Matthew 22 (BEV)

1 Yesu gado lo bubu na ameha la gblɔ be, 2 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe Fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene. 3 Wokpe ame geɖewo ɖe kplɔ̃ sia ŋu eye esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, fia la ɖo dɔlawo ɖe ame kpekpeawo be woava elabena ɣeyiɣia ɖo be wɔnawo nadze egɔme, gake ame kpekpewo katã gbe womeva o. 4 Fia la gadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Nu sia nu sɔ gbe vɔ, nuɖuɖua bi eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla ne wòava.’ 5 “Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la ɖeko woko nu eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge, ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe. 6 Ke ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu ƒo wo vevie eye woɖi gbɔ̃ ɖewo wu ɖewo gɔ̃ hã. 7 “Fia la do dɔmedzoe ale wodɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ. 8 Le esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo bena, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkekea ɖuɖu gake ame siwo mekpe la, medze na bubu si mede wo ŋu o. 9 Eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃a ŋuti.’ 10 “Dɔlawo wɔ ɖe esia dzi, eye eteƒe medidi o wokplɔ amewo vɛ fũ, ame nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu yɔ fũ kple amewo. 11 Esi fia la ŋutɔ va do be yeado gbe na ame kpekpeawo la, ekpɔ ame ɖeka le wo dome si medo srɔ̃ɖewu si wotsɔ nɛ be wòado la o. 12 “Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ medo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsua ƒe nu tsi te elabena menya nya si tututu wòagblɔ o. 13 Fia la ɖe gbe na eŋutimewo bena ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.’ 14 Elabena woyɔ ame geɖewo ke ame ʋee aɖewo koe nye ame siwo wotia.” 15 Le esia megbe la, Farisitɔwo kpe ta eye wode ŋugble le ale si woawɔ atsɔ biabia aɖe atre mɔ na Yesu alée la ŋu. 16 Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herodia dunyahelawo ŋu eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nefiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o. 17 Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?” 18 Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe tame eya ta ebia wo be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ame kae miedi bena yewoatre mɔ na kple miaƒe aye biabia sia? 19 Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ.” Eye wotsɔ Roma ga ɖeka va fiae. 20 Azɔ ebia wo bena, “Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi eye ame ka ƒe ŋkɔe le ete?” 21 Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” Yesu gblɔ na wo be, “Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu.” 22 Esi wose eƒe ŋuɖoɖoa la, wotsi yaa elabena ewɔ nuku na wo ŋutɔ be wòɖo nya la ŋu nyuie alea eya ta wogblẽe ɖi hedzo. 23 Gake le gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ aɖewo ame siwo mexɔ se bena ame kukuwo atsi tre le nuwuwua o la va egbɔ va biae bena, 24 “Aƒetɔ, Mose de se na mí bena ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosia eye wòadzi vi kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbea ƒe dome. 25 Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ mia dome, woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃ gake medzi vi kple nyɔnua hafi ku o, ale eyometɔ xɔ ahosia ɖe. 26 Gake eya hã medzi vi aɖeke kple nyɔnu sia hafi ku o, eye wo nɔvi etɔ̃lia xɔ ahosia ɖe gake kpao eya hã ku vi madzimadzii. Ale nɔvi ŋutsu adreawo katã ɖe nyɔnu sia kpɔ gake ɖeke medzi vi kplii o. 27 Mlɔeba la nyɔnua ŋutɔ hã va ku. 28 Biabia lae nye be, ame ka tɔ nyɔnu sia azu le tsitretsitsi ŋkekea dzi? Elabena eɖe nɔvi adreawo katã kpɔ!” 29 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o. 30 Elabena le tsitretsitsi ŋkekea dzi srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o; amewo katã anɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. 31 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be, miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae bena miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be, 32 ‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakɔb ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae bena Mawu la, menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.” 33 Yesu ƒe ŋuɖoɖo la wɔ nuku na ameha la ŋutɔ. 34 Ke esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la woƒo wo ɖokui nu ƒu. 35 Eye wodometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebia be, 36 “Nufiala, Se kae nye gãtɔ wu le Mose ƒe seawo dome?” 37 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kpakple wò susu katã. 38 Esiae nye se gbãtɔ kple gãtɔ wu. 39 Esi gakplɔe ɖo lae nye be nalɔ̃ hawòvi abe ale si ko nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene. 40 Wotu se bubuawo katã kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe se eve siawo dzi.” 41 Esia megbe la, Farisitɔwo va ƒo xlãe ale wòbia wo bena, 42 “Ale ke miekpɔ tso Mesia la ŋutɔ ŋu? Ame ka vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be, “David vie!” 43 Yesu gabia wo bena, “Ne enye David vi la, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, eyɔ Mesia la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be, David gblɔ bena 44 ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ bena, nɔ anyi ɖe nye nuɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔtenui.’ 45 “Esime David yɔ Mesia la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, ale ke wɔ wòganye via?” 46 Nyateƒe, biabia la lolo wu wo ale be womete ŋu ɖo eŋuti o. Le esia megbe la ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o.

