Proverbs 1 (BOECS)

1 Israel fia Solomo, David ƒe vi ƒe lododowo nye esiawo: 2 na nunya kple amehehe,na nya goglowo gɔmesese, 3 hena agbe dzɔdzɔe kple agbe ɖevi nɔnɔ,be woawɔ nu si dzɔ,nu si le eteƒe kple nu si nyo, 4 be ame gblɔewo nadze aɖaŋu eye woana nunyakple sidzedze sɔhɛwo, 5 nunyalawo neɖo to,ne woasrɔ̃ nu akpe ɖe esi wonya xoxo la ŋueye ame siwo si sidzedze le xoxo la naxɔ aɖaŋu, 6 be woase nunyalawo ƒe lododowoabebubuwo kple adzowo gɔme. 7 Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze,ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe. 8 Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o. 9 Anye seƒoƒokuku aɖo atsyɔ̃ na wò takple kɔga anɔ kɔwò. 10 Vinye, ne nu vɔ̃ wɔlawo le nuwò blem la,mègalɔ̃ na wo o. 11 Ne wogblɔ na wò be,“Va kplɔ mí ɖo,na míade xa ɖe ame aɖe ƒe ʋu ŋuti,na míanɔ xame na luʋɔ maɖifɔ aɖe, 12 ne míamii agbagbee abe tsiẽƒe ene,eye míamii blibo abe ame siwo ge dze ʋe globo me ene 13 ekema nu xɔasi vovovowo asu mía sieye míatsɔ afunyinuwo ayɔ míaƒe xɔwo mee 14 eya ta de mía dziale be míana gakotoku ɖeka wò” la, 15 vinye, mègakplɔ wo ɖo o,mègaka afɔ woƒe toƒewo o 16 elabena woƒe afɔ ɖea abla ɖe nu vɔ̃ ŋueye wogona ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu. 17 Enye movidzɔdzɔ be woaɖo ɖɔ ɖi na xeviwole wo katã ƒe ŋkume! 18 Ame siawo de xa ɖi na woawo ŋutɔƒe ʋu eye wole adeklo dzi ɖe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu! 19 Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ,elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa. 20 Nunya le ɣli dom le mɔtata dzieye wòkɔ gbe dzi le ƒuƒoƒewo. 21 Ele ɣli dom le mɔtata siwo dzi zinyenyele la ƒe dzogoewo dzi eye wòle eƒe nyawo gblɔmle dua ƒe agbowo me be, 22 “Va se ɖe ɣe ka ɣi mi gegemewo mialɔ̃ bometsinuwɔwɔ?Va se ɖe ɣe ka yi fewuɖulawo akpɔ dzidzɔ le fewuɖuɖu ŋu,bometsilawo alé fu sidzedze? 23 Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la,anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mieye mena mienya nye susuwo. 24 Ke esi miegbe tɔtɔ nam esi meyɔ mi,esi meke nye abɔwo me,mietsɔ ɖeke le eme o 25 eye miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo,hegbe nye mokaname ta la, 26 nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ taeye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi, 27 ɛ̃, ne eƒo ɖe mia dzi abe ahom sesẽ ene,gbegblẽ hã zɔ to mia dzi abe yali ene,eye xaxa kple hiã va mia dzi kpoyi! 28 “Ekema woayɔm gake nyematɔ o,woadim gake womakpɔm o. 29 Le esi wolé fu sidzedzeeye wometia Yehowavɔvɔ̃ o, 30 le esi wogbe nye aɖaŋuɖoɖohedo vlo nye mokaname ta. 31 Azɔ la woaɖu woƒe mɔwo ƒe kutsetseeye woƒe ɖoɖowo ƒe kutsetse aɖi ƒo na wo 32 elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu woeye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo. 33 Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ meeye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”

