Matthew 12 (BEV)

1 Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me yina afi aɖe. Gbe ma gbe nye Sabat ŋkeke. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum ɣemaɣi eya ta woŋe bli aɖewo eye woklẽ wo heɖu. 2 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo eye wohe nya ɖe Yesu ŋu gblɔ bena, “Wò nusrɔ̃lawo le sea dzi dam. Elabena wole nu ŋem le Sabat ŋkeke dzi.” 3 Ke Yesu bia wo be, “Miexlẽ nu si Fia David kple eŋutimewo wɔ esi dɔ wu wo la oa? 4 Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si wòle be Osɔfowo ko naɖu la. 5 Miexlẽe le Mose ƒe segbalẽa me kpɔ be Osɔfo siwo le dɔ wɔm le gbedoxɔ me la kpɔ mɔ awɔ dɔ le Sabat ŋkekea dzi oa? 6 Le nyateƒe me la, ame aɖe le afi sia si de ŋgɔ boo wu gbedoxɔ sia! 7 Mawunya aɖe gblɔ be, ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele tso mia gbɔ ke menye miaƒe vɔsawo o.’ Ne ɖe miese mawunya sia gɔme la anye ne miahe nya ɖe ame siwo medze agɔ o la ŋu o. 8 Elabena Amegbetɔ Vi la, nye Aƒetɔ na Sabat ŋkekea gɔ̃ hã.” 9 Le esia megbe la, eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe 10 eye wòkpɔ ame aɖe si titi lé asi na le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake bena, “Ele sea nu be woada gbe le ame ŋu le Sabat ŋkekea dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “E”, ale be yewoalée. 11 Ke Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Nenye be alẽ wò ge ɖe vudo me le Sabat ŋkeke dzi ɖe màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo! 12 Ke ɖe amegbetɔ ƒe agbe mele vevie tsɔ wu alẽ tɔ oa? Eya ta enyo vavã be woawɔ dɔ nyui le Sabat ŋkekea dzi.” 13 Azɔ egblɔ na ame si titi lé asi na bena, “Dzɔ wò asi”, eye esi wòdzɔe la, eƒe asi gaɖɔ ɖo abe evelia ene. 14 Le nu si Yesu wɔ ta la, Farisitɔwo yɔ takpekpe kpata aɖe bena yewoawɔ ɖoɖo ɖe ale si yewoawɔ alée awu ŋuti. 15 Yesu nya susu vɔ̃ si ɖom Farisitɔawo nɔ eya ta edzo le ƒuƒoƒea, ke ame geɖewo kplɔe ɖo hoo eye wòda gbe le dɔnɔ siwo katã le wo dome la ŋu. 16 Ke exlɔ̃ nu wo vevie be womegagblɔ nukunu siwo wɔm yele la na amewo o. 17 Esia wu Yesaya ƒe nya si wògblɔ ɖi tso eŋuti nu bena, 18 “Nye kɔ nàkpɔ nye Dɔla la ɖa, kpɔ ame sia ɖa, eyae nye nye Ametiatia la. Eyae nye nye Lɔlɔ̃tɔ, si ŋu nye luʋɔ kpɔa dzidzɔ le. Made nye Gbɔgbɔ eme eye wòadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo. 19 Mewɔa dzre alo doa ɣli o, eye mèle eƒe gbe se ge le ablɔwo dzi hã o! 20 Mewɔa fu ame gblɔewo alo tsia woƒe mɔkpɔkpɔ suetɔ gɔ̃ hã nu o. Le eƒe dziɖuɖu mlɔetɔ me la, atsi dzrehehe ɖe sia ɖe nu. 21 Eye eƒe ŋkɔ anye xexeame katã ƒe mɔkpɔkpɔ.” 22 Azɔ wokplɔ ame aɖe, si me gbɔgbɔ vɔ̃ le, eye wònye ŋkuagbãtɔ kple aɖetututɔ la va Yesu gbɔe eye wòda gbe le eŋu ale be wòte ŋu nɔ nu ƒom henɔ nu kpɔm nyuie hã. 23 Nukunu sia wɔ moya na ameha la ale gbegbe be wodo ɣli gblɔ be, “Alo ame siae nye David Vi la?” 24 Esi Farisitɔwo se nukunu si Yesu wɔ la wogblɔ le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃ le amewo me to Belzebub si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la ƒe ŋusẽ me.” 25 Yesu nya nu si gblɔm wonɔ eya ta eɖo ŋu na wo bena, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo. Eye du alo aƒe si ma hetsi tre ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã. 26 Nenye be Satana gale Satana nyam le amewo me la, ekema eya hã tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu. Ale ke lawɔ eƒe fiaɖuƒe la anɔ te mahã? 27 Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Satana ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ kae miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. 