Matthew 18 (BEV)

1 Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Ame kae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?” 2 Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ eye wòtsɔe ɖo nusrɔ̃lawo ŋkume. 3 Azɔ egblɔ na wo be, “Ne ame aɖe metsri nu vɔ̃ eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o. 4 Eya ta ame si bɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene la, eyae age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me. 5 Eye mia dometɔ si axɔ ɖevi aɖe abe esia ene le nye ŋkɔ me la, nyee nye ma wòxɔ. 6 Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me eye woano tsi aku boŋ. 7 “Babaa na xexeame le nu siwo naa amewo wɔa nu vɔ̃ ta! Nu siawo ava eme tsã, gake babaa na ame si dzi woato ava! 8 Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lãlɛ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ me. 9 Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le etome ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, ke nàyi dzo mavɔ me. 10 “Mikpɔ nyuie bena miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ aɖeke o elabena woƒe mawudɔlawo le Fofonye ŋkume le dziƒo ɣesiaɣi. 11 Amegbetɔ Vi la va be yeaɖe ame siwo bu. 12 “Nenye be alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si eye ɖeka bu la ale ke wòawɔ? Ɖe magblẽ alẽ blaasieke-vɔ-asieke mamlɛawo ɖi ayi aɖadi ɖeka si bu le togbɛwo dzi oa? 13 Eye nenye be wòkpɔ alẽa ɖe, makpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe ɖe eŋu tsɔ wu blaasieke-vɔ-asieke siwo le dedie le aƒe oa? 14 Nenema ke menye Fofonye ƒe didi be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã nabu o. 15 “Nenye be nɔviwò aɖe dze agɔ le dziwò la, yi egbɔ dzaa ne naɖe nu si wòwɔ la fiae. Nenye be ese eɖokui gɔme eye wòɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò sia ƒe agbe. 16 Ke nenye be wògbe meɖo to wò o la, kplɔ nɔviwò bubu ɖeka alo eve ɖe asi ne miayi egbɔ ake be ame sia wo naɖu ɖasefo na wò. 17 Nenye be wògbe esia hã la, tsɔ nya la yi na hamea, eye ne hamea tso afia na wò gake melɔ̃ ɖe edzi o la, ekema woaɖee le hame. 18 Mele egblɔm na mi bena nu sia nu si miabla le anyigba dzi la, anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo. 19 “Mele egblɔm na mi hã be, ne mi ame eve miewɔ ɖeka la anyigba dzi bia nane Fofonye si le dziƒo la awɔe na mi. 20 Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, manɔ wo dome.” 21 Azɔ Petro te ɖe eŋu eye wòbiae be, “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye ada vo ɖe ŋutinye eye matsɔe akee? Zi adrea?” 22 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, menye zi adre o, ke boŋ zi blaadrẽ teƒe adre.” 23 Azɔ Yesu do lo sia be, “Dziƒofiaɖuƒe la sɔ kple fia aɖe si di be yeawɔ akɔnta kple eƒe dɔlawo. 24 Esi wònɔ akɔnta la wɔm la, wokplɔ eƒe fenyila ɖeka vɛ, ame sia nyi fe sidi akpe akpewo le esi. 25 Fenyila la mate ŋu axe fea o, eya ta fia la ɖe gbe be woadzra ŋutsu sia srɔ̃, viawo kple woƒe nu sia nu atsɔ xe fe lae. 26 “Ke ŋutsua dze klo ɖe fia la kɔme ɖe kuku nɛ be, ‘O, Aƒetɔ, meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie, ne mava xe fea katã na wò emegbe.’ 27 “Ŋutsua ƒe nu wɔ nublanui na fia la ale gbegbe be wòɖe asi le eŋu eye wòtsɔ fe si wònyi la hã kee. 28 “Ke esi dɔla sia do go yina la, edo go ehavi dɔ la bubu, ame si nyi sidi alafa aɖewo ko ƒe fe le esi. Eti kpo dze edzi helé awu ɖe vɛ nɛ eye wòbia tso esi be, ‘Xe fe si nènyi le asinye la nam!’ 29 “Ŋutsu sia hã dze klo ɖe kuku nɛ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam vie ekema maxe fe la katã na wò.’ 30 “Gake ŋutsu vɔ̃ɖi sia gbe asiɖeɖe le fenyila la ŋuti eye wòna wolée de mɔ va se ɖe esime wòaxe fea katã nɛ. 31 “Ŋutsu nublanuitɔ sia ƒe xɔlɔ̃ aɖe kpɔ nu si dzɔ eye wòyi ɖaka nya la ta na fia la. 32 Fia la yɔ ŋutsu vɔ̃ɖi si wòtsɔ fe kee la va egbɔ eye wògblɔ nɛ bena, ‘Wò dɔla vɔ̃ɖi tagbɔsesẽtɔ! Nye ya metsɔ fe gbogbo si nènyi le asinye la ke wò esi neɖe kuku nam. 33 Nu ka ta wò hã màkpɔ nublanui na amewo abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wò ene o?’ 34 “Fia la do dɔmedzoe ɖe ŋutsu sia ŋu vevie eye wòna wodee gaxɔ me afi si fukpekpe le, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòxe fe siwo katã wònyi la pesewa afã hã masusɔ o. 35 Alea tututu Fofonye si le dziƒo la hã awɔ na mi nenye be mietsɔ nu vɔ̃wo ke mia nɔewo tso miaƒe dzime o.”

