Hebrews 10 (BEV)

1 Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko eye menye nua ŋutɔwo o. Le susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadre ƒe sia ƒe la, mate ŋu awɔ ame siwo va subɔnɛ la blibo gbeɖe o. 2 Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena, anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o. 3 Ke vɔsa mawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe, 4 elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o. 5 Eya ta esi Kristo va xexeame la egblɔ bena.“Mèdi vɔsa kple numemewo o, ke boŋ ŋutilã si nèdzra ɖo ɖi nam; 6 eye numevɔsa kple nu vɔ̃ vɔsawo hã medzea ŋuwò o. 7 Tete megblɔ be, ‘Nyee nye esi, woŋlɔ nu tso ŋutinye le lagbalẽgbalẽ me be, O Mawu, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.’ ” 8 Gbã la egblɔ be, “Vɔsawo, numemewo kple numevɔsawo kpakple nu vɔ̃ vɔsawo la medi wo o eye womedzea ŋuwò hã o.” Togbɔ be se la bia be woawɔ wo hã. 9 Tete wògblɔ bena, “Nyee nye esi, meva be mawɔ wò lɔlɔ̃nu.” Ale wòɖe se gbãtɔ la ɖa be wòaɖo evelia anyi. 10 Eye to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me wowɔ mí kɔkɔe to Yesu Kristo ƒe ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe hena ɣeyiɣiwo katã la me. 11 Osɔfo la wɔa eƒe vɔsasadɔwo gbe sia gbe eye nenema ke wòwɔ vɔsa mawo ke edzi edzi, vɔsa siwo mate ŋu aɖe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o. 12 Ke esi Osɔfo sia ya sa vɔ ɖe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la eyi ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusi me. 13 Tso ɣemaɣi la ele lalam be woatsɔ eƒe futɔwo awɔ eƒe afɔɖodzinui. 14 Elabena to vɔsa ɖeka si wòwɔ me la ewɔ ame siwo ŋuti kɔm wòle la blibo tegbegbe le Mawu ƒe ŋkume. 15 Gbɔgbɔ Kɔkɔe hã ɖi ɖase tso esia ŋuti; gbã la egblɔ bena, 16 “Esia nye nu si mabla kpli wo le ɣeyiɣi ma megbe, Yehowae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe dziwo me eye maŋlɔ wo ɖe woƒe susuwo me.” 17 Egagblɔ kpe ɖe eŋu be,“Nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo dzi azɔ o.” 18 Eye afi si wotsɔ nu siawo ke le la vɔsasa ɖe nu vɔ̃ ta megahĩa o. 19 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esi me kakaɖedzi le mia si be miage ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la to Yesu ƒe ʋu me ŋuti la, 20 eʋu mɔ yeye kple mɔ gbagbe na mí to xɔmetsovɔ si nye eƒe ŋutilã la me. 21 Eye esi Osɔfogã le mía si le Mawu ƒe aƒe nu ta la, 22 mina míate ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya vɔ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e. 23 Mina míalé mɔkpɔkpɔ si me míeʋu la me ɖe asi maʋãmaʋãe elabena ame si do ŋugbea la nye nuteƒewɔla. 24 Eye mina míabu ale si míado ŋusẽ mía nɔewo la ŋuti be woayi dzi le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me. 25 Migana míagbɔ dzɔ le míaƒe takpeƒewo dede me o, abe ale si ame aɖewo tsɔe ɖo dɔe nɔ kuvia wɔm ene o, ke boŋ mina míade dzi ƒo na mía nɔewo vevietɔ esi mienyae be eƒe ŋkeke la te tu aƒe kpokploe. 26 Ne míebua le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, esi míenya nyateƒe la vɔ megbe la, vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o, 27 ke nu si ko míanɔ mɔ kpɔm na le ŋɔdzi gã aɖe me lae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzobibi si ava fiã Mawu ƒe futɔwo. 28 Ame sia ame si ada le Mose ƒe se dzi la, woƒua kpee nublanuimakpɔmakpɔtɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu. 29 Tohehe gã kae miesusu be mehedze na ame si titi afɔ ɖe Mawu ƒe Vi la dzi oa? Ame si do ŋunyɔ nubabla la ƒe ʋu si klɔ eŋuti la abe nu makɔmakɔ wònye ene eye wodzu amenuveve ƒe Gbɔgbɔ la? 30 Elabena míenya ame si gblɔ be, “Hlɔ̃biabia la tɔnyee, maɖo eteƒe nɛ,” egagblɔ hã be, “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la.” 31 Enye ŋɔdzinu be ame aɖe nage ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me. 32 Miɖo ŋku ŋkeke siwo do ŋgɔ la dzi esi miexɔ kekeli la vɔ la mienɔ te sesĩe to ʋiʋli geɖewo me mieto fukpekpe hã me kalẽtɔe. 33 Ɣeaɖewoɣi la wodzua mi le gaglã gbe eye wotia mia yome, ɣebubuɣiwo la mienɔ te kpe ɖe ame siwo nɔ xaxa mawo ke me la ŋuti. 34 Miefa konyi kple ame siwo wode gaxɔ me eye esi woxɔ miaƒe nunɔamesiwo le mia si akpasesẽtɔe la miexɔe kple dzidzɔ, elabena miawo ŋutɔ mienyae be nunɔamesi siwo nyo saã wu eye womenyunyɔna o la le mia si. 35 Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo o elabena miaƒe dzideƒo ahe fetu geɖe vɛ na mi. 36 Ele be miado vevie ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la miaxɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo. 37 Elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la,“Ame si gbɔna la ava ɖo matsi megbe o. 38 Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me. Ke ne ede megbe la nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o.” 39 Ke míawo ya míele abe ame siwo de megbe eye wotsrɔ̃ la ene o, ke boŋ míenye ame siwo xɔe se eye míekpɔ ɖeɖe.

