Acts 2 (BEV)

1 Le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ƒe kwasiɖe adre megbe la, Pentekoste ŋkekenyui la gaɖo. Yesu dzixɔsela siawo gaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ gbe dom ɖa le ɖekawɔwɔ blibo me. 2 Kasia wose gbeɖiɖi aɖe abe ya sesẽ aɖe ƒe ƒoƒo ene le xɔa tame tututu, eye aƒea me katã yɔ kple gbeɖiɖia. 3 Enumake nane si ɖi dzobibi ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame, 4 kasia, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũ eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete sia wo. 5 Le ɣemaɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovowo me va Yerusalem be yeawoɖu ŋkeke tɔxɛ sia. 6 Esi wose ɣli sesẽ si nɔ ɖiɖim le afi si apostoloawo nɔ la, ame geɖewo fũ ŋutɔ ɖe abla va teƒea be yewoakpɔ nu si nɔ edzi yim ɖa. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ esi wose nusrɔ̃lawo wonɔ gbe vovovowo gblɔ eye ame sia ame se wonɔ eƒe degbe gblɔm. 7 Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwoe wonye oa? 8 Ke ale ke wɔ míese wole anyigba siwo dzi wodzi mía dometɔ ɖe sia ɖe ɖo la ƒe gbe gblɔm mahã? 9 Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me. 10 Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ. 11 Ẽ, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔ vavãwo kple trɔ̃subɔla siwo ŋutɔ trɔ zu Yudatɔwo, eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia aɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!” 12 Ameha blibo la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?” 13 Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la me nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be, “Ame siawo la, aha yeye womu, menye nu tɔxɛ aɖekee le dzɔdzɔm o.” 14 Azɔ la Petro kple apostolo wuiɖekɛawo tsi tre eye Petro ƒo nu na wo kple gbe sesẽ be, “Agoo na mi, Yudaeatɔwo, mi amedzrowo kple Yerusalem nɔlawo siaa, miɖo to miasee! 15 Mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ahae le mía mum, ke medi be mianya nyui be mía dometɔ aɖeke mede nu aha me ŋdi sia o. Miawo ŋutɔwo mienyae be ŋu meke haɖe na ahanono o elabe ŋdi ga asieke me ko míele fifia. 16 Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yeol gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be, 17 ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ be makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomewo katã dzi. Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi. Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃e le nu siwo ava dzɔ la ŋuti. 18 Ẽ, Gbɔgbɔ la ayɔ nye subɔlawo katã me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ale be woagblɔ nya ɖi. 19 Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔlĩ me kple anyigba dzi siaa, eye wòadze abe ʋu, dzobibi kple dzudzɔtutu 20 kɔlikɔli ene. Hafi ŋkeke dziŋɔ si Aƒetɔ la ɖo da ɖi nava la, ɣe atrɔ zu viviti eye ɣleti abia hẽ abe ʋu ene. 21 Ke ame si abia nublanuikpɔkpɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la akpɔ ɖeɖe.’ ” 22 Petro yi eƒe nuƒoa dzi gblɔ be, “Mi Israeltɔwo, miɖo to miasee! Mawu wɔ nukunu klitsu geɖewo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi, be yeatsɔ aɖo kpe edzii be, Yesu nye ye vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. 23 Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto Roma dziɖuɖua dzi klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. 