Romans 2 (BOECS)

1 Esia ta taflatsedodo aɖeke mele wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la si o. Nu si nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ɖokuiwò, elabena wò ame si le ʋɔnu drɔ̃m ame bubu la, wò ŋutɔ èwɔa nu siawo ke. 2 Azɔ la, míenya be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ame siwo wɔa ale nu siawo la nye nyateƒe. 3 Ke ne wò, ame si le ʋɔnu drɔ̃m amewo hafi le nu siawo ke wɔm la, ɖe nèsusu be yeasi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nua? 4 Alo ɖe mètsɔ ɖeke le Mawu ƒe dɔmenyo gã la, eƒe dzidodo, kple eƒe dzigbɔɖi me oa? Alo mènya be Mawu ƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye be wòana nàtrɔ dzi me oa? 5 Gake ɖe miaƒe tomaɖomaɖo kple dzimesesẽ ta la, miaƒe nu vɔ̃wo le agbɔ sɔm ɖe edzi, hele Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la lalam, esime wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. 6 Mawu adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ku ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu. 7 Ana agbe mavɔ ame sia ame si tsɔa dzidodo wɔa nu nyui eye wòdia ŋutikɔkɔe kple bubu kple agbe mavɔ si Mawu nana. 8 Ke ahe to na ɖokuitɔdilawo kple ame siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi. 9 Konyifafa kple fukpekpe ava nu vɔ̃ wɔlawo dzi: gbã la, ava Yudatɔwo dzi, emegbe la, ava ame siwo menye Yudatɔwo o la hã dzi. 10 Ke ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa atso Mawu gbɔ na ame sia ame si le nu nyui wɔm la, gbã na Yudatɔwo, emegbe la, na ame siwo menye Yudatɔwo o. 11 Elabena Mawu medea vovototo amewo me o. 12 Eya ta woahe to na ame siwo katã si se mele o la abe semanɔsitɔwo ene ne wowɔ nu vɔ̃ eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le se la te abe setenɔlawo ene. 13 Elabena menye ame siwo sea se la woe nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume o, ke boŋ ame siwo wɔa se la dzi lae woatso afia na abe ame dzɔdzɔewo ene. 14 (Le nyateƒe me la, ne ame siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo, 15 togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.) 16 Nu sia adzɔ le ŋkeke si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi abe ale si nyanyui la gblɔ ene. 17 Azɔ ne mieyɔ mia ɖokuiwo be Yudatɔwo, ne mieɖoa ŋu ɖe se la ŋu, eye mieƒoa adegbe be kadodo nyui le miawo kple Mawu dome, 18 ne mienya eƒe lɔlɔ̃nu, eye mieda asi ɖe nu si nyo la dzi, elabena wofia se la mi; 19 ne mieka ɖe edzi be yewoe afia mɔ ŋkuagbãtɔwo, yewoe nye kekeli na ame siwo le viviti me, 20 ame siwo fiaa nu bometsilawo, ame siwo fiaa nu ɖeviwo, elabena sidzedze kple nyateƒe la le se la me la, 21 ekema wò, ame si le nu fiam ame bubuwo la, ɖe mefiaa nu ɖokuiwò oa? Wò, ame si le mawunya gblɔm na amewo be womegafi fi o ɖe, ɖe nèfiaa fia? 22 Wò, ame si gblɔna be womegawɔ ahasi o ɖe, ɖe nèwɔa ahasia? Wò, ame si tsi tsitre ɖe legbasubɔsubɔ ŋu ɖe, ɖe nèfia gbedoxɔmenuwoa? 23 Wò, ame si ƒoa adegbe tso seawo ŋu ɖe, ɖe nèdoa vlo Mawu to se la dzi dada mea? 24 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene la, ame siwo menye Yudatɔwo o la ɖua fewu le Mawu ŋu ɖe mia ta. 25 Asixɔxɔ le aʋatsotso ŋu ne miewɔ ɖe se la dzi, gake ne mieda le se la dzi la, ekema miele abe ame siwo wometso aʋa na o la ene. 26 Ne ame siwo wometso aʋa na o la wɔna ɖe seawo dzi la, ɖe womabu wo abe ame siwo wotso aʋa na la ene oa? 27 Ame si wometso aʋa na le ŋutilã me o, gake wòwɔna ɖe se la dzi la, abu fɔ wò, ame si, togbɔ be woŋlɔ se la na wò, eye wotso aʋa na wò hã la, nènye sedzidala. 28 Ame si nye Yudatɔ le gotagome la, menye Yudatɔ vavã o, elabena aʋatsotso menye gotagomenu kple ŋutilãmenu ɖeɖe ko o. 29 Gbeɖe, ame si nye Yudatɔ vavã la nye Yudatɔ tso eƒe dzi me ke, eye aʋatsotso siae nye ame ƒe dzi ƒe aʋatsotso to Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, ke menye to nya si woŋlɔ ɖi la me o. Ame sia ƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ke menye tso amewo gbɔ o.