In Other Versions

Hebrews 10 in the ANGEFD

Hebrews 10 in the ANTPNG2D

Hebrews 10 in the AS21

Hebrews 10 in the BAGH

Hebrews 10 in the BBPNG

Hebrews 10 in the BBT1E

Hebrews 10 in the BDS

Hebrews 10 in the BHAD

Hebrews 10 in the BIB

Hebrews 10 in the BLPT

Hebrews 10 in the BNT

Hebrews 10 in the BNTABOOT

Hebrews 10 in the BNTLV

Hebrews 10 in the BOATCB

Hebrews 10 in the BOATCB2

Hebrews 10 in the BOBCV

Hebrews 10 in the BOCNT

Hebrews 10 in the BOECS

Hebrews 10 in the BOGWICC

Hebrews 10 in the BOHCB

Hebrews 10 in the BOHCV

Hebrews 10 in the BOHLNT

Hebrews 10 in the BOHNTLTAL

Hebrews 10 in the BOICB

Hebrews 10 in the BOILNTAP

Hebrews 10 in the BOITCV

Hebrews 10 in the BOKCV

Hebrews 10 in the BOKCV2

Hebrews 10 in the BOKHWOG

Hebrews 10 in the BOKSSV

Hebrews 10 in the BOLCB

Hebrews 10 in the BOLCB2

Hebrews 10 in the BOMCV

Hebrews 10 in the BONAV

Hebrews 10 in the BONCB

Hebrews 10 in the BONLT

Hebrews 10 in the BONUT2

Hebrews 10 in the BOPLNT

Hebrews 10 in the BOSCB

Hebrews 10 in the BOSNC

Hebrews 10 in the BOTLNT

Hebrews 10 in the BOVCB

Hebrews 10 in the BOYCB

Hebrews 10 in the BPBB

Hebrews 10 in the BPH

Hebrews 10 in the BSB

Hebrews 10 in the CCB

Hebrews 10 in the CUV

Hebrews 10 in the CUVS

Hebrews 10 in the DBT

Hebrews 10 in the DGDNT

Hebrews 10 in the DHNT

Hebrews 10 in the DNT

Hebrews 10 in the ELBE

Hebrews 10 in the EMTV

Hebrews 10 in the ESV

Hebrews 10 in the FBV

Hebrews 10 in the FEB

Hebrews 10 in the GGMNT

Hebrews 10 in the GNT

Hebrews 10 in the HARY

Hebrews 10 in the HNT

Hebrews 10 in the IRVA

Hebrews 10 in the IRVB

Hebrews 10 in the IRVG

Hebrews 10 in the IRVH

Hebrews 10 in the IRVK

Hebrews 10 in the IRVM

Hebrews 10 in the IRVM2

Hebrews 10 in the IRVO

Hebrews 10 in the IRVP

Hebrews 10 in the IRVT

Hebrews 10 in the IRVT2

Hebrews 10 in the IRVU

Hebrews 10 in the ISVN

Hebrews 10 in the JSNT

Hebrews 10 in the KAPI

Hebrews 10 in the KBT1ETNIK

Hebrews 10 in the KBV

Hebrews 10 in the KJV