In Other Versions

Matthew 22 in the ANGEFD

Matthew 22 in the ANTPNG2D

Matthew 22 in the AS21

Matthew 22 in the BAGH

Matthew 22 in the BBPNG

Matthew 22 in the BBT1E

Matthew 22 in the BDS

Matthew 22 in the BHAD

Matthew 22 in the BIB

Matthew 22 in the BLPT

Matthew 22 in the BNT

Matthew 22 in the BNTABOOT

Matthew 22 in the BNTLV

Matthew 22 in the BOATCB

Matthew 22 in the BOATCB2

Matthew 22 in the BOBCV

Matthew 22 in the BOCNT

Matthew 22 in the BOECS

Matthew 22 in the BOGWICC

Matthew 22 in the BOHCB

Matthew 22 in the BOHCV

Matthew 22 in the BOHLNT

Matthew 22 in the BOHNTLTAL

Matthew 22 in the BOICB

Matthew 22 in the BOILNTAP

Matthew 22 in the BOITCV

Matthew 22 in the BOKCV

Matthew 22 in the BOKCV2

Matthew 22 in the BOKHWOG

Matthew 22 in the BOKSSV

Matthew 22 in the BOLCB

Matthew 22 in the BOLCB2

Matthew 22 in the BOMCV

Matthew 22 in the BONAV

Matthew 22 in the BONCB

Matthew 22 in the BONLT

Matthew 22 in the BONUT2

Matthew 22 in the BOPLNT

Matthew 22 in the BOSCB

Matthew 22 in the BOSNC

Matthew 22 in the BOTLNT

Matthew 22 in the BOVCB

Matthew 22 in the BOYCB

Matthew 22 in the BPBB

Matthew 22 in the BPH

Matthew 22 in the BSB

Matthew 22 in the CCB

Matthew 22 in the CUV

Matthew 22 in the CUVS

Matthew 22 in the DBT

Matthew 22 in the DGDNT

Matthew 22 in the DHNT

Matthew 22 in the DNT

Matthew 22 in the ELBE

Matthew 22 in the EMTV

Matthew 22 in the ESV

Matthew 22 in the FBV

Matthew 22 in the FEB

Matthew 22 in the GGMNT

Matthew 22 in the GNT

Matthew 22 in the HARY

Matthew 22 in the HNT

Matthew 22 in the IRVA

Matthew 22 in the IRVB

Matthew 22 in the IRVG

Matthew 22 in the IRVH

Matthew 22 in the IRVK

Matthew 22 in the IRVM

Matthew 22 in the IRVM2

Matthew 22 in the IRVO

Matthew 22 in the IRVP

Matthew 22 in the IRVT

Matthew 22 in the IRVT2

Matthew 22 in the IRVU

Matthew 22 in the ISVN

Matthew 22 in the JSNT

Matthew 22 in the KAPI

Matthew 22 in the KBT1ETNIK

Matthew 22 in the KBV

Matthew 22 in the KJV

Matthew 22 in the KNFD

Matthew 22 in the LBA

Matthew 22 in the LBLA

Matthew 22 in the LNT

Matthew 22 in the LSV

Matthew 22 in the MAAL

Matthew 22 in the MBV

Matthew 22 in the MBV2

Matthew 22 in the MHNT

Matthew 22 in the MKNFD

Matthew 22 in the MNG

Matthew 22 in the MNT

Matthew 22 in the MNT2

Matthew 22 in the MRS1T

Matthew 22 in the NAA

Matthew 22 in the NASB

Matthew 22 in the NBLA

Matthew 22 in the NBS

Matthew 22 in the NBVTP

Matthew 22 in the NET2

Matthew 22 in the NIV11

Matthew 22 in the NNT

Matthew 22 in the NNT2

Matthew 22 in the NNT3

Matthew 22 in the PDDPT

Matthew 22 in the PFNT

Matthew 22 in the RMNT

Matthew 22 in the SBIAS

Matthew 22 in the SBIBS

Matthew 22 in the SBIBS2

Matthew 22 in the SBICS

Matthew 22 in the SBIDS

Matthew 22 in the SBIGS

Matthew 22 in the SBIHS

Matthew 22 in the SBIIS

Matthew 22 in the SBIIS2

Matthew 22 in the SBIIS3

Matthew 22 in the SBIKS

Matthew 22 in the SBIKS2

Matthew 22 in the SBIMS

Matthew 22 in the SBIOS

Matthew 22 in the SBIPS

Matthew 22 in the SBISS

Matthew 22 in the SBITS

Matthew 22 in the SBITS2

Matthew 22 in the SBITS3

Matthew 22 in the SBITS4

Matthew 22 in the SBIUS

Matthew 22 in the SBIVS

Matthew 22 in the SBT

Matthew 22 in the SBT1E

Matthew 22 in the SCHL

Matthew 22 in the SNT

Matthew 22 in the SUSU

Matthew 22 in the SUSU2

Matthew 22 in the SYNO

Matthew 22 in the TBIAOTANT

Matthew 22 in the TBT1E

Matthew 22 in the TBT1E2

Matthew 22 in the TFTIP

Matthew 22 in the TFTU

Matthew 22 in the TGNTATF3T

Matthew 22 in the THAI

Matthew 22 in the TNFD

Matthew 22 in the TNT

Matthew 22 in the TNTIK

Matthew 22 in the TNTIL

Matthew 22 in the TNTIN

Matthew 22 in the TNTIP

Matthew 22 in the TNTIZ

Matthew 22 in the TOMA

Matthew 22 in the TTENT

Matthew 22 in the UBG

Matthew 22 in the UGV

Matthew 22 in the UGV2

Matthew 22 in the UGV3

Matthew 22 in the VBL

Matthew 22 in the VDCC

Matthew 22 in the YALU

Matthew 22 in the YAPE

Matthew 22 in the YBVTP

Matthew 22 in the ZBP