John 17 (BOECS)
        
        
          1 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi, do gbe ɖa gblɔ be,“Fofo, ɣeyiɣi la de azɔ. Ɖe Viwò la ƒe Ŋutikɔkɔefia ne Viwò hã naɖe wò ŋutikɔkɔe afia. 2 Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexea me, be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ la. 3 Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be wòanya wò Mawu vavã ɖeka hɔ̃ɔ la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexea me hã dzi ase. 4 Meɖe wò Ŋutikɔkɔe fia le anyigba dzi to dɔ siwo nède asi nam la nuwuwu me. 5 Azɔ la, Fofo, ɖe wò ŋutikɔkɔe fiam le wò ŋkume to ŋutikɔkɔe si nènam le gbɔwò hafi xexea me dze egɔme la me.  6 “Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siwo nènam le xexea me la. Tɔwòwoe wonye; ètsɔ wo nam, eye wowɔ ɖe wò nyawo dzi. 7 Azɔ wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò, 8 elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo, eye woxɔe. Wonyae kɔtɛe be metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa. 9 Medo gbe ɖa ɖe wo ta; nyemele gbe dom ɖa ɖe xexea me ta o. Ame siwo nètsɔ nam la tae medo gbe ɖa ɖo, elabena tɔwòwoe wonye. 10 Nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye woawo mee woɖe nye Ŋutikɔkɔe fia le. 11 Azɔ mele dzodzo ge le xexea me ava gbɔwò, gake wogale xexea me. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta to wò ŋusẽ kple ŋkɔ me, ŋkɔ si nènam be woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miewɔ ɖekae ene. 12 Esi menɔ wo gbɔ la, mekpɔ wo ta, eye mena be wole dedie to ŋkɔ si nènam la me. Wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe wo dometɔ si woɖo be woatsrɔ̃ la ko, be ŋɔŋlɔ la nava eme.  13 “Ke azɔ la, megbɔna gbɔwò, gake mele nya siawo gblɔm esi megale xexea me, be nye dzidzɔ blibo la katã nanɔ wo me. 14 Megblɔ wò nyawo na wo, eye xexea me lé fu wo, elabena womeganye xexea me tɔwo o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexea me tɔwo ƒe agbenɔnɔ o. 15 Fofo, nyemele biabiam be nàɖe wo le xexea me o, ke boŋ nàkpɔ wo ta tso vɔ̃ɖitɔ la ƒe asi me. 16 Wometso xexea me o, abe ale si nye hã nyemetso xexea me o ene. 17 Kɔ wo ŋu kple nyateƒe la, elabena wò nya la nye nyateƒe. 18 Abe ale si nèdɔm ɖe xexea me ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexea me. 19 Mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe wo ta, bena woakɔ woawo hã ŋu le nyateƒe la me.”  20 “Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o, ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo hã ava xɔ dzinye ase to woƒe mawunyagbɔgblɔ me la ta, 21 be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene. Na woawo hã nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm. 22 Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me, be xexea me nanyae be wòe dɔm, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. 23 Ne mele wo me, eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexea me nanya be wòe dɔm eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene.  24 “Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam, elabena èlɔ̃m vevie hafi xexea me va dzɔ.  25 “Fofo dzɔdzɔetɔ, togbɔ be xexea me menya wò o hã la, menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be, wòe dɔm. 26 Meɖe ame si nènye la fia wo, eye mayi edzi ana woanya wò, bena lɔlɔ̃ si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã manɔ wo me.”
        
        
          In Other Versions
        
        
  