In Other Versions

Matthew 18 in the ANGEFD

Matthew 18 in the ANTPNG2D

Matthew 18 in the AS21

Matthew 18 in the BAGH

Matthew 18 in the BBPNG

Matthew 18 in the BBT1E

Matthew 18 in the BDS

Matthew 18 in the BHAD

Matthew 18 in the BIB

Matthew 18 in the BLPT

Matthew 18 in the BNT

Matthew 18 in the BNTABOOT

Matthew 18 in the BNTLV

Matthew 18 in the BOATCB

Matthew 18 in the BOATCB2

Matthew 18 in the BOBCV

Matthew 18 in the BOCNT

Matthew 18 in the BOECS

Matthew 18 in the BOGWICC

Matthew 18 in the BOHCB

Matthew 18 in the BOHCV

Matthew 18 in the BOHLNT

Matthew 18 in the BOHNTLTAL

Matthew 18 in the BOICB

Matthew 18 in the BOILNTAP

Matthew 18 in the BOITCV

Matthew 18 in the BOKCV

Matthew 18 in the BOKCV2

Matthew 18 in the BOKHWOG

Matthew 18 in the BOKSSV

Matthew 18 in the BOLCB

Matthew 18 in the BOLCB2

Matthew 18 in the BOMCV

Matthew 18 in the BONAV

Matthew 18 in the BONCB

Matthew 18 in the BONLT

Matthew 18 in the BONUT2

Matthew 18 in the BOPLNT

Matthew 18 in the BOSCB

Matthew 18 in the BOSNC

Matthew 18 in the BOTLNT

Matthew 18 in the BOVCB

Matthew 18 in the BOYCB

Matthew 18 in the BPBB

Matthew 18 in the BPH

Matthew 18 in the BSB

Matthew 18 in the CCB

Matthew 18 in the CUV

Matthew 18 in the CUVS

Matthew 18 in the DBT

Matthew 18 in the DGDNT

Matthew 18 in the DHNT

Matthew 18 in the DNT

Matthew 18 in the ELBE

Matthew 18 in the EMTV

Matthew 18 in the ESV

Matthew 18 in the FBV

Matthew 18 in the FEB

Matthew 18 in the GGMNT

Matthew 18 in the GNT

Matthew 18 in the HARY

Matthew 18 in the HNT

Matthew 18 in the IRVA

Matthew 18 in the IRVB

Matthew 18 in the IRVG

Matthew 18 in the IRVH

Matthew 18 in the IRVK

Matthew 18 in the IRVM

Matthew 18 in the IRVM2

Matthew 18 in the IRVO

Matthew 18 in the IRVP

Matthew 18 in the IRVT

Matthew 18 in the IRVT2

Matthew 18 in the IRVU

Matthew 18 in the ISVN

Matthew 18 in the JSNT

Matthew 18 in the KAPI

Matthew 18 in the KBT1ETNIK

Matthew 18 in the KBV

Matthew 18 in the KJV

Matthew 18 in the KNFD

Matthew 18 in the LBA

Matthew 18 in the LBLA

Matthew 18 in the LNT

Matthew 18 in the LSV

Matthew 18 in the MAAL

Matthew 18 in the MBV

Matthew 18 in the MBV2

Matthew 18 in the MHNT

Matthew 18 in the MKNFD

Matthew 18 in the MNG

Matthew 18 in the MNT

Matthew 18 in the MNT2

Matthew 18 in the MRS1T

Matthew 18 in the NAA

Matthew 18 in the NASB

Matthew 18 in the NBLA

Matthew 18 in the NBS

Matthew 18 in the NBVTP

Matthew 18 in the NET2

Matthew 18 in the NIV11

Matthew 18 in the NNT

Matthew 18 in the NNT2

Matthew 18 in the NNT3

Matthew 18 in the PDDPT

Matthew 18 in the PFNT

Matthew 18 in the RMNT

Matthew 18 in the SBIAS

Matthew 18 in the SBIBS

Matthew 18 in the SBIBS2

Matthew 18 in the SBICS

Matthew 18 in the SBIDS

Matthew 18 in the SBIGS

Matthew 18 in the SBIHS

Matthew 18 in the SBIIS

Matthew 18 in the SBIIS2

Matthew 18 in the SBIIS3

Matthew 18 in the SBIKS

Matthew 18 in the SBIKS2

Matthew 18 in the SBIMS

Matthew 18 in the SBIOS

Matthew 18 in the SBIPS

Matthew 18 in the SBISS

Matthew 18 in the SBITS

Matthew 18 in the SBITS2

Matthew 18 in the SBITS3

Matthew 18 in the SBITS4

Matthew 18 in the SBIUS

Matthew 18 in the SBIVS

Matthew 18 in the SBT

Matthew 18 in the SBT1E

Matthew 18 in the SCHL

Matthew 18 in the SNT

Matthew 18 in the SUSU

Matthew 18 in the SUSU2

Matthew 18 in the SYNO

Matthew 18 in the TBIAOTANT

Matthew 18 in the TBT1E

Matthew 18 in the TBT1E2

Matthew 18 in the TFTIP

Matthew 18 in the TFTU

Matthew 18 in the TGNTATF3T

Matthew 18 in the THAI

Matthew 18 in the TNFD

Matthew 18 in the TNT

Matthew 18 in the TNTIK

Matthew 18 in the TNTIL

Matthew 18 in the TNTIN

Matthew 18 in the TNTIP

Matthew 18 in the TNTIZ

Matthew 18 in the TOMA

Matthew 18 in the TTENT

Matthew 18 in the UBG

Matthew 18 in the UGV

Matthew 18 in the UGV2

Matthew 18 in the UGV3

Matthew 18 in the VBL

Matthew 18 in the VDCC

Matthew 18 in the YALU

Matthew 18 in the YAPE

Matthew 18 in the YBVTP

Matthew 18 in the ZBP