28 Nenye be Mawu ƒe Gbɔgbɔe metsɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyami la, ekema minyae be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome. 29 Nenye be ame aɖe di be yeagbã Satana ƒe fiaɖuƒe la, ele nɛ be woalé Satana abla ɖe ka me gbã. Eye mɔ sia dzi koe woate ŋu ato anya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me. 30 Misee be ame si mele dzinye o la etsi tre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna. 31 “Eya ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ nu vɔ̃ sia nu vɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo, ke busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋu ya la womatsɔe ake o. 32 Ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Amegbetɔvi la ŋuti la woatsɔe akee, ke ne ame aɖe agblɔ nya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe ŋuti la womatsɔe akee le agbe sia kple agbe si le vava ge la me o. 33 “Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena eye ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo. 34 Mi, da ƒe dzidzimeviwo! Aleke mi ame vɔ̃ɖi siawo miate ŋu agblɔ nya nyui aɖe? Elabena nya sia nya si ame gblɔna la tso eƒe dzi me. 35 Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũ kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana. 36 Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, mia dometɔ ɖe sia ɖe ana akɔnta le nya vlo ɖe sia ɖe si ado tso eƒe nu me la ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la. 37 Eya ta minyae bena nya si ado tso miaƒe nume fifia lae afia afi si mianɔ le ʋɔnudrɔ̃gbe la eye eyae woatsɔ atso afia na mi loo, alo woatsɔ abu fɔ mi.” 38 Tete Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo kple Farisitɔ aɖewo bia tso esi be, “Nufiala, míedi dzesi kple nukunu aɖe tso gbɔwò.” 39 Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena, “Dzidzime vɔ̃ɖi wɔahasi le dzesi kple nukunu dim. Ke ɖeke meli wu nyagblɔɖila Yona ƒe dzesi la o. 40 Elabena ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔme ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tume ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃. 41 Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo atsi tre ɖe dukɔ sia ŋuti eye woabu fɔ mi. Elabena esi Yona gblɔ mawunya na wo la wotrɔ dzime, ɖe asi le woƒe nu tovowo wɔwɔ ŋu hetrɔ ɖe Mawu gbɔ. Ke azɔ la, ame aɖe le mia dome si de ŋgɔ wu Yona boo gake miegbe be yewomaxɔ edzi ase o. 42 Fianyɔnu si tso Sheba la atsi tre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Salomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ bena yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Salomo la le mia dome. 43 “Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyina gbedzi afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, 44 ekema egblɔna be, ‘Matrɔ agayi aƒe si me medo le la boŋ’ Ne etrɔ va la ekpɔna be aƒea me ɖigbɔlo, wokplɔ eme nyuie eye nu sia nu le ɖoɖo nu. 45 Ekema gbɔgbɔ vɔ̃ la yina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vlo wu eya ŋutɔ, eye wogena ɖe aƒea me nɔa afi ma. Esia wɔnɛ be amea ƒe nɔnɔme vɔ̃ɖina wu tsãtɔ. Alea tututue wòanɔ na dzidzime vɔ̃ɖi siae.” 46 Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviaŋutsuwo nɔ aƒea godo eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii. 47 Ame aɖe gblɔe nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo le egodo le didim be yewoƒo nu kpli wò.” 48 Yesu bia amea be, “Ame kae nye danye eye ame kawoe nye nɔvinyeŋutsuwo?” 49 Azɔ edo esi ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ gblɔ bena, “Mikpɔ ame siawo ɖa! Woawoe nye danye kple nɔvinyeŋutsuwo.” 50 Eyi edzi be, “Ame si le Fofonye si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae nye danye, nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu.”

