Psalms 127 (BOECS)
undefined Solomo ƒe mɔzɔha. 1 Ne Yehowa metu xɔ o la,etulawo le agbagba dzem dzodzro.Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la,dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ. 2 Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi,henɔa agbagba dzemle nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ,ke ame siwo wòlɔ̃na la,enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme. 3 Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ. 4 Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene. 5 Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.Ŋu makpe wo o,ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.