Mawu meƒo fi de o la,aleke nye ya maƒo fi ade woe?Ame siwo gbɔ Yehowa megbe nu le o la,aleke nye ya magbe nu le wo gbɔe? 9 Mele wo kpɔm tso agakpe tame.Melé ŋku ɖe wo ŋu tso togbɛwo dzi,wole wo ɖokui si, nye dukɔ tɔxɛ aɖe.Si mebua eɖokui kple dukɔ bubuwo o. 10 Ame ka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ʋuʋudedi,alo axlẽ Israel ƒe akpa enelia?Na maku ame dzɔdzɔe ƒe ku,eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!” 11 Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!” 12 Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖe ne Yehowa megblɔe nam be magblɔ oa?” 13 Balak gblɔ nɛ be, “Va míyi teƒe bubu. Le afi ma la, àkpɔ Israel dukɔ la ƒe akpa aɖe ko. Ƒo fi de ame mawo ɖeɖe ko nam!” 14 Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. 15 Balaam gblɔ na Balak be, “Tsi tsitre ɖe afi sia, ɖe wò numevɔsa la gbɔ ne mayi aɖado go Yehowa.” 16 Yehowa do go Balaam, eye wòde nya asi nɛ be, “Trɔ yi Balak gbɔ nàgblɔ nya sia nɛ.” 17 Balaam trɔ va afi si Moab fia kple Moab fiaviŋutsuwo le tsitre ɖe woƒe numevɔsawo gbɔ le.Balak bia enumake be, “Nya ka Yehowa gblɔ?” 18 Balaam ɖo eŋu be,“Balak, Tsi tsitre eye nàsee:Ɖo tom, wò Zipɔr ƒe vi. 19 Mawu menye amegbetɔ,aka aʋatso o.Metrɔa eƒe tameɖoɖo.Abe amegbetɔwo ene o.Ɖe wòdo ŋugbe kpɔgbe edziwɔwɔa? 20 Kpɔ ɖa, Mawu ɖe gbe nambe mayra Israelviwo.Mawu ŋutɔ yra wo xoxo,nyemate ŋu aklo yayra sia ɖa o! 21 “Mekpɔ nu vɔ̃ le Yakob me o:mawɔ funyafunya Israel o!Yehowa, woƒe Mawu la li kpli wo.Eye dzidzɔɣli le wo nu,eyae nye woƒe fia! 22 Mawu kplɔ wo tso Egipte;Israel sẽ abe to ene.Fiƒode aɖeke mate ŋu anɔ Yakob dzi o, 23 dzoka maɖi Yakob ŋu o.Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la,maɖi wo ŋu akpɔ o,elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be,‘Mawu wɔ nu gãwo na wo! 24 Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene;womamlɔ anyi o.Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé.Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’ ” 25 Balak blu ɖe Balaam ta be, “Ne mànya ƒo fi ade wo o ko la, ekema mègayra wo hã o!” 26 Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe nyemegblɔe na wò be nya sia nya si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la ko wòle be magblɔ oa?” 27 Balak gagblɔ na Balaam le eƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia ŋu be, “Makplɔ wò agayi teƒe bubu aɖee. Ɖewohĩ adze Mawu ŋu be wòana nàƒo fi ade wo tso afi ma azɔ.” 28 Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Peor to la dzi le gbegbe la tame. 29 Balaam gagblɔ na Balak be wòatu vɔsamlekpui adre, eye wòatsɔ nyitsuvi adre kple agbo adre asa vɔe. 30 Balak wɔ nu si Balaam ɖo nɛ la, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
In Other Versions
Numbers 23 in the ANGEFD
Numbers 23 in the ANTPNG2D
Numbers 23 in the AS21
Numbers 23 in the BAGH
Numbers 23 in the BBPNG
Numbers 23 in the BBT1E
Numbers 23 in the BDS
Numbers 23 in the BEV
Numbers 23 in the BHAD
Numbers 23 in the BIB
Numbers 23 in the BLPT
Numbers 23 in the BNT
Numbers 23 in the BNTABOOT
Numbers 23 in the BNTLV
Numbers 23 in the BOATCB
Numbers 23 in the BOATCB2
Numbers 23 in the BOBCV
Numbers 23 in the BOCNT
Numbers 23 in the BOGWICC
Numbers 23 in the BOHCB
Numbers 23 in the BOHCV
Numbers 23 in the BOHLNT
Numbers 23 in the BOHNTLTAL
