Romans 11 (BEV)

1 Ekema mabia be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo, Yudatɔwo, eye wògblẽ wo ɖia? Ao, mele nenema kura o. Miɖo ŋku edzi be nye ŋutɔ hã Yudatɔe menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye eye metso Benyamin ƒe ƒomea me. 2 Mawu meɖe asi le eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo wòtia tso gɔmedzedzea me ke la ŋu o. Mieɖo ŋku nu si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Eliya esi wònɔ Israelviwo nu tsom na Mawu dzia? 3 Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò Nyagblɔɖilawo eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.” 4 Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko eye womedea ta agu na legbawo o!” 5 Alea ke wògale egbe sia hã. Menye Yudatɔwo katãe de megbe tso Mawu gbɔ o. Ame ʋe aɖewo le xɔxɔ kpɔm le Mawu ƒe amenuveve si wòtsɔ tia woe la ta. 6 Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe nyonyo tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la meganye nunana o, ke boŋ enye nu si ame ŋutɔ wɔ dɔ hekpɔ. 7 Eya ta alea nya la lee nye esi: Yudatɔ geɖewo mekpɔ Mawu ƒe amenuveve si dim wole la o. Wo dometɔ ʋe siwo Mawu tia la kpɔe, ke ame bubuwo ƒe ŋkuwo gbã. 8 Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esi wòxlẽ fia be Mawu na wodɔ alɔ̃, womia woƒe ŋkuwo eye woƒe towo me xe ale be womete ŋu se nu si gblɔm míele tso Kristo ŋu la gɔme o. Aleae wòle va se ɖe egbe. 9 Fia David ƒo nu tso nu ma ke ŋu esi wògblɔ be, “Mina woƒe nuɖuɖu nyuiwo kple yayra bubuwo nana woabu be nu sia nu sɔ le yewo kple Mawu dome. Mina nu nyui siawo nayi atrɔ agbɔ va dze ta dzi na wo eye woagbã wo gudugudu. 10 Mina woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ ale be womagate ŋu akpɔ nu o. Mina agba kpekpe nabi dzime na wo gobaa hafi woanɔ yiyim ɖaa.” 11 Ɖe esia le fiafiam be Mawu gbe Yudatɔwo tegbetegbea? Kura o! Eƒe taɖodzinue nye yeana yeƒe ɖeɖe nanɔ anyi na Trɔ̃subɔlawo hã ekema Yudatɔwo aʋã ŋu eye woadi Mawu ƒe ɖeɖe na woawo ŋutɔwo. 12 Azɔ ne xexeame katã kpɔ yayra to Mawu ƒe ɖeɖenana me la, ekema ne Yudatɔwo agbe Mawu ƒe ɖeɖe la xɔxɔ la, mibu yayra gã si wu esia, si ava xexeame dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu. 13 Abe ale si mienya ene la, Mawu tiam be manye dɔtsɔla tɔxɛ na mi Trɔ̃subɔlawo. Metea gbe ɖe nu sia dzi eye meɖoa ŋku edzi na Yudatɔwo ɣesiaɣi si mate ŋui, 14 ale be, ne mate ŋui la, mana woadi nu si le mi Trɔ̃subɔlawo si eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo. 15 Anye nu wɔnuku gã aɖe ŋutɔ ne wozu kristotɔwo. Mawu ƒe tɔtrɔ le wo yome fia be Mawu trɔ ɖe xexeame ƒe akpa bubuawo ŋu be yeatsɔ yeƒe ɖeɖe ana wo. Aganye nu si awɔ nuku wu ne Yudatɔwo azu kristotɔwo. Anɔ abe ame kukuwo ƒe agbegbɔgbɔ ene. 16 Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã anɔ kɔkɔe. 17 Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo, siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi Trɔ̃subɔlawo, mienye alɔwo tso amiti aɖe si nɔ gbeme la dzi, ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ. 18 Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o. 19 Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame dzadzɛ.” 20 Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ ma siwo nye Yudatɔwo ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o; mibɔbɔ mia ɖokuiwo, mida akpe eye miakpɔ nyuie. 21 Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o. 22 Mide dzesi ale si Mawu nyoa dɔme eye wògahea to hãe. Esẽa asi ɖe ame siwo gbea toɖoɖoe la dzi, ke enyoa dome ne míeyi elɔlɔ̃ kple edzixɔxɔse dzi. Ke ne míelɔ̃e o eye míexɔ edzi se hã o la, alã míawo hã ɖa. 23 Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agaxɔ wo ado ɖe ati la dzi. Ŋusẽ le esi be wòawɔe. 24 Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, mienye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa? 25 Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi eye miade asi dada me o. Ẽ, eme kɔ be Yudatɔ aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi Trɔ̃subɔla siwo katã lɔ̃ la, miava Kristo gbɔ. 26 Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe.Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ado tso Zion eye wòatrɔ Yudatɔwo katã ɖa tso mawumavɔmavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ. 27 Ɣemaɣi me la, maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe ale si medo ŋugbee ene.” 28 Azɔ la Yudatɔ geɖeawo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia nye viɖe na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi Trɔ̃subɔlawo. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakɔb la ta. 29 Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. 30 Tsã la, mienye aglãdzelawo ɖe Mawu ŋu, ke esi Yudatɔwo gbe eƒe nunanawo xɔxɔ la, Mawu ve miawo nu ɖe wo teƒe. 31 Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la, woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me. 32 Elabena Mawu ɖe ŋku ɖa le wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ ta ale be yeate ŋu akpɔ nublanui na amewo katã sɔsɔe. 33 O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si. Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo! Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowo kple ɖoɖowo me akpɔ o! 34 Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya Aƒetɔ la ƒe tame? Ame kae nya nu ale gbegbe be wòate ŋu azu eƒe aɖaŋudela alo mɔfiala? 35 Ame kae ate ŋu adɔ Aƒetɔ la ɖa be wòaɖe mɔ amea nawɔ nane? 36 Elabena Mawu ko gbɔe nu sia nu tsona. Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta, eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee!