24 Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mete ŋu ɖu Yesu dzi o. 25 “Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be, ‘Menya be nye Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa. Ekpena ɖe ŋunye, ẽ, Mawu ƒe ŋusẽ gã la xɔna nam. 26 “ ‘Esia ta dzidzɔ blibo yɔ nye dzime eye mele Mawu kafum ɖaa gbe sia gbe. Kakaɖedzi le asinye hã be nu sia nu anyo nam le ku me gɔ̃ hã. 27 “ ‘Mawu, magblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, eye mana be e ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o. 28 “ ‘Àna magbɔ agbe eye makpɔ dzidzɔ le blibo gbɔwò.’ ” 29 Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mibu tame nyuie! Mía Togbui David menɔ nu ƒom le eɖokui ŋuti esi wògblɔ nya siwo megblɔ na mi la o. Elabena David ku xoxoxo eye eƒe yɔdo gɔ̃ hã le mía dome afii. 30 David nye nyagblɔɖila eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be, David ƒe dzidzimevi ɖeka ava zu Mesia la eye wòanɔ David ƒe fiazikpui dzi aɖu fia. 31 Gawu la David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea eye wògblɔe ɖi le Mesia la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be, eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. 32 Yesu ŋue David gblɔ nya siawo tsoe eye le nyateƒe me la, mí katã míate ŋu aɖi ɖase be Mawu fɔ Yesu tso ame kukuwo dome vavã. 33 “Ke fifia la, Yesu bɔbɔ nɔ bubu ƒe fiazikpui kɔkɔtɔ dzi le Mawu ŋutɔ gbɔ tututu. Eye abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía me eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mièle fifia. 34 Elabena David melia yi dziƒo o, gake egblɔ be, ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be: nɔ anyi ɖe nye nuɖusime 35 va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo wò afɔɖodzinuwoe.’ 36 “Eya ta mika ɖe edzi na Israel bliboa be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.” 37 Petro ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe ameha la dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?” 38 Petro ɖo eŋu na wo be, “Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu eye woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me bena woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ne miewɔ esia la ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 39 Elabe Kristo do Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋugbe na mia dome ame sia ame si Aƒetɔ Mawu ŋutɔ yɔ va eɖokui gbɔe eye menye miawo ɖeɖe ko o, ke boŋ na mia viwo kple ame siwo tso dukɔ bubuwo me gɔ̃ hã.” 40 Petro yi dzi hegblɔ mawunya didi aɖe na ameha la. Eƒo nu le Yesu ŋu na wo eye wòbia tso wo si be woadze agbagba adzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woaɖe wo ɖokuiwo ɖa tso nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le dukɔa me la gbɔ. 41 Ame abe akpe etɔ̃ sɔŋ xɔ Petro ƒe nyawo dzi se ale be wona wòde mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke. 42 Ame siawo ge ɖe xɔsetɔwo ƒe habɔbɔ me eye wo katã wodoa go edziedzi hesrɔ̃a mawunya tso apostoloawo gbɔ; wodoa gbe ɖe eye woɖua Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la hã. 43 Wo katã nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me eye apostoloawo hã wɔ nukunu geɖewo wokpɔ. 44 Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui 45 wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra eye woma ga la na amae sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 46 Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wogamaa wo ɖokuiwo ɖe ha suesuewo me hã eye wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me heɖua Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae hã dzidzɔtɔe, 47 wonɔa akpedada na Mawu, dzi ɖaa, amewo katã kpɔa ŋudzedze nyuie le xɔsetɔ siawo ŋuti eye Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.

