Colossians 1 (BOECS)

1 Nye, Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso, 2 Na Kristotɔ nuteƒewɔlawo kple Mawu ƒe ame siwo ŋu wokɔ le Kolose dua me. Mawu mía Fofo la ƒe ŋutifafa kple amenuveve nanɔ kpli mi. 3 Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, 4 elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Yesu Kristo dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe ame kɔkɔewo katã la ŋu. 5 Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui ƒe nyateƒe la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo. Ale miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo na mi le dziƒo la me. 6 Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve gã na vɔ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene. 7 Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe, 8 eye eyae nye ame si gblɔ miaƒe lɔlɔ̃ le gbɔgbɔ me la fia mi. 9 Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti. 10 Míegabiana hã be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣe sia ɣi eye woade bubu eŋuti, ale be miatse ku le dɔ sia dɔ wɔwɔ nyuie me; eye mianya Mawu ɖe edzi wu. 11 Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi. 12 Eye be miada akpe na Fofo la, ame si wɔ mí be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me. 13 Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee; 14 eyae wɔ mi ablɔɖeviwo, eye wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ke mí. 15 Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu, eye le nyateƒe me la, 16 Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa wɔla. Eya kee wɔ gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo wɔ esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋu dɔ wɔwɔ kple ŋutikɔkɔe. 17 Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ, eye eƒe ŋusẽ lé xexemenuwo katã ƒo ƒu. 18 Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ. 19 Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi hã me. 20 Mawu to nu si Via wɔ me, ʋu mɔ be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nava eya ŋutɔ gbɔ, elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me wɔ ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me. 21 Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene. 22 Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o. 23 Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo. 24 Ke nye dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam, be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu. 25 Mezu hamea ƒe subɔla abe ale si Mawu dɔm abe xɔnuvi ene be mawu eƒe nya blibo la nu; 26 nya ɣaɣla si wodzra ɖo tso gbe aɖe gbe ke na dzidzimewo, gake azɔ la, eɖee fia ame kɔkɔewo. 27 Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le ame siwo menye Yudatɔwo dome; nu ɣaɣla siae nye be Kristo le mia me si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ. 28 Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to mí la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta. 29 Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me.

