John 6 (BEV)

1 Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu si woyɔna hã be Tiberia ƒu la yi egodo. 2 Ameha gã aɖe nɔ eyome elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu. 3 Yesu lia togbɛ aɖe eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ anyi ɖe afi ma. 4 Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyuie la hã te tu aƒe le ɣemaɣi me. 5 Esi Yesu fɔ ta dzi la, ekpɔ ameha gã aɖe gbɔna ɖe egbɔ, etrɔ ɖe Filipo ŋu biae bena, “Filipo, afi kae míakpɔ nuɖuɖu le aƒle na ame gbogbo siawo?” 6 Yesu gblɔ esia bena yeatsɔ ado Filipo ƒe xɔse akpɔ elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala. 7 Filipo ɖo eŋu nɛ be, “Míahiã ga home gã aɖe ŋutɔ ne míete kpɔ be míaƒle nuɖuɖu na ame siawo katã!” 8 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, Andrea, Simɔn Petro nɔvi, gblɔ nɛ bena, 9 “Ŋutsuvi aɖe le afii si si abolo atɔ̃ kple tɔmelã memee eve le, gake nu ka esia ate ŋu awɔ le ameha gã sia ŋuti?” 10 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ la nɔ anyi ɖe gbe dama le dzi. 11 Yesu tsɔ aboloawo eye wòdo gbe ɖa heda akpe ɖe wo ta. Emegbe la etsɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. Edo gbe ɖa ɖe tɔmelã memee eveawo hã ta eye wòtsɔe na ameawo. Ale ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo nyuie. 12 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo bena, “Azɔ, miƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu bena womagazu vlo o.” 13 Woƒo abolo wuwluiawo katã nu ƒu wòyɔ kusi wuieve sɔŋ. 14 Esi ameawo kpɔ nukunu gã si Yesu wɔ la, wodo ɣli gblɔ bena, “Le nyateƒe me la ame siae nye Nyagblɔɖila si míele mɔ kpɔm na!” 15 Yesu kpɔe dze sii bena ameawo nɔ didim be yewoalé ye aɖo fia sesẽtɔe eya ta ewɔ dzaa galia togbɛ la eye wòdzo le wo gbɔ. 16 Le fiẽme la, nusrɔ̃lawo yi ƒuta ɖanɔ elalam le afi ma. 17 Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me eye wokui ɖo ta Kapernaum 18 Ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me eye ƒu la dze agbo. 19 Esi woku ʋua abe kilometa atɔ̃ alo ade ko ene la, wokpɔ Yesu wòle tetem ɖe ʋua ŋuti, enɔ zɔzɔm le tsia dzi, ke nusrɔ̃lawo vɔ̃ ŋutɔ. 20 Gake edo ɣli yɔ wo eye wògblɔ na wo bena, womegavɔ̃ o. 21 Esi wonya be Yesue la, wokɔe de ʋua me eye enumake ʋua de tɔkɔ afi si yim wonɔ. 22 Le ŋufɔke la ameha la le tsitre ɖe ƒu la ƒe go keme dzi, eye wokpɔ bena ʋu bubu aɖeke megale afi ma o, negbe ɖeka ko, wokpɔ hã be Yesu meɖo ʋua kple eƒe nusrɔ̃lawo o, ke boŋ woawo ɖeɖe koe yi. 23 Tete ʋu bubu aɖewo hã tso Tiberia va ɖo afi si ameawo ɖu abolo si Aƒetɔ la yra kple akpedada le 24 eya ta ameawo nɔ ŋku lém ɖe wo me nɔ Yesu dim. Ke esi womekpɔ Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo le ʋuawo dometɔ aɖeke me o la, woɖo ʋuawo heyi Kapernaum be yewoaɖadii. 