In Other Versions

Acts 2 in the ANGEFD

Acts 2 in the ANTPNG2D

Acts 2 in the AS21

Acts 2 in the BAGH

Acts 2 in the BBPNG

Acts 2 in the BBT1E

Acts 2 in the BDS

Acts 2 in the BHAD

Acts 2 in the BIB

Acts 2 in the BLPT

Acts 2 in the BNT

Acts 2 in the BNTABOOT

Acts 2 in the BNTLV

Acts 2 in the BOATCB

Acts 2 in the BOATCB2

Acts 2 in the BOBCV

Acts 2 in the BOCNT

Acts 2 in the BOECS

Acts 2 in the BOGWICC

Acts 2 in the BOHCB

Acts 2 in the BOHCV

Acts 2 in the BOHLNT

Acts 2 in the BOHNTLTAL

Acts 2 in the BOICB

Acts 2 in the BOILNTAP

Acts 2 in the BOITCV

Acts 2 in the BOKCV

Acts 2 in the BOKCV2

Acts 2 in the BOKHWOG

Acts 2 in the BOKSSV

Acts 2 in the BOLCB

Acts 2 in the BOLCB2

Acts 2 in the BOMCV

Acts 2 in the BONAV

Acts 2 in the BONCB

Acts 2 in the BONLT

Acts 2 in the BONUT2

Acts 2 in the BOPLNT

Acts 2 in the BOSCB

Acts 2 in the BOSNC

Acts 2 in the BOTLNT

Acts 2 in the BOVCB

Acts 2 in the BOYCB

Acts 2 in the BPBB

Acts 2 in the BPH

Acts 2 in the BSB

Acts 2 in the CCB

Acts 2 in the CUV

Acts 2 in the CUVS

Acts 2 in the DBT

Acts 2 in the DGDNT

Acts 2 in the DHNT

Acts 2 in the DNT

Acts 2 in the ELBE

Acts 2 in the EMTV

Acts 2 in the ESV

Acts 2 in the FBV

Acts 2 in the FEB

Acts 2 in the GGMNT

Acts 2 in the GNT

Acts 2 in the HARY

Acts 2 in the HNT

Acts 2 in the IRVA

Acts 2 in the IRVB

Acts 2 in the IRVG

Acts 2 in the IRVH

Acts 2 in the IRVK

Acts 2 in the IRVM

Acts 2 in the IRVM2

Acts 2 in the IRVO

Acts 2 in the IRVP

Acts 2 in the IRVT

Acts 2 in the IRVT2

Acts 2 in the IRVU

Acts 2 in the ISVN

Acts 2 in the JSNT

Acts 2 in the KAPI

Acts 2 in the KBT1ETNIK

Acts 2 in the KBV

Acts 2 in the KJV

Acts 2 in the KNFD

Acts 2 in the LBA

Acts 2 in the LBLA

Acts 2 in the LNT

Acts 2 in the LSV

Acts 2 in the MAAL

Acts 2 in the MBV

Acts 2 in the MBV2

Acts 2 in the MHNT

Acts 2 in the MKNFD

Acts 2 in the MNG

Acts 2 in the MNT

Acts 2 in the MNT2

Acts 2 in the MRS1T

Acts 2 in the NAA

Acts 2 in the NASB

Acts 2 in the NBLA

Acts 2 in the NBS

Acts 2 in the NBVTP

Acts 2 in the NET2

Acts 2 in the NIV11

Acts 2 in the NNT

Acts 2 in the NNT2

Acts 2 in the NNT3

Acts 2 in the PDDPT

Acts 2 in the PFNT

Acts 2 in the RMNT

Acts 2 in the SBIAS

Acts 2 in the SBIBS

Acts 2 in the SBIBS2

Acts 2 in the SBICS

Acts 2 in the SBIDS

Acts 2 in the SBIGS

Acts 2 in the SBIHS

Acts 2 in the SBIIS

Acts 2 in the SBIIS2

Acts 2 in the SBIIS3

Acts 2 in the SBIKS

Acts 2 in the SBIKS2

Acts 2 in the SBIMS

Acts 2 in the SBIOS

Acts 2 in the SBIPS

Acts 2 in the SBISS

Acts 2 in the SBITS

Acts 2 in the SBITS2

Acts 2 in the SBITS3

Acts 2 in the SBITS4

Acts 2 in the SBIUS

Acts 2 in the SBIVS

Acts 2 in the SBT

Acts 2 in the SBT1E

Acts 2 in the SCHL

Acts 2 in the SNT

Acts 2 in the SUSU

Acts 2 in the SUSU2

Acts 2 in the SYNO

Acts 2 in the TBIAOTANT

Acts 2 in the TBT1E

Acts 2 in the TBT1E2

Acts 2 in the TFTIP

Acts 2 in the TFTU

Acts 2 in the TGNTATF3T

Acts 2 in the THAI

Acts 2 in the TNFD

Acts 2 in the TNT

Acts 2 in the TNTIK

Acts 2 in the TNTIL

Acts 2 in the TNTIN

Acts 2 in the TNTIP

Acts 2 in the TNTIZ

Acts 2 in the TOMA

Acts 2 in the TTENT

Acts 2 in the UBG

Acts 2 in the UGV

Acts 2 in the UGV2

Acts 2 in the UGV3

Acts 2 in the VBL

Acts 2 in the VDCC

Acts 2 in the YALU

Acts 2 in the YAPE

Acts 2 in the YBVTP

Acts 2 in the ZBP