In Other Versions

Colossians 1 in the ANGEFD

Colossians 1 in the ANTPNG2D

Colossians 1 in the AS21

Colossians 1 in the BAGH

Colossians 1 in the BBPNG

Colossians 1 in the BBT1E

Colossians 1 in the BDS

Colossians 1 in the BEV

Colossians 1 in the BHAD

Colossians 1 in the BIB

Colossians 1 in the BLPT

Colossians 1 in the BNT

Colossians 1 in the BNTABOOT

Colossians 1 in the BNTLV

Colossians 1 in the BOATCB

Colossians 1 in the BOATCB2

Colossians 1 in the BOBCV

Colossians 1 in the BOCNT

Colossians 1 in the BOGWICC

Colossians 1 in the BOHCB

Colossians 1 in the BOHCV

Colossians 1 in the BOHLNT

Colossians 1 in the BOHNTLTAL

Colossians 1 in the BOICB

Colossians 1 in the BOILNTAP

Colossians 1 in the BOITCV

Colossians 1 in the BOKCV

Colossians 1 in the BOKCV2

Colossians 1 in the BOKHWOG

Colossians 1 in the BOKSSV

Colossians 1 in the BOLCB

Colossians 1 in the BOLCB2

Colossians 1 in the BOMCV

Colossians 1 in the BONAV

Colossians 1 in the BONCB

Colossians 1 in the BONLT

Colossians 1 in the BONUT2

Colossians 1 in the BOPLNT

Colossians 1 in the BOSCB

Colossians 1 in the BOSNC

Colossians 1 in the BOTLNT

Colossians 1 in the BOVCB

Colossians 1 in the BOYCB

Colossians 1 in the BPBB

Colossians 1 in the BPH

Colossians 1 in the BSB

Colossians 1 in the CCB

Colossians 1 in the CUV

Colossians 1 in the CUVS

Colossians 1 in the DBT

Colossians 1 in the DGDNT

Colossians 1 in the DHNT

Colossians 1 in the DNT

Colossians 1 in the ELBE

Colossians 1 in the EMTV

Colossians 1 in the ESV

Colossians 1 in the FBV

Colossians 1 in the FEB

Colossians 1 in the GGMNT

Colossians 1 in the GNT

Colossians 1 in the HARY

Colossians 1 in the HNT

Colossians 1 in the IRVA

Colossians 1 in the IRVB

Colossians 1 in the IRVG

Colossians 1 in the IRVH

Colossians 1 in the IRVK

Colossians 1 in the IRVM

Colossians 1 in the IRVM2

Colossians 1 in the IRVO

Colossians 1 in the IRVP

Colossians 1 in the IRVT

Colossians 1 in the IRVT2

Colossians 1 in the IRVU

Colossians 1 in the ISVN

Colossians 1 in the JSNT

Colossians 1 in the KAPI

Colossians 1 in the KBT1ETNIK

Colossians 1 in the KBV

Colossians 1 in the KJV

Colossians 1 in the KNFD

Colossians 1 in the LBA

Colossians 1 in the LBLA

Colossians 1 in the LNT

Colossians 1 in the LSV

Colossians 1 in the MAAL

Colossians 1 in the MBV

Colossians 1 in the MBV2

Colossians 1 in the MHNT

Colossians 1 in the MKNFD

Colossians 1 in the MNG

Colossians 1 in the MNT

Colossians 1 in the MNT2

Colossians 1 in the MRS1T

Colossians 1 in the NAA

Colossians 1 in the NASB

Colossians 1 in the NBLA

Colossians 1 in the NBS

Colossians 1 in the NBVTP

Colossians 1 in the NET2

Colossians 1 in the NIV11

Colossians 1 in the NNT

Colossians 1 in the NNT2

Colossians 1 in the NNT3

Colossians 1 in the PDDPT

Colossians 1 in the PFNT

Colossians 1 in the RMNT

Colossians 1 in the SBIAS

Colossians 1 in the SBIBS

Colossians 1 in the SBIBS2

Colossians 1 in the SBICS

Colossians 1 in the SBIDS

Colossians 1 in the SBIGS

Colossians 1 in the SBIHS

Colossians 1 in the SBIIS

Colossians 1 in the SBIIS2

Colossians 1 in the SBIIS3

Colossians 1 in the SBIKS

Colossians 1 in the SBIKS2

Colossians 1 in the SBIMS

Colossians 1 in the SBIOS

Colossians 1 in the SBIPS

Colossians 1 in the SBISS

Colossians 1 in the SBITS

Colossians 1 in the SBITS2

Colossians 1 in the SBITS3

Colossians 1 in the SBITS4

Colossians 1 in the SBIUS

Colossians 1 in the SBIVS

Colossians 1 in the SBT

Colossians 1 in the SBT1E

Colossians 1 in the SCHL

Colossians 1 in the SNT

Colossians 1 in the SUSU

Colossians 1 in the SUSU2

Colossians 1 in the SYNO

Colossians 1 in the TBIAOTANT

Colossians 1 in the TBT1E

Colossians 1 in the TBT1E2

Colossians 1 in the TFTIP

Colossians 1 in the TFTU

Colossians 1 in the TGNTATF3T

Colossians 1 in the THAI

Colossians 1 in the TNFD

Colossians 1 in the TNT

Colossians 1 in the TNTIK

Colossians 1 in the TNTIL

Colossians 1 in the TNTIN

Colossians 1 in the TNTIP

Colossians 1 in the TNTIZ

Colossians 1 in the TOMA

Colossians 1 in the TTENT

Colossians 1 in the UBG

Colossians 1 in the UGV

Colossians 1 in the UGV2

Colossians 1 in the UGV3

Colossians 1 in the VBL

Colossians 1 in the VDCC

Colossians 1 in the YALU

Colossians 1 in the YAPE

Colossians 1 in the YBVTP

Colossians 1 in the ZBP