In Other Versions

Matthew 12 in the ANGEFD

Matthew 12 in the ANTPNG2D

Matthew 12 in the AS21

Matthew 12 in the BAGH

Matthew 12 in the BBPNG

Matthew 12 in the BBT1E

Matthew 12 in the BDS

Matthew 12 in the BHAD

Matthew 12 in the BIB

Matthew 12 in the BLPT

Matthew 12 in the BNT

Matthew 12 in the BNTABOOT

Matthew 12 in the BNTLV

Matthew 12 in the BOATCB

Matthew 12 in the BOATCB2

Matthew 12 in the BOBCV

Matthew 12 in the BOCNT

Matthew 12 in the BOECS

Matthew 12 in the BOGWICC

Matthew 12 in the BOHCB

Matthew 12 in the BOHCV

Matthew 12 in the BOHLNT

Matthew 12 in the BOHNTLTAL

Matthew 12 in the BOICB

Matthew 12 in the BOILNTAP

Matthew 12 in the BOITCV

Matthew 12 in the BOKCV

Matthew 12 in the BOKCV2

Matthew 12 in the BOKHWOG

Matthew 12 in the BOKSSV

Matthew 12 in the BOLCB

Matthew 12 in the BOLCB2

Matthew 12 in the BOMCV

Matthew 12 in the BONAV

Matthew 12 in the BONCB

Matthew 12 in the BONLT

Matthew 12 in the BONUT2

Matthew 12 in the BOPLNT

Matthew 12 in the BOSCB

Matthew 12 in the BOSNC

Matthew 12 in the BOTLNT

Matthew 12 in the BOVCB

Matthew 12 in the BOYCB

Matthew 12 in the BPBB

Matthew 12 in the BPH

Matthew 12 in the BSB

Matthew 12 in the CCB

Matthew 12 in the CUV

Matthew 12 in the CUVS

Matthew 12 in the DBT

Matthew 12 in the DGDNT

Matthew 12 in the DHNT

Matthew 12 in the DNT

Matthew 12 in the ELBE

Matthew 12 in the EMTV

Matthew 12 in the ESV

Matthew 12 in the FBV

Matthew 12 in the FEB

Matthew 12 in the GGMNT

Matthew 12 in the GNT

Matthew 12 in the HARY

Matthew 12 in the HNT

Matthew 12 in the IRVA

Matthew 12 in the IRVB

Matthew 12 in the IRVG

Matthew 12 in the IRVH

Matthew 12 in the IRVK

Matthew 12 in the IRVM

Matthew 12 in the IRVM2

Matthew 12 in the IRVO

Matthew 12 in the IRVP

Matthew 12 in the IRVT

Matthew 12 in the IRVT2

Matthew 12 in the IRVU

Matthew 12 in the ISVN

Matthew 12 in the JSNT

Matthew 12 in the KAPI

Matthew 12 in the KBT1ETNIK

Matthew 12 in the KBV

Matthew 12 in the KJV

Matthew 12 in the KNFD

Matthew 12 in the LBA

Matthew 12 in the LBLA

Matthew 12 in the LNT

Matthew 12 in the LSV

Matthew 12 in the MAAL

Matthew 12 in the MBV

Matthew 12 in the MBV2

Matthew 12 in the MHNT

Matthew 12 in the MKNFD

Matthew 12 in the MNG

Matthew 12 in the MNT

Matthew 12 in the MNT2

Matthew 12 in the MRS1T

Matthew 12 in the NAA

Matthew 12 in the NASB

Matthew 12 in the NBLA

Matthew 12 in the NBS

Matthew 12 in the NBVTP

Matthew 12 in the NET2

Matthew 12 in the NIV11

Matthew 12 in the NNT

Matthew 12 in the NNT2

Matthew 12 in the NNT3

Matthew 12 in the PDDPT

Matthew 12 in the PFNT

Matthew 12 in the RMNT

Matthew 12 in the SBIAS

Matthew 12 in the SBIBS

Matthew 12 in the SBIBS2

Matthew 12 in the SBICS

Matthew 12 in the SBIDS

Matthew 12 in the SBIGS

Matthew 12 in the SBIHS

Matthew 12 in the SBIIS

Matthew 12 in the SBIIS2

Matthew 12 in the SBIIS3

Matthew 12 in the SBIKS

Matthew 12 in the SBIKS2

Matthew 12 in the SBIMS

Matthew 12 in the SBIOS

Matthew 12 in the SBIPS

Matthew 12 in the SBISS

Matthew 12 in the SBITS

Matthew 12 in the SBITS2

Matthew 12 in the SBITS3

Matthew 12 in the SBITS4

Matthew 12 in the SBIUS

Matthew 12 in the SBIVS

Matthew 12 in the SBT

Matthew 12 in the SBT1E

Matthew 12 in the SCHL

Matthew 12 in the SNT

Matthew 12 in the SUSU

Matthew 12 in the SUSU2

Matthew 12 in the SYNO

Matthew 12 in the TBIAOTANT

Matthew 12 in the TBT1E

Matthew 12 in the TBT1E2

Matthew 12 in the TFTIP

Matthew 12 in the TFTU

Matthew 12 in the TGNTATF3T

Matthew 12 in the THAI

Matthew 12 in the TNFD

Matthew 12 in the TNT

Matthew 12 in the TNTIK

Matthew 12 in the TNTIL

Matthew 12 in the TNTIN

Matthew 12 in the TNTIP

Matthew 12 in the TNTIZ

Matthew 12 in the TOMA

Matthew 12 in the TTENT

Matthew 12 in the UBG

Matthew 12 in the UGV

Matthew 12 in the UGV2

Matthew 12 in the UGV3

Matthew 12 in the VBL

Matthew 12 in the VDCC

Matthew 12 in the YALU

Matthew 12 in the YAPE

Matthew 12 in the YBVTP

Matthew 12 in the ZBP