Hebrews 10 in the KNFD

Hebrews 10 in the LBA

Hebrews 10 in the LBLA

Hebrews 10 in the LNT

Hebrews 10 in the LSV

Hebrews 10 in the MAAL

Hebrews 10 in the MBV

Hebrews 10 in the MBV2

Hebrews 10 in the MHNT

Hebrews 10 in the MKNFD

Hebrews 10 in the MNG

Hebrews 10 in the MNT

Hebrews 10 in the MNT2

Hebrews 10 in the MRS1T

Hebrews 10 in the NAA

Hebrews 10 in the NASB

Hebrews 10 in the NBLA

Hebrews 10 in the NBS

Hebrews 10 in the NBVTP

Hebrews 10 in the NET2

Hebrews 10 in the NIV11

Hebrews 10 in the NNT

Hebrews 10 in the NNT2

Hebrews 10 in the NNT3

Hebrews 10 in the PDDPT

Hebrews 10 in the PFNT

Hebrews 10 in the RMNT

Hebrews 10 in the SBIAS

Hebrews 10 in the SBIBS

Hebrews 10 in the SBIBS2

Hebrews 10 in the SBICS

Hebrews 10 in the SBIDS

Hebrews 10 in the SBIGS

Hebrews 10 in the SBIHS

Hebrews 10 in the SBIIS

Hebrews 10 in the SBIIS2

Hebrews 10 in the SBIIS3

Hebrews 10 in the SBIKS

Hebrews 10 in the SBIKS2

Hebrews 10 in the SBIMS

Hebrews 10 in the SBIOS

Hebrews 10 in the SBIPS

Hebrews 10 in the SBISS

Hebrews 10 in the SBITS

Hebrews 10 in the SBITS2

Hebrews 10 in the SBITS3

Hebrews 10 in the SBITS4

Hebrews 10 in the SBIUS

Hebrews 10 in the SBIVS

Hebrews 10 in the SBT

Hebrews 10 in the SBT1E

Hebrews 10 in the SCHL

Hebrews 10 in the SNT

Hebrews 10 in the SUSU

Hebrews 10 in the SUSU2

Hebrews 10 in the SYNO

Hebrews 10 in the TBIAOTANT

Hebrews 10 in the TBT1E

Hebrews 10 in the TBT1E2

Hebrews 10 in the TFTIP

Hebrews 10 in the TFTU

Hebrews 10 in the TGNTATF3T

Hebrews 10 in the THAI

Hebrews 10 in the TNFD

Hebrews 10 in the TNT

Hebrews 10 in the TNTIK

Hebrews 10 in the TNTIL

Hebrews 10 in the TNTIN

Hebrews 10 in the TNTIP

Hebrews 10 in the TNTIZ

Hebrews 10 in the TOMA

Hebrews 10 in the TTENT

Hebrews 10 in the UBG

Hebrews 10 in the UGV

Hebrews 10 in the UGV2

Hebrews 10 in the UGV3

Hebrews 10 in the VBL

Hebrews 10 in the VDCC

Hebrews 10 in the YALU

Hebrews 10 in the YAPE

Hebrews 10 in the YBVTP

Hebrews 10 in the ZBP