John 17 (BEV)

1 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi hegblɔ be, “Fofo, ɣeyiɣia de azɔ. Ɖe viwò la ƒe ŋutikɔkɔe fia ne Viwò hã natsɔ ŋutikɔkɔe na wò. 2 Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexeame eye be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ. 3 Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be, wòanya wò Mawu vavã la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexeame hã dzi ase. 4 Mewɔ dɔ ɖe sia ɖe si nède asi nam la eye to esia me la, mena wò ŋutikɔkɔe dze na anyigbadzitɔwo katã. 5 Eye azɔ la, Fofo esi mele ŋkuwòme fifia la, ɖe ŋutikɔkɔe si le nye kpli wò si tso gɔmedzedzea me la fia le menye. 6 “Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siawo. Tsã la wonɔ agbe abe xexe sia me tɔwo ene, ke azɔ la, ètsɔ wo nam. Le nyateƒe me la, tɔwòwoe wonye, eye esi nètsɔ wo nam va se ɖe fifia la wolé wò nya la me ɖe asi. 7 “Azɔ ko wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò, 8 elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo eye woxɔe. Wonyae kɔtee bena metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa. 9 “Nyemele kuku ɖem ɖe xexeame katã nu o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ko nu, elabena towòwoe wonye. 10 Nu siwo katã nye tɔnye la tɔwòe eye nu siwo nye tɔwò hã tɔnyee eye woawo mee woɖe nye ŋutikɔkɔe fia le. 11 Azɔ la, mele xexe sia me gblẽ ge ɖi, ava gbɔwò. Fofo kɔkɔe, ame siwo katã nètsɔ nam la, wò ŋutɔ kpɔ wo dzi nyuie bena woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miele ɖeka ene, mègana ɖeke nabu le wo dome o. 12 Esi menɔ xexeame le afii la, mekpɔ ame siwo katã nètsɔ nam la dzi nyuie. Medzɔ wo ŋu bena ɖeka pɛ hã megatsrɔ̃ o, negbe vi sẽto la koe ayi dzo mavɔ me abe ale si mawunya gblɔe da ɖi ene. 13 “Ke azɔ la megbɔna gbɔwò eye mele nya siawo gblɔm esi mele wo gbɔ be nye dzidzɔ nanɔ wo me. 14 Hekpe ɖe esia ŋu la, megblɔ wò sededewo na wo, eye woxɔ wo, ke xexeametɔwo lé fu wo elabena womewɔa nu abe xexeametɔwo ene o. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexeametɔwo ƒe agbenɔnɔ o. 15 Fofo, menye ɖe mele biabiam be nàɖe wo le xexeame o, ke boŋ nàde wo wò aʋala te bena Satana nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. 16 Menye xexe sia me tɔwo wonye o, abe ale si nye hã nyemenye xexe sia me tɔ o ene. 17 Eya ta na woazu kɔkɔe eye woanye ame dzadzɛwo, to wò nya la me, elabena wò nya lae nye nyateƒe. 18 Abe ale si nèdɔm ɖe xexeame ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexeame. 19 Mewɔ ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.” 20 “Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o. Ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo hã ava xɔ dzinye ase to woƒe gbedeasi me, 21 be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye eye nye hã mele mewò ene. Woawo hã nenɔ mía me be xexeame naxɔe ase be wòe dɔm ɖa. 22 Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me be xexeame nanyae be wòe dɔm ɖa eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. 23 Ne mele wo me eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexeame anyae bena wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. 24 Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam elabena èlɔ̃m vevie hafi xexeame va dzɔ gɔ hã. 25 “O, Fofo dzɔdzɔetɔ, xexe sia me tɔwo menya wò o, gake nye la menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be wòe ɖom ɖa. 26 Meɖe ame si wò Fofo la nènye la fia wo, eye manɔ esia dzi bena lɔlɔ̃ gã si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã maxɔ nɔƒe ɖe woƒe dziwo me.”

