Acts 2 (BOECS)

1 Esi Pentekoste ŋkekea ɖo la, nusrɔ̃lawo katã ƒo ƒu ɖe afi ɖeka. 2 Kasia gbe sesẽ aɖe si le abe ya sesẽ ƒe ƒoƒo ene la ɖi tso dziƒo, eye wòyɔ aƒe si me wonɔ la taŋtaŋ. 3 Enumake wokpɔ nane si ɖi dzo ƒe aɖewo la dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tame, 4 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ ame sia ame si le afi ma la me fũu, eye wode asi gbegbɔgblɔ bubu si womenya tsã o la gbɔgblɔ me abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na ŋutete wo ene. 5 Le ɣe ma ɣi hã la, Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖewo tso dukɔ vovovo siwo le dziƒo te la va Yerusalem be yewoaɖu ŋkeke tɔxɛ sia. 6 Esi wose ɣli si nɔ ɖiɖim le afi si nusrɔ̃lawo nɔ la, ame geɖewo fũu ɖe abla va teƒea. Ame siawo ƒe nu ku ŋutɔ, elabena ame sia ame see wonɔ eƒe degbe gblɔm. 7 Nu sia wɔ nuku na amedzroawo ale gbegbe be wogblɔ be, “Ame siawo katã ɖe, menye Galileatɔwo wonye oa? 8 Ke aleke wɔ míese wole ame sia ame degbe gblɔm mahã? 9 Mía dometɔ aɖewo nye Patiatɔwo, ɖewo nye Midiatɔwo kple Elamtɔwo, bubuwo hã tso Mesopotamia, Yudea, Kapadokia, Ponto kple Asia nutowo me. 10 Ame aɖewo gɔ̃ hã tso keke Frigia, Pamfilia, Egipte kple Libia si le Kirene gbɔ, kple ame siwo nye amedzrowo tso Roma. 11 Ɛ̃, ame aɖewo tso Roma gɔ̃. Ame siawo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o, gake wotrɔ dzime xɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ eye bubuwo hã nye Kretatɔwo kple Arabiatɔwo. Mía dometɔ ɖe sia ɖe se ame siawo le Mawu ƒe nukunu gãwo ƒe nya gblɔm le eya ŋutɔ degbe me!” 12 Ameha la ƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nyadzɔdzɔ sia ta, eye wobia wo nɔewo be, “Nu sia gɔme ɖe?” 13 Gake ame aɖewo ya nɔ ameha la dome nɔ fewu ɖum le apostoloawo ŋu be, “Ame siawo la, aha yeye womu.” 14 Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, “Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ. 15 Ame siawo memu aha abe ale si miesusui ene o. Elabena ŋdi ga asiekɛ koe ƒo. 16 Ke boŋ nu si teƒe kpɔm miele ŋdi sia la nye nu si Nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi xoxoxo ƒe alafa nanewoe nye esi va yi be, 17 “ ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, Mawu gblɔ bemakɔ nye Gbɔgbɔ ɖe amegbetɔƒomeawo katã dzi.Esia ana be mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi.Hekpe ɖe esia ŋu la, mia viŋutsuwo akpɔ ŋutegawo,eye ame tsitsiwo hã aku drɔ̃ewo. 18 Ɛ̃, matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi,ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa,matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖi le ŋkeke mawo me,ale be woagblɔ nya ɖi. 19 Mana nukunuwo nadzɔ le dziŋgɔli me,eye dzesiwo adze le anyigba dzi siaaeye wòadze abe ʋu, dzo bibi kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ ene. 20 Ɣe ado viviti,eye ɣleti atrɔ zuʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã si nye atsyɔ̃ŋkeke la naɖo. 21 Ke ame sia ame si yɔaAƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.’ ” 22 Petro yi edzi gblɔ be, “Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase! Mawu wɔ nukunuwo, dzesiwo kple nu dzɔtsuwo le mia dome to Yesu Nazaretitɔ la dzi be yeatsɔ aɖo kpe edzii be Yesu nye ye Vi vavã. Nu siawo katã le nyanya me na mi pɛpɛpɛ. 23 Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui. 24 Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o. 25 Fia David ƒo nu tso Yesu ŋu be,“ ‘Mekpɔ Aƒetɔ la le gbɔnye ɖaa,elabena ele nye nuɖusime,eya ta nyemavɔ̃ o. 26 Esia ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm,eye nye aɖe le aseye tsom be nye ŋutilã anɔ agbe le mɔkpɔkpɔ me. 27 Elabena wò Mawu, màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe alo ana wòkɔkɔetɔ la ƒe ŋutilã nanyunyɔ o. 28 Èna menya agbemɔwo,eye àtsɔ dzidzɔ ayɔ menye le ŋkuwò me.’ ” 29 Petro yi edzi be, “Nɔviwo, mɔ li be magblɔ nya na mi kple dzideƒo le tɔgbui David la ŋuti, be eku, eye woɖii, eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe. 30 Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia. 31 Gawu la, David kpɔ nu siwo ava dzɔ le ŋgɔgbea, eye wògblɔe ɖi le Kristo la ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu be eƒe luʋɔ matsi tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ o. 32 Mawu fɔ Yesu sia ɖe tsitre tso ku me, eye mí katã míenye ɖasefowo na tsitretsitsi sia. 33 Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia. 34 Elabena David meyi dziƒo o, gake egblɔ be,“ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be:“Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime 35 va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwoawɔ wò afɔɖodzinu.” ’ 36 “Eya ta mina ne Israel blibo la katã nanyae nyuie be Mawu wɔ Yesu sia, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu la, Aƒetɔ la kple Kristo la siaa.” 37 Esi wose nya siawo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?” 38 Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 39 Ŋugbedodo la nye miawo ŋutɔwo, mia viwo, ame siwo le adzɔge kple ame siwo katã Aƒetɔ mía Mawu la yɔ la tɔ.” 40 Petro tsɔ nya bubu geɖewo xlɔ̃ nu ameha la, eye wòƒoe ɖe wo nu be, “Miɖe mia ɖokuiwo tso dzidzime vɔ̃ɖi sia me.” 41 Ame siwo xɔ Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu. 42 Ame siawo kpena enuenu hena apostolowo ƒe nufiafia, habɔbɔ, Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖuɖu kple gbedodoɖa. 43 Wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me, eye apostoloawo hã wɔ nukunu kple dzesi geɖewo wokpɔ. 44 Xɔsetɔwo katã nɔ teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui, 45 wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 46 Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me hã heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me, 47 eye wonɔa Mawu kafum ɖaa, hekpɔa amenuveve le amewo katã gbɔ. Ke Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.

