Psalms 11 (BOECS)
undefined David ƒe ha na hɛnɔ la. 1 Yehowae mesi tso.Aleke miele gbɔgblɔm nam be,“Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi? 2 Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me;wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti bewoada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me. 3 Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la,nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?” 4 Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me;Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo.Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu,eye wòdo wo kpɔ. 5 Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna,ke eƒe luʋɔ tsri ame vɔ̃ɖiwokple ame siwo lɔ̃a ŋutasesẽ. 6 Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖeame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome. 7 Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ;ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.