25 Esi woɖo Kapernaum la, wokpɔ Yesu eye wobiae be, “Nufiala, ale ke nèwɔ hafi va do ɖe afi sia?” 26 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Le nyateƒe me la, miele diyem, menye kple susu be miexɔ dzinye se ta o, ke boŋ le nuɖuɖu si mena mi nyitsɔ la ta. 27 Nuɖuɖu tea ŋu gblẽna, eya ta migatsi dzi ɖe nu siwo gblẽna la ŋu akpa o. Ke boŋ mitsɔ miaƒe ŋusẽ katã ti agbe mavɔ si Nye, Mesia alo Amegbetɔ Vi mana mi la yome. Elabena esia tae Mawu Fofo la ɖom ɖe xexeame.” 28 Ameawo biae be, “Nu ka tututue míawɔ be wòadze Mawu ŋu?” 29 Yesu gblɔ na wo be, “Enye Mawu ƒe didi be miaxɔ ame si wòɖo ɖe mi la dzi ase.” 30 Tete ameawo biae be, “Nukunu ka nàwɔ míakpɔ be míaxɔ dziwò ase? Nu ka nàwɔ? 31 Mía fofowo ɖu mana le gbea dzi abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo be woaɖu.’ ” 32 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofonyee na aboloa wo, menye Mosee na wo o. Eya ta azɔ la ele Abolo vavãtɔ nam mi tso dziƒo. 33 Abolo vavãtɔ siae nye Amegbetɔ, si Mawu ɖo ɖa tso dziƒo, eye ame sia na agbe xexeame katã.” 34 Ameawo gagblɔ bena, “Aƒetɔ, na abolo vavã sia mí gbe sia gbe.” 35 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Nyee nye abolo vavã si naa agbe amewo. Ame sia ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ hã magawui gbeɖegbeɖe o. 36 Gake nu si le fu ɖem na mi, abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene lae nye bena, togbɔ be miekpɔm hã la, miexɔ dzinye se o. 37 Ke ame siwo Fofo la tsɔ nam la ava gbɔnye eye nyemagbe wo xɔxɔ gbeɖe o. 38 Elabena ɖe metso dziƒo va bena mawɔ Mawu si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ke menye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o. 39 Mawu ƒe didie nye bena, nyemabu ame siwo wotsɔ nam la ƒe ɖeke o, ke boŋ be makplɔ wo va agbe mavɔ la mee le Nuwuwuŋkekea dzi. 40 Enye Fofo la ƒe didi vevie hã be, ame sia ame si kpɔ Via eye woxɔ edzi se la, nakpɔ agbe mavɔ eye mafɔe ɖe tsitre le Nuwuwu ŋkekea dzi.” 41 Azɔ Yudatɔwo de asi liʋiliʋĩlilĩ me le eŋu le ale si wògblɔ be yee nye abolo si tso dziƒo va la ta. 42 Wodo ɣli hoo be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef vi la oa? Mienya fofoa kple dadaa ɖe! Ke nu ka koŋ gblɔm wòle fifia? Ɖe wòle gbɔgblɔm be dziƒoe yetso va?” 43 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Migalĩ liʋiliʋĩ be megblɔ nya sia ta o. 44 Elabena ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa lae hee ɖe ŋunye, eye le Nuwuwuŋkekea dzi la, mana ame siawo katã ƒomevi natsi tre. 45 Abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya mee ene la, ‘Woafia nu wo katã tso Mawu ŋuti.’ Ame siwo katã Fofo la ƒo nu na, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la, ava gbɔnye. 