    John 17 in the ANGEFD
  
  
    John 17 in the ANTPNG2D
  
  
    John 17 in the AS21
  
  
    John 17 in the BAGH
  
  
    John 17 in the BBPNG
  
  
    John 17 in the BBT1E
  
  
    John 17 in the BDS
  
  
    John 17 in the BEV
  
  
    John 17 in the BHAD
  
  
    John 17 in the BIB
  
  
    John 17 in the BLPT
  
  
    John 17 in the BNT
  
  
    John 17 in the BNTABOOT
  
  
    John 17 in the BNTLV
  
  
    John 17 in the BOATCB
  
  
    John 17 in the BOATCB2
  
  
    John 17 in the BOBCV
  
  
    John 17 in the BOCNT
  
  
    John 17 in the BOGWICC
  
  
    John 17 in the BOHCB
  
  
    John 17 in the BOHCV
  
  
    John 17 in the BOHLNT
  
  
    John 17 in the BOHNTLTAL
  
  
    John 17 in the BOICB
  
  
    John 17 in the BOILNTAP
  
  
    John 17 in the BOITCV
  
  
    John 17 in the BOKCV
  
  
    John 17 in the BOKCV2
  
  
    John 17 in the BOKHWOG
  
  
    John 17 in the BOKSSV
  
  
    John 17 in the BOLCB
  
  
    John 17 in the BOLCB2
  
  
    John 17 in the BOMCV
  
  
    John 17 in the BONAV
  
  
    John 17 in the BONCB
  
  
    John 17 in the BONLT
  
  
    John 17 in the BONUT2
  
  
    John 17 in the BOPLNT
  
  
    John 17 in the BOSCB
  
  
    John 17 in the BOSNC
  
  
    John 17 in the BOTLNT
  
  
    John 17 in the BOVCB
  
  
    John 17 in the BOYCB
  
  
    John 17 in the BPBB
  
  
    John 17 in the BPH
  
  
    John 17 in the BSB
  
  
    John 17 in the CCB
  
  
    John 17 in the CUV
  
  
    John 17 in the CUVS
  
  
    John 17 in the DBT
  
  
    John 17 in the DGDNT
  
  
    John 17 in the DHNT
  
  
    John 17 in the DNT
  
  
    John 17 in the ELBE
  
  
    John 17 in the EMTV
  
  
    John 17 in the ESV
  
  
    John 17 in the FBV
  
  
    John 17 in the FEB
  
  
    John 17 in the GGMNT
  
  
    John 17 in the GNT
  
  
    John 17 in the HARY
  
  
    John 17 in the HNT
  
  
    John 17 in the IRVA
  
  
    John 17 in the IRVB
  
  
    John 17 in the IRVG
  
  
    John 17 in the IRVH
  
  
    John 17 in the IRVK
  
  
    John 17 in the IRVM
  
  
    John 17 in the IRVM2
  
  
    John 17 in the IRVO
  
  
    John 17 in the IRVP
  
  
    John 17 in the IRVT
  
  
    John 17 in the IRVT2
  
  
    John 17 in the IRVU
  
  
    John 17 in the ISVN
  
  
    John 17 in the JSNT
  
  
    John 17 in the KAPI
  
  
    John 17 in the KBT1ETNIK
  
  
    John 17 in the KBV
  
  
    John 17 in the KJV
  
  
    John 17 in the KNFD
  
  
    John 17 in the LBA
  
  
    John 17 in the LBLA
  
  
    John 17 in the LNT
  
  
    John 17 in the LSV
  
  
    John 17 in the MAAL
  
  
    John 17 in the MBV
  
  
    John 17 in the MBV2
  
  
    John 17 in the MHNT
  
  
    John 17 in the MKNFD
  
  
    John 17 in the MNG
  
  
    John 17 in the MNT
  
  
    John 17 in the MNT2
  
  
    John 17 in the MRS1T
  
  
    John 17 in the NAA
  
  
    John 17 in the NASB
  
  
    John 17 in the NBLA
  
  
    John 17 in the NBS
  
  
    John 17 in the NBVTP
  
  
    John 17 in the NET2
  
  
    John 17 in the NIV11
  
  
    John 17 in the NNT
  
  
    John 17 in the NNT2
  
  
    John 17 in the NNT3
  
  
    John 17 in the PDDPT
  
  
    John 17 in the PFNT
  
  
    John 17 in the RMNT
  
  
    John 17 in the SBIAS
  
  
    John 17 in the SBIBS
  
  
    John 17 in the SBIBS2
  
  
    John 17 in the SBICS
  
  
    John 17 in the SBIDS
  
  
    John 17 in the SBIGS
  
  
    John 17 in the SBIHS
  
  
    John 17 in the SBIIS
  
  
    John 17 in the SBIIS2
  
  
    John 17 in the SBIIS3
  
  
    John 17 in the SBIKS
  
  
    John 17 in the SBIKS2
  
  
    John 17 in the SBIMS
  
  
    John 17 in the SBIOS
  
  
    John 17 in the SBIPS
  
  
    John 17 in the SBISS
  
  
    John 17 in the SBITS
  
  
    John 17 in the SBITS2
  
  
    John 17 in the SBITS3
  
  
    John 17 in the SBITS4
  
  
    John 17 in the SBIUS
  
  
    John 17 in the SBIVS
  
  
    John 17 in the SBT
  
  
    John 17 in the SBT1E
  
  
    John 17 in the SCHL
  
  
    John 17 in the SNT
  
  
    John 17 in the SUSU
  
  
    John 17 in the SUSU2
  
  
    John 17 in the SYNO
  
  
    John 17 in the TBIAOTANT
  
  
    John 17 in the TBT1E
  
  
    John 17 in the TBT1E2
  
  
    John 17 in the TFTIP
  
  
    John 17 in the TFTU
  
  
    John 17 in the TGNTATF3T
  
  
    John 17 in the THAI
  
  
    John 17 in the TNFD
  
  
    John 17 in the TNT
  
  
    John 17 in the TNTIK
  
  
    John 17 in the TNTIL
  
  
    John 17 in the TNTIN
  
  
    John 17 in the TNTIP
  
  
    John 17 in the TNTIZ
  
  
    John 17 in the TOMA
  
  
    John 17 in the TTENT
  
  
    John 17 in the UBG
  
  
    John 17 in the UGV
  
  
    John 17 in the UGV2
  
  
    John 17 in the UGV3
  
  
    John 17 in the VBL
  
  
    John 17 in the VDCC
  
  
    John 17 in the YALU
  
  
    John 17 in the YAPE
  
  
    John 17 in the YBVTP
  
  
    John 17 in the ZBP