In Other Versions

Romans 11 in the ANGEFD

Romans 11 in the ANTPNG2D

Romans 11 in the AS21

Romans 11 in the BAGH

Romans 11 in the BBPNG

Romans 11 in the BBT1E

Romans 11 in the BDS

Romans 11 in the BHAD

Romans 11 in the BIB

Romans 11 in the BLPT

Romans 11 in the BNT

Romans 11 in the BNTABOOT

Romans 11 in the BNTLV

Romans 11 in the BOATCB

Romans 11 in the BOATCB2

Romans 11 in the BOBCV

Romans 11 in the BOCNT

Romans 11 in the BOECS

Romans 11 in the BOGWICC

Romans 11 in the BOHCB

Romans 11 in the BOHCV

Romans 11 in the BOHLNT

Romans 11 in the BOHNTLTAL

Romans 11 in the BOICB

Romans 11 in the BOILNTAP

Romans 11 in the BOITCV

Romans 11 in the BOKCV

Romans 11 in the BOKCV2

Romans 11 in the BOKHWOG

Romans 11 in the BOKSSV

Romans 11 in the BOLCB

Romans 11 in the BOLCB2

Romans 11 in the BOMCV

Romans 11 in the BONAV

Romans 11 in the BONCB

Romans 11 in the BONLT

Romans 11 in the BONUT2

Romans 11 in the BOPLNT

Romans 11 in the BOSCB

Romans 11 in the BOSNC

Romans 11 in the BOTLNT

Romans 11 in the BOVCB

Romans 11 in the BOYCB

Romans 11 in the BPBB

Romans 11 in the BPH

Romans 11 in the BSB

Romans 11 in the CCB

Romans 11 in the CUV

Romans 11 in the CUVS

Romans 11 in the DBT

Romans 11 in the DGDNT

Romans 11 in the DHNT

Romans 11 in the DNT

Romans 11 in the ELBE

Romans 11 in the EMTV

Romans 11 in the ESV

Romans 11 in the FBV

Romans 11 in the FEB

Romans 11 in the GGMNT

Romans 11 in the GNT

Romans 11 in the HARY

Romans 11 in the HNT

Romans 11 in the IRVA

Romans 11 in the IRVB

Romans 11 in the IRVG

Romans 11 in the IRVH

Romans 11 in the IRVK

Romans 11 in the IRVM

Romans 11 in the IRVM2

Romans 11 in the IRVO

Romans 11 in the IRVP

Romans 11 in the IRVT

Romans 11 in the IRVT2

Romans 11 in the IRVU

Romans 11 in the ISVN

Romans 11 in the JSNT

Romans 11 in the KAPI

Romans 11 in the KBT1ETNIK

Romans 11 in the KBV

Romans 11 in the KJV

Romans 11 in the KNFD

Romans 11 in the LBA

Romans 11 in the LBLA

Romans 11 in the LNT

Romans 11 in the LSV

Romans 11 in the MAAL

Romans 11 in the MBV

Romans 11 in the MBV2

Romans 11 in the MHNT

Romans 11 in the MKNFD

Romans 11 in the MNG

Romans 11 in the MNT

Romans 11 in the MNT2

Romans 11 in the MRS1T

Romans 11 in the NAA

Romans 11 in the NASB

Romans 11 in the NBLA

Romans 11 in the NBS

Romans 11 in the NBVTP

Romans 11 in the NET2

Romans 11 in the NIV11

Romans 11 in the NNT

Romans 11 in the NNT2

Romans 11 in the NNT3

Romans 11 in the PDDPT

Romans 11 in the PFNT

Romans 11 in the RMNT

Romans 11 in the SBIAS

Romans 11 in the SBIBS

Romans 11 in the SBIBS2

Romans 11 in the SBICS

Romans 11 in the SBIDS

Romans 11 in the SBIGS

Romans 11 in the SBIHS

Romans 11 in the SBIIS

Romans 11 in the SBIIS2

Romans 11 in the SBIIS3

Romans 11 in the SBIKS

Romans 11 in the SBIKS2

Romans 11 in the SBIMS

Romans 11 in the SBIOS

Romans 11 in the SBIPS

Romans 11 in the SBISS

Romans 11 in the SBITS

Romans 11 in the SBITS2

Romans 11 in the SBITS3

Romans 11 in the SBITS4

Romans 11 in the SBIUS

Romans 11 in the SBIVS

Romans 11 in the SBT

Romans 11 in the SBT1E

Romans 11 in the SCHL

Romans 11 in the SNT

Romans 11 in the SUSU

Romans 11 in the SUSU2

Romans 11 in the SYNO

Romans 11 in the TBIAOTANT

Romans 11 in the TBT1E

Romans 11 in the TBT1E2

Romans 11 in the TFTIP

Romans 11 in the TFTU

Romans 11 in the TGNTATF3T

Romans 11 in the THAI

Romans 11 in the TNFD

Romans 11 in the TNT

Romans 11 in the TNTIK

Romans 11 in the TNTIL

Romans 11 in the TNTIN

Romans 11 in the TNTIP

Romans 11 in the TNTIZ

Romans 11 in the TOMA

Romans 11 in the TTENT

Romans 11 in the UBG

Romans 11 in the UGV

Romans 11 in the UGV2

Romans 11 in the UGV3

Romans 11 in the VBL

Romans 11 in the VDCC

Romans 11 in the YALU

Romans 11 in the YAPE

Romans 11 in the YBVTP

Romans 11 in the ZBP