46 Menye ɖe mele gbɔgblɔm be ame aɖeke kpɔ Mawu kpɔ ŋkume kple ŋkume o, elabena Nye, ame si tso Fofo la gbɔ la, koe kpɔe kpɔ. 47 “Mele egblɔ na mi nyateƒetɔe be, ame sia ame si xɔ dzinye se la, agbe mavɔ le esi xoxo! 48 Nyee nye agbebolo la! 49 Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si wona wo tso dziƒo hã la wo katã woku. 50 Ke esiae nye abolo si ɖi tso dziƒo va, esi ame aɖu eye maku o. 51 Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexeame ƒe agbe ta.” 52 Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome tso nya si tututu gblɔm Yesu nɔ la ŋuti. Wobia wo nɔewo be, “Ale ke ŋutsu sia awɔ atsɔ eƒe ŋutilã ana mi be miaɖu?” 53 Yesu gaɖo eŋu na wo bena, “Mele gbe tem ɖe edzi na mi nyateƒetɔe bena, ne ame aɖe meɖu Mesia alo amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã eye wòno eƒe ʋu o la, agbe mavɔ la mate ŋu anɔ eme o. 54 Ke ame si ɖu nye ŋutilã eye wòno nye ʋu la, agbe mavɔ la le esi xoxo, eye eyae nye ame si mafɔ ɖe tsitre le Nuwuwuŋkekea dzi. 55 Elabena nye ŋutilãe nye nuɖuɖu vavã la eye nye ʋue nye nunono vavã la. 56 Ame sia ame si ɖua nye ŋutilã eye wònoa nye ʋu lae, nye ame si le menye eye nye hã mele eme. 57 Nye la mele agbe, elabena Fofo gbagbe si dɔm ɖa la na ŋusẽm, eye nenema ke ame siwo ɖua nye ŋutilã la, anɔ agbe elabena mena agbe wo. 58 Nyee nye Abolo vavã si tso dziƒo va, ame sia ame si aɖu Abolo sia ƒe ɖe la anɔ agbe tso mavɔ me yi mavɔ me, eye maku abe ale si mia fofowo ku togbɔ be woɖu abolo si tso dziƒo la hã ene o.” 59 Yesu gblɔ nya siawo katã le esime wònɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum. 60 Eƒe nusrɔ̃lawo ŋutɔ gɔ̃ hã gblɔ bena, “Nyateƒe, Aƒetɔ ƒe nya siawo gɔmesese sesẽ ŋutɔ. Ame kae ate ŋu ase wo gɔme?” 61 Yesu kpɔe dze sii be yeƒe nusrɔ̃lawo le luʋiliʋĩ lĩm, eya ta ebia wo bena, “Ɖe nye nyawo ɖia mia nua? 62 Ne ele alea ɖe, ale ke miabu nenye be miekpɔ nye Mesia, alo Amegbetɔ Vi la, metrɔ yina dziƒo ake? 63 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la koe naa agbe mavɔ. Wɔna aɖeke mele ŋutilã la ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la Gbɔgbɔ la kple agbe la le wo me. 64 Gake va se ɖe fifia la mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke. 65 Yesu gblɔ mlɔeba be, “Nya si megblɔ va yi lae nye nu si mewɔnɛ esi megblɔ be ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo la ŋutɔe hee ɖe ŋunye.” 66 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, eƒe nusrɔ̃la geɖewo trɔ dzo le egbɔ hegblẽe ɖi. 67 Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu eye wòbia wo bena, “Miawo hã miedi be yewoadzoa?” 68 Simɔn Petro ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Wò ko sie agbe mavɔ nya la le. 69 Míexɔe se eye mienyae bena wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔe la.” 70 Yesu trɔ gblɔ nɛ be, “Mi ame wuievee metia, gake ame ɖeke le mia dome si nye Abosam!” 71 Yesu gblɔ nya sia tso Yuda, Simɔn Iskariɔt vi, ame si nye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, eye wònye ame si atsɔe ade asi na eƒe futɔwo la ŋu.

