Colossians 1 (BEV)
1 Agbalẽ sia tso Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi Timoteo gbɔ le yiyim na 2 kristotɔ wɔnuteƒewo kple Mawu ƒe ame siwo le Kolose dua me.Mawu mía Fofo la ŋutɔ nakɔ eƒe yayra ɖe mia dzi eye wòatsɔ eƒe ŋutifafa ayɔ mi taŋtaŋ. 3 Ɣesiaɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpadada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, 4 elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Aƒetɔ la dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe amewo la ŋu. 5 Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo. 6 Nyanyui si wogblɔ na mi la eya ke gblɔm wole le xexeame godoo eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gã na vɔ̃wɔlawo ŋu eye miese eme ene. 7 Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla si le kpekpem ɖe mía ŋuti le afi sia ɖe mia teƒe. 8 Eye eyae nye ame si gblɔ ale si mietsɔ lɔlɔ̃ gã si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de mia me la le amewo lɔ̃m la na mí. 9 Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣesiaɣi eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti. 10 Míegabiana hã be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣesiaɣi eye woade bubu eŋuti, ale be mianɔ nyuiwɔwɔ dzi na ame bubu wo ɣesiaɣi, le esime miele esrɔ̃m ɣesiaɣi be mianya Mawu ɖe edzi wu. 11 Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũ ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu anɔ te sesĩe eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣesiaɣi. 12 Eye be miada akpe na Fofo la, ame si wɔ mí be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me. 13 Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee; 14 eyae ƒle ablɔɖe na mí kple eƒe ʋu xɔasi la eye wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ke mí. 15 Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu eye le nyateƒe me la, 16 Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa Wɔla. Eya kee wɔ gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo wɔ esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋudɔwɔwɔ kple ŋutikɔkɔe. 17 Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ eye eƒe ŋusẽ lé xexeamenuwo katã ƒo ƒui. 18 Eye eyae nye ta na hame, sinye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔme ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ. 19 Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi hã me. 20 Mawu to nu si Via wɔ me, ʋu mɔ be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la, nava Via gbɔ. Elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me wɔ ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me. 21 Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui eye miaƒe susu vɔ̃wo kple nu vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe xɔlɔ̃awo ene. 22 Kristo wɔ esia to eƒe ku le atitsoga ŋuti me dzi eye fifia to eƒe ku me la, ekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o. 23 Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, alé eme ɖe asi sesĩe, aku ɖe Aƒetɔ la ŋuti goŋgoŋgoŋ eye miaxɔ nyanyui la dzi ase be Yesu ku ɖe mia ta. Hekpe ɖe esia ŋuti la, mixɔe se be aɖe mi, ɖikeke aɖeke manɔmee. Esiae nye nukunya kple nya si va na mi katã eye wòle kakam ɖe xexeme blibo la katã fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be magblɔ nya sia na ame bubuwo. 24 Ke nye dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu. 25 Mezu hamea ƒe subɔla abe ale si Mawu dɔm abe xɔnuvi ene be mawu eƒe nya blibo la nu, 26 nya ɣaɣla si woɣla ɖi tso ƒe alafawo kple dzidzimewo me ke, gake azɔ la eɖee fia ame kɔkɔewo. 27 Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le Trɔ̃subɔlawo dome, nu ɣaɣla sia nye be Kristo le mia me, si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ. 28 Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be woaɖo to. Míefĩaa nu wo eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta. 29 Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me.