Romans 11 (BOECS)

1 Azɔ mele biabiam be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo mahã? Gbeɖe! Nye ŋutɔ hã Israeltɔ menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye tso Benyamin ƒomea me. 2 Mawu megbe eƒe ame siwo wòtia tso gɔmedzedzea me ke la o. Mienya nya si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ na Eliya esi wònɔ Israelviwo nu tsom la oa? 3 Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò nyagblɔɖilawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.” 4 Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko, eye womedea ta agu na legbawo o!” 5 Alea ke wògale egbe sia hã. Menye Yudatɔwo katãe de megbe tso Mawu gbɔ o. Ame ʋɛ aɖewo le xɔxɔ kpɔm le Mawu ƒe amenuveve si wòtsɔ tia woe la ta. 6 Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe dɔwɔwɔ tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la, meganye nunana o. 7 Eya ta alea nya la lee nye esi: Israeltɔ geɖewo mekpɔ Mawu ƒe amenuveve si dim wole la o. Wo dometɔ ʋɛ siwo Mawu tia la kpɔe, ke ame susɔewo ƒe ŋkuwo gbã. 8 Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be,“Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo,womia woƒe ŋkuwo,eye woƒe towo me xe,Aleae wòle va se ɖe egbe.” 9 David ƒo nu tso nu ma ke ŋu esi wògblɔ be,“Mina woƒe nuɖuɖu nyuiwo nazu mɔ aɖe woalo woanye nuɖiaɖia kpakple teƒeɖoɖo na wo. 10 Mina woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ, ale be womagate ŋu akpɔ nu o,eye agba kpekpe nabi dzime na wo gobaa hafi woanɔ yiyim ɖaa.” 11 Megale biabiam be: Ɖe Mawu gbe Yudatɔwo tegbetegbea? Gbeɖe! Eƒe taɖodzinue nye be yeana ɖeɖekpɔkpɔ nasu ame siwo menye Yudatɔwo o la hã si, bena Yudatɔwo naʋã ŋu wo. 12 Azɔ ne woƒe anyidzedze zu xexea me katã ƒe yayra, eye woƒe bubu zu ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe yayra la, ekema mibu yayra gã si wu esia si ava xexea me dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu. 13 Abe ale si mienya ene la, Mawu tiam be manye dɔtsɔla tɔxɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi be etsɔ dɔ vevie sia de asi nam 14 ale be ne mate ŋui la, mana nye ŋutɔ nye amewo adi nu si le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la si, eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo. 15 Anye nu wɔnuku gã aɖe ŋutɔ ne wozu kristotɔwo. Mawu ƒe tɔtrɔ le wo yome fia be Mawu trɔ ɖe xexea me ƒe akpa bubuawo ŋu be woakpɔ ɖeɖe abe ame kukuwo ƒe agbegbɔgbɔ ene. 16 Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, nenema ke wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã nɔa kɔkɔe. 17 Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, mienye alɔwo le amiti aɖe si nɔ gbe me la ŋuti; ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo la, eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ. 18 Gake mikpɔ nyuie be miagaƒo adegbe be wotsɔ yewo ɖo atilɔ siwo wolã ɖa la teƒe o. Miɖo ŋku edzi be miele vevie le ale si mienye Mawu ƒe ati la ƒe akpa aɖe la ɖeɖe ko ta; alɔ ko mienye, menye ati la ƒe kee mienye o. 19 Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame dzadzɛ.” 20 Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ siwo nye Yudatɔwo la ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ. 21 Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na atilɔ gbãtɔwo o la, makpɔ nublanui na miawo hã o. 22 Mide dzesi ale si Mawu nyoa dɔ me, eye wògahea to na ame hãe. Eƒe asi sẽna ɖe ame siwo gbea toɖoɖoe la dzi, ke enyoa dɔ me ne míeyi elɔlɔ̃ kple edzixɔxɔ se dzi. Ke ne míelɔ̃e o, eye míexɔ edzi se hã o la, alã míawo hã ɖa. 23 Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu, eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agate ŋu axɔ wo, ado ɖe ati la dzi. 24 Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, ame siwo nye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã, eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa? 25 Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi, eye miade asi dada me o. Ɛ̃, eme kɔ be Israel ƒe ame aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, miava Kristo gbɔ. 26 Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe.Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia?“Xɔla aɖe ava tso Zion,eye wòatrɔ Yakob katã ɖa tso mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ. 27 Ɣe ma ɣi me la,maɖe woƒe nu vɔ̃wo katã ɖa abe nye nubabla kpli wo ene.” 28 Azɔ la, Yudatɔ geɖewo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia ɖe vi na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la ta. 29 Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. 30 Tsã la, mienye aglãdzelawo ɖe Mawu ŋu, ke esi Yudatɔwo gbe eƒe nunanawo xɔxɔ la, Mawu ve miawo nu ɖe wo teƒe. 31 Azɔ la, Yudatɔwoe nye aglãdzelawo. Gake gbe ɖeka la, woawo hã akpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve si wòkɔ ɖe mia dzi la me. 32 Elabena Mawu ɖe ŋku ɖa le wo ŋu le woƒe nu vɔ̃ ta, ale be yeate ŋu akpɔ nublanui na amewo katã sɔsɔe. 33 O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si.Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo!Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowokple ɖoɖowo me akpɔ o! 34 “Elabena mía dometɔ kae ate ŋu anya Aƒetɔ la ƒe susu?Ame kae nya nu egbegbe be wòate ŋu azu eƒe adaŋudela alo mɔfiala?” 35 “Ame kae tre nunana Mawu,be wòagaɖo eteƒe nɛ mahã?” 36 Elabena Mawu gbɔ ko nu sia nu tsona.Nu sia nu le agbe le eya ko ƒe ŋusẽ ta,eye nu sia nu li na eƒe ŋutikɔkɔe.Ŋutikɔkɔe nanye etɔ tegbee! Amen.