In Other Versions

John 6 in the ANGEFD

John 6 in the ANTPNG2D

John 6 in the AS21

John 6 in the BAGH

John 6 in the BBPNG

John 6 in the BBT1E

John 6 in the BDS

John 6 in the BHAD

John 6 in the BIB

John 6 in the BLPT

John 6 in the BNT

John 6 in the BNTABOOT

John 6 in the BNTLV

John 6 in the BOATCB

John 6 in the BOATCB2

John 6 in the BOBCV

John 6 in the BOCNT

John 6 in the BOECS

John 6 in the BOGWICC

John 6 in the BOHCB

John 6 in the BOHCV

John 6 in the BOHLNT

John 6 in the BOHNTLTAL

John 6 in the BOICB

John 6 in the BOILNTAP

John 6 in the BOITCV

John 6 in the BOKCV

John 6 in the BOKCV2

John 6 in the BOKHWOG

John 6 in the BOKSSV

John 6 in the BOLCB

John 6 in the BOLCB2

John 6 in the BOMCV

John 6 in the BONAV

John 6 in the BONCB

John 6 in the BONLT

John 6 in the BONUT2

John 6 in the BOPLNT

John 6 in the BOSCB

John 6 in the BOSNC

John 6 in the BOTLNT

John 6 in the BOVCB

John 6 in the BOYCB

John 6 in the BPBB

John 6 in the BPH

John 6 in the BSB

John 6 in the CCB

John 6 in the CUV

John 6 in the CUVS

John 6 in the DBT

John 6 in the DGDNT

John 6 in the DHNT

John 6 in the DNT

John 6 in the ELBE

John 6 in the EMTV

John 6 in the ESV

John 6 in the FBV

John 6 in the FEB

John 6 in the GGMNT

John 6 in the GNT

John 6 in the HARY

John 6 in the HNT

John 6 in the IRVA

John 6 in the IRVB

John 6 in the IRVG

John 6 in the IRVH

John 6 in the IRVK

John 6 in the IRVM

John 6 in the IRVM2

John 6 in the IRVO

John 6 in the IRVP

John 6 in the IRVT

John 6 in the IRVT2

John 6 in the IRVU

John 6 in the ISVN

John 6 in the JSNT

John 6 in the KAPI

John 6 in the KBT1ETNIK

John 6 in the KBV

John 6 in the KJV

John 6 in the KNFD

John 6 in the LBA

John 6 in the LBLA

John 6 in the LNT

John 6 in the LSV

John 6 in the MAAL

John 6 in the MBV

John 6 in the MBV2

John 6 in the MHNT

John 6 in the MKNFD

John 6 in the MNG

John 6 in the MNT

John 6 in the MNT2

John 6 in the MRS1T

John 6 in the NAA

John 6 in the NASB

John 6 in the NBLA

John 6 in the NBS

John 6 in the NBVTP

John 6 in the NET2

John 6 in the NIV11

John 6 in the NNT

John 6 in the NNT2

John 6 in the NNT3

John 6 in the PDDPT

John 6 in the PFNT

John 6 in the RMNT

John 6 in the SBIAS

John 6 in the SBIBS

John 6 in the SBIBS2

John 6 in the SBICS

John 6 in the SBIDS

John 6 in the SBIGS

John 6 in the SBIHS

John 6 in the SBIIS

John 6 in the SBIIS2

John 6 in the SBIIS3

John 6 in the SBIKS

John 6 in the SBIKS2

John 6 in the SBIMS

John 6 in the SBIOS

John 6 in the SBIPS

John 6 in the SBISS

John 6 in the SBITS

John 6 in the SBITS2

John 6 in the SBITS3

John 6 in the SBITS4

John 6 in the SBIUS

John 6 in the SBIVS

John 6 in the SBT

John 6 in the SBT1E

John 6 in the SCHL

John 6 in the SNT

John 6 in the SUSU

John 6 in the SUSU2

John 6 in the SYNO

John 6 in the TBIAOTANT

John 6 in the TBT1E

John 6 in the TBT1E2

John 6 in the TFTIP

John 6 in the TFTU

John 6 in the TGNTATF3T

John 6 in the THAI

John 6 in the TNFD

John 6 in the TNT

John 6 in the TNTIK

John 6 in the TNTIL

John 6 in the TNTIN

John 6 in the TNTIP

John 6 in the TNTIZ

John 6 in the TOMA

John 6 in the TTENT

John 6 in the UBG

John 6 in the UGV

John 6 in the UGV2

John 6 in the UGV3

John 6 in the VBL

John 6 in the VDCC

John 6 in the YALU

John 6 in the YAPE

John 6 in the YBVTP

John 6 in the ZBP