Numbers 23 in the BOICB
Numbers 23 in the BOILNTAP
Numbers 23 in the BOITCV
Numbers 23 in the BOKCV
Numbers 23 in the BOKCV2
Numbers 23 in the BOKHWOG
Numbers 23 in the BOKSSV
Numbers 23 in the BOLCB
Numbers 23 in the BOLCB2
Numbers 23 in the BOMCV
Numbers 23 in the BONAV
Numbers 23 in the BONCB
Numbers 23 in the BONLT
Numbers 23 in the BONUT2
Numbers 23 in the BOPLNT
Numbers 23 in the BOSCB
Numbers 23 in the BOSNC
Numbers 23 in the BOTLNT
Numbers 23 in the BOVCB
Numbers 23 in the BOYCB
Numbers 23 in the BPBB
Numbers 23 in the BPH
Numbers 23 in the BSB
Numbers 23 in the CCB
Numbers 23 in the CUV
Numbers 23 in the CUVS
Numbers 23 in the DBT
Numbers 23 in the DGDNT
Numbers 23 in the DHNT
Numbers 23 in the DNT
Numbers 23 in the ELBE
Numbers 23 in the EMTV
Numbers 23 in the ESV
Numbers 23 in the FBV
Numbers 23 in the FEB
Numbers 23 in the GGMNT
Numbers 23 in the GNT
Numbers 23 in the HARY
Numbers 23 in the HNT
Numbers 23 in the IRVA
Numbers 23 in the IRVB
Numbers 23 in the IRVG
Numbers 23 in the IRVH
Numbers 23 in the IRVK
Numbers 23 in the IRVM
Numbers 23 in the IRVM2
Numbers 23 in the IRVO
Numbers 23 in the IRVP
Numbers 23 in the IRVT
Numbers 23 in the IRVT2
Numbers 23 in the IRVU
Numbers 23 in the ISVN
Numbers 23 in the JSNT
Numbers 23 in the KAPI
Numbers 23 in the KBT1ETNIK
Numbers 23 in the KBV
Numbers 23 in the KJV
Numbers 23 in the KNFD
Numbers 23 in the LBA
Numbers 23 in the LBLA
Numbers 23 in the LNT
Numbers 23 in the LSV
Numbers 23 in the MAAL
Numbers 23 in the MBV
Numbers 23 in the MBV2
Numbers 23 in the MHNT
Numbers 23 in the MKNFD
Numbers 23 in the MNG
Numbers 23 in the MNT
Numbers 23 in the MNT2
Numbers 23 in the MRS1T
Numbers 23 in the NAA
Numbers 23 in the NASB
Numbers 23 in the NBLA
Numbers 23 in the NBS
Numbers 23 in the NBVTP
Numbers 23 in the NET2
Numbers 23 in the NIV11
Numbers 23 in the NNT
Numbers 23 in the NNT2
Numbers 23 in the NNT3
Numbers 23 in the PDDPT
Numbers 23 in the PFNT
Numbers 23 in the RMNT
Numbers 23 in the SBIAS
Numbers 23 in the SBIBS
Numbers 23 in the SBIBS2
Numbers 23 in the SBICS
Numbers 23 in the SBIDS
Numbers 23 in the SBIGS
Numbers 23 in the SBIHS
Numbers 23 in the SBIIS
Numbers 23 in the SBIIS2
Numbers 23 in the SBIIS3
Numbers 23 in the SBIKS
Numbers 23 in the SBIKS2
Numbers 23 in the SBIMS
Numbers 23 in the SBIOS
Numbers 23 in the SBIPS
Numbers 23 in the SBISS
Numbers 23 in the SBITS
Numbers 23 in the SBITS2
Numbers 23 in the SBITS3
Numbers 23 in the SBITS4
Numbers 23 in the SBIUS
Numbers 23 in the SBIVS
Numbers 23 in the SBT
Numbers 23 in the SBT1E
Numbers 23 in the SCHL
Numbers 23 in the SNT
Numbers 23 in the SUSU
Numbers 23 in the SUSU2
Numbers 23 in the SYNO
Numbers 23 in the TBIAOTANT
Numbers 23 in the TBT1E
Numbers 23 in the TBT1E2
Numbers 23 in the TFTIP
Numbers 23 in the TFTU
Numbers 23 in the TGNTATF3T
Numbers 23 in the THAI
Numbers 23 in the TNFD
Numbers 23 in the TNT
Numbers 23 in the TNTIK
Numbers 23 in the TNTIL
Numbers 23 in the TNTIN
Numbers 23 in the TNTIP
Numbers 23 in the TNTIZ
Numbers 23 in the TOMA
Numbers 23 in the TTENT
Numbers 23 in the UBG
Numbers 23 in the UGV
Numbers 23 in the UGV2
Numbers 23 in the UGV3
Numbers 23 in the VBL
Numbers 23 in the VDCC
Numbers 23 in the YALU
Numbers 23 in the YAPE
Numbers 23 in the YBVTP
Numbers 23 in the ZBP