In Other Versions

Romans 11 in the ANGEFD

Romans 11 in the ANTPNG2D

Romans 11 in the AS21

Romans 11 in the BAGH

Romans 11 in the BBPNG

Romans 11 in the BBT1E

Romans 11 in the BDS

Romans 11 in the BEV

Romans 11 in the BHAD

Romans 11 in the BIB

Romans 11 in the BLPT

Romans 11 in the BNT

Romans 11 in the BNTABOOT

Romans 11 in the BNTLV

Romans 11 in the BOATCB

Romans 11 in the BOATCB2

Romans 11 in the BOBCV

Romans 11 in the BOCNT

Romans 11 in the BOGWICC

Romans 11 in the BOHCB

Romans 11 in the BOHCV

Romans 11 in the BOHLNT

Romans 11 in the BOHNTLTAL

Romans 11 in the BOICB

Romans 11 in the BOILNTAP

Romans 11 in the BOITCV

Romans 11 in the BOKCV

Romans 11 in the BOKCV2

Romans 11 in the BOKHWOG

Romans 11 in the BOKSSV

Romans 11 in the BOLCB

Romans 11 in the BOLCB2

Romans 11 in the BOMCV

Romans 11 in the BONAV

Romans 11 in the BONCB

Romans 11 in the BONLT

Romans 11 in the BONUT2

Romans 11 in the BOPLNT

Romans 11 in the BOSCB

Romans 11 in the BOSNC

Romans 11 in the BOTLNT

Romans 11 in the BOVCB

Romans 11 in the BOYCB

Romans 11 in the BPBB

Romans 11 in the BPH

Romans 11 in the BSB

Romans 11 in the CCB

Romans 11 in the CUV

Romans 11 in the CUVS

Romans 11 in the DBT

Romans 11 in the DGDNT

Romans 11 in the DHNT

Romans 11 in the DNT

Romans 11 in the ELBE

Romans 11 in the EMTV

Romans 11 in the ESV

Romans 11 in the FBV

Romans 11 in the FEB

Romans 11 in the GGMNT

Romans 11 in the GNT

Romans 11 in the HARY

Romans 11 in the HNT

Romans 11 in the IRVA

Romans 11 in the IRVB

Romans 11 in the IRVG

Romans 11 in the IRVH

Romans 11 in the IRVK

Romans 11 in the IRVM

Romans 11 in the IRVM2

Romans 11 in the IRVO

Romans 11 in the IRVP

Romans 11 in the IRVT

Romans 11 in the IRVT2

Romans 11 in the IRVU

Romans 11 in the ISVN

Romans 11 in the JSNT

Romans 11 in the KAPI

Romans 11 in the KBT1ETNIK

Romans 11 in the KBV

Romans 11 in the KJV

Romans 11 in the KNFD

Romans 11 in the LBA

Romans 11 in the LBLA

Romans 11 in the LNT

Romans 11 in the LSV

Romans 11 in the MAAL

Romans 11 in the MBV

Romans 11 in the MBV2

Romans 11 in the MHNT

Romans 11 in the MKNFD

Romans 11 in the MNG

Romans 11 in the MNT

Romans 11 in the MNT2

Romans 11 in the MRS1T

Romans 11 in the NAA

Romans 11 in the NASB

Romans 11 in the NBLA

Romans 11 in the NBS

Romans 11 in the NBVTP

Romans 11 in the NET2

Romans 11 in the NIV11

Romans 11 in the NNT

Romans 11 in the NNT2

Romans 11 in the NNT3

Romans 11 in the PDDPT

Romans 11 in the PFNT

Romans 11 in the RMNT

Romans 11 in the SBIAS

Romans 11 in the SBIBS

Romans 11 in the SBIBS2

Romans 11 in the SBICS

Romans 11 in the SBIDS

Romans 11 in the SBIGS

Romans 11 in the SBIHS

Romans 11 in the SBIIS

Romans 11 in the SBIIS2

Romans 11 in the SBIIS3

Romans 11 in the SBIKS

Romans 11 in the SBIKS2

Romans 11 in the SBIMS

Romans 11 in the SBIOS

Romans 11 in the SBIPS

Romans 11 in the SBISS

Romans 11 in the SBITS

Romans 11 in the SBITS2

Romans 11 in the SBITS3

Romans 11 in the SBITS4

Romans 11 in the SBIUS

Romans 11 in the SBIVS

Romans 11 in the SBT

Romans 11 in the SBT1E

Romans 11 in the SCHL

Romans 11 in the SNT

Romans 11 in the SUSU

Romans 11 in the SUSU2

Romans 11 in the SYNO

Romans 11 in the TBIAOTANT

Romans 11 in the TBT1E

Romans 11 in the TBT1E2

Romans 11 in the TFTIP

Romans 11 in the TFTU

Romans 11 in the TGNTATF3T

Romans 11 in the THAI

Romans 11 in the TNFD

Romans 11 in the TNT

Romans 11 in the TNTIK

Romans 11 in the TNTIL

Romans 11 in the TNTIN

Romans 11 in the TNTIP

Romans 11 in the TNTIZ

Romans 11 in the TOMA

Romans 11 in the TTENT

Romans 11 in the UBG

Romans 11 in the UGV

Romans 11 in the UGV2

Romans 11 in the UGV3

Romans 11 in the VBL

Romans 11 in the VDCC

Romans 11 in the YALU

Romans 11 in the YAPE

Romans 11 in the YBVTP

Romans 11 in the ZBP