In Other Versions

Acts 2 in the ANGEFD

Acts 2 in the ANTPNG2D

Acts 2 in the AS21

Acts 2 in the BAGH

Acts 2 in the BBPNG

Acts 2 in the BBT1E

Acts 2 in the BDS

Acts 2 in the BEV

Acts 2 in the BHAD

Acts 2 in the BIB

Acts 2 in the BLPT

Acts 2 in the BNT

Acts 2 in the BNTABOOT

Acts 2 in the BNTLV

Acts 2 in the BOATCB

Acts 2 in the BOATCB2

Acts 2 in the BOBCV

Acts 2 in the BOCNT

Acts 2 in the BOGWICC

Acts 2 in the BOHCB

Acts 2 in the BOHCV

Acts 2 in the BOHLNT

Acts 2 in the BOHNTLTAL

Acts 2 in the BOICB

Acts 2 in the BOILNTAP

Acts 2 in the BOITCV

Acts 2 in the BOKCV

Acts 2 in the BOKCV2

Acts 2 in the BOKHWOG

Acts 2 in the BOKSSV

Acts 2 in the BOLCB

Acts 2 in the BOLCB2

Acts 2 in the BOMCV

Acts 2 in the BONAV

Acts 2 in the BONCB

Acts 2 in the BONLT

Acts 2 in the BONUT2

Acts 2 in the BOPLNT

Acts 2 in the BOSCB

Acts 2 in the BOSNC

Acts 2 in the BOTLNT

Acts 2 in the BOVCB

Acts 2 in the BOYCB

Acts 2 in the BPBB

Acts 2 in the BPH

Acts 2 in the BSB

Acts 2 in the CCB

Acts 2 in the CUV

Acts 2 in the CUVS

Acts 2 in the DBT

Acts 2 in the DGDNT

Acts 2 in the DHNT

Acts 2 in the DNT

Acts 2 in the ELBE

Acts 2 in the EMTV

Acts 2 in the ESV

Acts 2 in the FBV

Acts 2 in the FEB

Acts 2 in the GGMNT

Acts 2 in the GNT

Acts 2 in the HARY

Acts 2 in the HNT

Acts 2 in the IRVA

Acts 2 in the IRVB

Acts 2 in the IRVG

Acts 2 in the IRVH

Acts 2 in the IRVK

Acts 2 in the IRVM

Acts 2 in the IRVM2

Acts 2 in the IRVO

Acts 2 in the IRVP

Acts 2 in the IRVT

Acts 2 in the IRVT2

Acts 2 in the IRVU

Acts 2 in the ISVN

Acts 2 in the JSNT

Acts 2 in the KAPI

Acts 2 in the KBT1ETNIK

Acts 2 in the KBV

Acts 2 in the KJV

Acts 2 in the KNFD

Acts 2 in the LBA

Acts 2 in the LBLA

Acts 2 in the LNT

Acts 2 in the LSV

Acts 2 in the MAAL

Acts 2 in the MBV

Acts 2 in the MBV2

Acts 2 in the MHNT

Acts 2 in the MKNFD

Acts 2 in the MNG

Acts 2 in the MNT

Acts 2 in the MNT2

Acts 2 in the MRS1T

Acts 2 in the NAA

Acts 2 in the NASB

Acts 2 in the NBLA

Acts 2 in the NBS

Acts 2 in the NBVTP

Acts 2 in the NET2

Acts 2 in the NIV11

Acts 2 in the NNT

Acts 2 in the NNT2

Acts 2 in the NNT3

Acts 2 in the PDDPT

Acts 2 in the PFNT

Acts 2 in the RMNT

Acts 2 in the SBIAS

Acts 2 in the SBIBS

Acts 2 in the SBIBS2

Acts 2 in the SBICS

Acts 2 in the SBIDS

Acts 2 in the SBIGS

Acts 2 in the SBIHS

Acts 2 in the SBIIS

Acts 2 in the SBIIS2

Acts 2 in the SBIIS3

Acts 2 in the SBIKS

Acts 2 in the SBIKS2

Acts 2 in the SBIMS

Acts 2 in the SBIOS

Acts 2 in the SBIPS

Acts 2 in the SBISS

Acts 2 in the SBITS

Acts 2 in the SBITS2

Acts 2 in the SBITS3

Acts 2 in the SBITS4

Acts 2 in the SBIUS

Acts 2 in the SBIVS

Acts 2 in the SBT

Acts 2 in the SBT1E

Acts 2 in the SCHL

Acts 2 in the SNT

Acts 2 in the SUSU

Acts 2 in the SUSU2

Acts 2 in the SYNO

Acts 2 in the TBIAOTANT

Acts 2 in the TBT1E

Acts 2 in the TBT1E2

Acts 2 in the TFTIP

Acts 2 in the TFTU

Acts 2 in the TGNTATF3T

Acts 2 in the THAI

Acts 2 in the TNFD

Acts 2 in the TNT

Acts 2 in the TNTIK

Acts 2 in the TNTIL

Acts 2 in the TNTIN

Acts 2 in the TNTIP

Acts 2 in the TNTIZ

Acts 2 in the TOMA

Acts 2 in the TTENT

Acts 2 in the UBG

Acts 2 in the UGV

Acts 2 in the UGV2

Acts 2 in the UGV3

Acts 2 in the VBL

Acts 2 in the VDCC

Acts 2 in the YALU

Acts 2 in the YAPE

Acts 2 in the YBVTP

Acts 2 in the ZBP