In Other Versions

Romans 2 in the ANGEFD

Romans 2 in the ANTPNG2D

Romans 2 in the AS21

Romans 2 in the BAGH

Romans 2 in the BBPNG

Romans 2 in the BBT1E

Romans 2 in the BDS

Romans 2 in the BEV

Romans 2 in the BHAD

Romans 2 in the BIB

Romans 2 in the BLPT

Romans 2 in the BNT

Romans 2 in the BNTABOOT

Romans 2 in the BNTLV

Romans 2 in the BOATCB

Romans 2 in the BOATCB2

Romans 2 in the BOBCV

Romans 2 in the BOCNT

Romans 2 in the BOGWICC

Romans 2 in the BOHCB

Romans 2 in the BOHCV

Romans 2 in the BOHLNT

Romans 2 in the BOHNTLTAL

Romans 2 in the BOICB

Romans 2 in the BOILNTAP

Romans 2 in the BOITCV

Romans 2 in the BOKCV

Romans 2 in the BOKCV2

Romans 2 in the BOKHWOG

Romans 2 in the BOKSSV

Romans 2 in the BOLCB

Romans 2 in the BOLCB2

Romans 2 in the BOMCV

Romans 2 in the BONAV

Romans 2 in the BONCB

Romans 2 in the BONLT

Romans 2 in the BONUT2

Romans 2 in the BOPLNT

Romans 2 in the BOSCB

Romans 2 in the BOSNC

Romans 2 in the BOTLNT

Romans 2 in the BOVCB

Romans 2 in the BOYCB

Romans 2 in the BPBB

Romans 2 in the BPH

Romans 2 in the BSB

Romans 2 in the CCB

Romans 2 in the CUV

Romans 2 in the CUVS

Romans 2 in the DBT

Romans 2 in the DGDNT

Romans 2 in the DHNT

Romans 2 in the DNT

Romans 2 in the ELBE

Romans 2 in the EMTV

Romans 2 in the ESV

Romans 2 in the FBV

Romans 2 in the FEB

Romans 2 in the GGMNT

Romans 2 in the GNT

Romans 2 in the HARY

Romans 2 in the HNT

Romans 2 in the IRVA

Romans 2 in the IRVB

Romans 2 in the IRVG

Romans 2 in the IRVH

Romans 2 in the IRVK

Romans 2 in the IRVM

Romans 2 in the IRVM2

Romans 2 in the IRVO

Romans 2 in the IRVP

Romans 2 in the IRVT

Romans 2 in the IRVT2

Romans 2 in the IRVU

Romans 2 in the ISVN

Romans 2 in the JSNT

Romans 2 in the KAPI

Romans 2 in the KBT1ETNIK

Romans 2 in the KBV

Romans 2 in the KJV

Romans 2 in the KNFD

Romans 2 in the LBA

Romans 2 in the LBLA

Romans 2 in the LNT

Romans 2 in the LSV

Romans 2 in the MAAL

Romans 2 in the MBV

Romans 2 in the MBV2

Romans 2 in the MHNT

Romans 2 in the MKNFD

Romans 2 in the MNG

Romans 2 in the MNT

Romans 2 in the MNT2

Romans 2 in the MRS1T

Romans 2 in the NAA

Romans 2 in the NASB

Romans 2 in the NBLA

Romans 2 in the NBS

Romans 2 in the NBVTP

Romans 2 in the NET2

Romans 2 in the NIV11

Romans 2 in the NNT

Romans 2 in the NNT2

Romans 2 in the NNT3

Romans 2 in the PDDPT

Romans 2 in the PFNT

Romans 2 in the RMNT

Romans 2 in the SBIAS

Romans 2 in the SBIBS

Romans 2 in the SBIBS2

Romans 2 in the SBICS

Romans 2 in the SBIDS

Romans 2 in the SBIGS

Romans 2 in the SBIHS

Romans 2 in the SBIIS

Romans 2 in the SBIIS2

Romans 2 in the SBIIS3

Romans 2 in the SBIKS

Romans 2 in the SBIKS2

Romans 2 in the SBIMS

Romans 2 in the SBIOS

Romans 2 in the SBIPS

Romans 2 in the SBISS

Romans 2 in the SBITS

Romans 2 in the SBITS2

Romans 2 in the SBITS3

Romans 2 in the SBITS4

Romans 2 in the SBIUS

Romans 2 in the SBIVS

Romans 2 in the SBT

Romans 2 in the SBT1E

Romans 2 in the SCHL

Romans 2 in the SNT

Romans 2 in the SUSU

Romans 2 in the SUSU2

Romans 2 in the SYNO

Romans 2 in the TBIAOTANT

Romans 2 in the TBT1E

Romans 2 in the TBT1E2

Romans 2 in the TFTIP

Romans 2 in the TFTU

Romans 2 in the TGNTATF3T

Romans 2 in the THAI

Romans 2 in the TNFD

Romans 2 in the TNT

Romans 2 in the TNTIK

Romans 2 in the TNTIL

Romans 2 in the TNTIN

Romans 2 in the TNTIP

Romans 2 in the TNTIZ

Romans 2 in the TOMA

Romans 2 in the TTENT

Romans 2 in the UBG

Romans 2 in the UGV

Romans 2 in the UGV2

Romans 2 in the UGV3

Romans 2 in the VBL

Romans 2 in the VDCC

Romans 2 in the YALU

Romans 2 in the YAPE

Romans 2 in the YBVTP

Romans 2 in the ZBP