In Other Versions

Proverbs 1 in the ANGEFD

Proverbs 1 in the ANTPNG2D

Proverbs 1 in the AS21

Proverbs 1 in the BAGH

Proverbs 1 in the BBPNG

Proverbs 1 in the BBT1E

Proverbs 1 in the BDS

Proverbs 1 in the BEV

Proverbs 1 in the BHAD

Proverbs 1 in the BIB

Proverbs 1 in the BLPT

Proverbs 1 in the BNT

Proverbs 1 in the BNTABOOT

Proverbs 1 in the BNTLV

Proverbs 1 in the BOATCB

Proverbs 1 in the BOATCB2

Proverbs 1 in the BOBCV

Proverbs 1 in the BOCNT

Proverbs 1 in the BOGWICC

Proverbs 1 in the BOHCB

Proverbs 1 in the BOHCV

Proverbs 1 in the BOHLNT

Proverbs 1 in the BOHNTLTAL

Proverbs 1 in the BOICB

Proverbs 1 in the BOILNTAP

Proverbs 1 in the BOITCV

Proverbs 1 in the BOKCV

Proverbs 1 in the BOKCV2

Proverbs 1 in the BOKHWOG

Proverbs 1 in the BOKSSV

Proverbs 1 in the BOLCB

Proverbs 1 in the BOLCB2

Proverbs 1 in the BOMCV

Proverbs 1 in the BONAV

Proverbs 1 in the BONCB

Proverbs 1 in the BONLT

Proverbs 1 in the BONUT2

Proverbs 1 in the BOPLNT

Proverbs 1 in the BOSCB

Proverbs 1 in the BOSNC

Proverbs 1 in the BOTLNT

Proverbs 1 in the BOVCB

Proverbs 1 in the BOYCB

Proverbs 1 in the BPBB

Proverbs 1 in the BPH

Proverbs 1 in the BSB

Proverbs 1 in the CCB

Proverbs 1 in the CUV

Proverbs 1 in the CUVS

Proverbs 1 in the DBT

Proverbs 1 in the DGDNT

Proverbs 1 in the DHNT

Proverbs 1 in the DNT

Proverbs 1 in the ELBE

Proverbs 1 in the EMTV

Proverbs 1 in the ESV

Proverbs 1 in the FBV

Proverbs 1 in the FEB

Proverbs 1 in the GGMNT

Proverbs 1 in the GNT

Proverbs 1 in the HARY

Proverbs 1 in the HNT

Proverbs 1 in the IRVA

Proverbs 1 in the IRVB

Proverbs 1 in the IRVG

Proverbs 1 in the IRVH

Proverbs 1 in the IRVK

Proverbs 1 in the IRVM

Proverbs 1 in the IRVM2

Proverbs 1 in the IRVO

Proverbs 1 in the IRVP

Proverbs 1 in the IRVT

Proverbs 1 in the IRVT2

Proverbs 1 in the IRVU

Proverbs 1 in the ISVN

Proverbs 1 in the JSNT

Proverbs 1 in the KAPI

Proverbs 1 in the KBT1ETNIK

Proverbs 1 in the KBV

Proverbs 1 in the KJV

Proverbs 1 in the KNFD

Proverbs 1 in the LBA

Proverbs 1 in the LBLA

Proverbs 1 in the LNT

Proverbs 1 in the LSV

Proverbs 1 in the MAAL

Proverbs 1 in the MBV

Proverbs 1 in the MBV2

Proverbs 1 in the MHNT

Proverbs 1 in the MKNFD

Proverbs 1 in the MNG

Proverbs 1 in the MNT

Proverbs 1 in the MNT2

Proverbs 1 in the MRS1T

Proverbs 1 in the NAA

Proverbs 1 in the NASB

Proverbs 1 in the NBLA

Proverbs 1 in the NBS

Proverbs 1 in the NBVTP

Proverbs 1 in the NET2

Proverbs 1 in the NIV11

Proverbs 1 in the NNT

Proverbs 1 in the NNT2

Proverbs 1 in the NNT3

Proverbs 1 in the PDDPT

Proverbs 1 in the PFNT

Proverbs 1 in the RMNT

Proverbs 1 in the SBIAS

Proverbs 1 in the SBIBS

Proverbs 1 in the SBIBS2

Proverbs 1 in the SBICS

Proverbs 1 in the SBIDS

Proverbs 1 in the SBIGS

Proverbs 1 in the SBIHS

Proverbs 1 in the SBIIS

Proverbs 1 in the SBIIS2

Proverbs 1 in the SBIIS3

Proverbs 1 in the SBIKS

Proverbs 1 in the SBIKS2

Proverbs 1 in the SBIMS

Proverbs 1 in the SBIOS

Proverbs 1 in the SBIPS

Proverbs 1 in the SBISS

Proverbs 1 in the SBITS

Proverbs 1 in the SBITS2

Proverbs 1 in the SBITS3

Proverbs 1 in the SBITS4

Proverbs 1 in the SBIUS

Proverbs 1 in the SBIVS

Proverbs 1 in the SBT

Proverbs 1 in the SBT1E

Proverbs 1 in the SCHL

Proverbs 1 in the SNT

Proverbs 1 in the SUSU

Proverbs 1 in the SUSU2

Proverbs 1 in the SYNO

Proverbs 1 in the TBIAOTANT

Proverbs 1 in the TBT1E

Proverbs 1 in the TBT1E2

Proverbs 1 in the TFTIP

Proverbs 1 in the TFTU

Proverbs 1 in the TGNTATF3T

Proverbs 1 in the THAI

Proverbs 1 in the TNFD

Proverbs 1 in the TNT

Proverbs 1 in the TNTIK

Proverbs 1 in the TNTIL

Proverbs 1 in the TNTIN

Proverbs 1 in the TNTIP

Proverbs 1 in the TNTIZ

Proverbs 1 in the TOMA

Proverbs 1 in the TTENT

Proverbs 1 in the UBG

Proverbs 1 in the UGV

Proverbs 1 in the UGV2

Proverbs 1 in the UGV3

Proverbs 1 in the VBL

Proverbs 1 in the VDCC

Proverbs 1 in the YALU

Proverbs 1 in the YAPE

Proverbs 1 in the YBVTP

Proverbs 1 in the ZBP