In Other Versions

John 17 in the ANGEFD

John 17 in the ANTPNG2D

John 17 in the AS21

John 17 in the BAGH

John 17 in the BBPNG

John 17 in the BBT1E

John 17 in the BDS

John 17 in the BHAD

John 17 in the BIB

John 17 in the BLPT

John 17 in the BNT

John 17 in the BNTABOOT

John 17 in the BNTLV

John 17 in the BOATCB

John 17 in the BOATCB2

John 17 in the BOBCV

John 17 in the BOCNT

John 17 in the BOECS

John 17 in the BOGWICC

John 17 in the BOHCB

John 17 in the BOHCV

John 17 in the BOHLNT

John 17 in the BOHNTLTAL

John 17 in the BOICB

John 17 in the BOILNTAP

John 17 in the BOITCV

John 17 in the BOKCV

John 17 in the BOKCV2

John 17 in the BOKHWOG

John 17 in the BOKSSV

John 17 in the BOLCB

John 17 in the BOLCB2

John 17 in the BOMCV

John 17 in the BONAV

John 17 in the BONCB

John 17 in the BONLT

John 17 in the BONUT2

John 17 in the BOPLNT

John 17 in the BOSCB

John 17 in the BOSNC

John 17 in the BOTLNT

John 17 in the BOVCB

John 17 in the BOYCB

John 17 in the BPBB

John 17 in the BPH

John 17 in the BSB

John 17 in the CCB

John 17 in the CUV

John 17 in the CUVS

John 17 in the DBT

John 17 in the DGDNT

John 17 in the DHNT

John 17 in the DNT

John 17 in the ELBE

John 17 in the EMTV

John 17 in the ESV

John 17 in the FBV

John 17 in the FEB

John 17 in the GGMNT

John 17 in the GNT

John 17 in the HARY

John 17 in the HNT

John 17 in the IRVA

John 17 in the IRVB

John 17 in the IRVG

John 17 in the IRVH

John 17 in the IRVK

John 17 in the IRVM

John 17 in the IRVM2

John 17 in the IRVO

John 17 in the IRVP

John 17 in the IRVT

John 17 in the IRVT2

John 17 in the IRVU

John 17 in the ISVN

John 17 in the JSNT

John 17 in the KAPI

John 17 in the KBT1ETNIK

John 17 in the KBV

John 17 in the KJV

John 17 in the KNFD

John 17 in the LBA

John 17 in the LBLA

John 17 in the LNT

John 17 in the LSV

John 17 in the MAAL

John 17 in the MBV

John 17 in the MBV2

John 17 in the MHNT

John 17 in the MKNFD

John 17 in the MNG

John 17 in the MNT

John 17 in the MNT2

John 17 in the MRS1T

John 17 in the NAA

John 17 in the NASB

John 17 in the NBLA

John 17 in the NBS

John 17 in the NBVTP

John 17 in the NET2

John 17 in the NIV11

John 17 in the NNT

John 17 in the NNT2

John 17 in the NNT3

John 17 in the PDDPT

John 17 in the PFNT

John 17 in the RMNT

John 17 in the SBIAS

John 17 in the SBIBS

John 17 in the SBIBS2

John 17 in the SBICS

John 17 in the SBIDS

John 17 in the SBIGS

John 17 in the SBIHS

John 17 in the SBIIS

John 17 in the SBIIS2

John 17 in the SBIIS3

John 17 in the SBIKS

John 17 in the SBIKS2

John 17 in the SBIMS

John 17 in the SBIOS

John 17 in the SBIPS

John 17 in the SBISS

John 17 in the SBITS

John 17 in the SBITS2

John 17 in the SBITS3

John 17 in the SBITS4

John 17 in the SBIUS

John 17 in the SBIVS

John 17 in the SBT

John 17 in the SBT1E

John 17 in the SCHL

John 17 in the SNT

John 17 in the SUSU

John 17 in the SUSU2

John 17 in the SYNO

John 17 in the TBIAOTANT

John 17 in the TBT1E

John 17 in the TBT1E2

John 17 in the TFTIP

John 17 in the TFTU

John 17 in the TGNTATF3T

John 17 in the THAI

John 17 in the TNFD

John 17 in the TNT

John 17 in the TNTIK

John 17 in the TNTIL

John 17 in the TNTIN

John 17 in the TNTIP

John 17 in the TNTIZ

John 17 in the TOMA

John 17 in the TTENT

John 17 in the UBG

John 17 in the UGV

John 17 in the UGV2

John 17 in the UGV3

John 17 in the VBL

John 17 in the VDCC

John 17 in the YALU

John 17 in the YAPE

John 17 in the YBVTP

John 17 in the ZBP