Romans 6 (BEV)

1 Enyo, ekema ɖe wòle be míanɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ale be Mawu nate ŋu anɔ nublanuikpɔkpɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke dzia? 2 Gbeɖe! Esi míeku na nu vɔ̃ la ale ke wɔ míaganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã? 3 Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na mí ɖe eƒe ku me oa? 4 Esi wòku la, woɖi miaƒe nu vɔ̃ lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme xoxo la kplii to mawutsideta me. Esi Mawu, Fofo la, fɔe ɖe tsitre to eƒe ŋusẽ me la, wotsɔ agbe yeye wɔnuku sia na mi. 5 Elabena miezu eyama ƒe akpa aɖe eya ta mieku kplii esi wòku. Azɔ la, miekpɔ gome le eƒe agbe yeyea me eye miatsi tsitre abe eya ke ene. 6 Woklã miaƒe dzodzro vɔ̃ɖi xoxoawo ɖe atisoga la ŋu kplii. Wode kubi miaƒe nɔnɔme si lɔ̃a nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu ale be miaƒe ŋutilã si lɔ̃a nu vɔ̃ wɔwɔ la, megale nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ te loo alo ganye kluvi na nu vɔ̃ o. 7 Elabena esi mietsri nu vɔ̃ ko la, mievo tso ŋusẽ si nu vɔ̃ ƒe amebeble kpɔ ɖe mia dzi tsã la me. 8 Eye esi miaƒe nɔnɔme si me nu vɔ̃ lɔlɔ̃ yɔ la “ku” kple Kristo la, míenya be míakpɔ gome le eƒe agbe yeyea me. 9 Kristo fɔ tso ame kukuwo dome eye magaku akpɔ o. Ku megakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o. 10 Eku zi ɖeka ko be yeaɖe nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ ɖa, ke azɔ la, ele agbe le hadede mavɔ me kple Mawu tegbetegbe. 11 Eya ta mibu miaƒe nɔnɔme xoxo si lɔ̃ nu vɔ̃ wɔwɔ la abe ɖe wòku eye nu vɔ̃ megakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o ene, ke boŋ minɔ agbe na Mawu eye mianɔ ŋudzɔ nɛ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la, me. 12 Migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã dzi azɔ o, eye migana nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo naɖu mia dzi o. 13 Migana miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke nazu dɔwɔnu na vɔɖivɔ̃ɖinyenye o, ke boŋ mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa ɖe sia ɖe na Mawu le goawo katã me, elabena miefɔ tso ku me eye miedi be yewoazu ŋudɔwɔnu le Mawu ƒe asime, be wòawɔ mia ŋudɔ hena eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ. 14 Mele be nu vɔ̃ naganye miaƒe dziɖula o, elabena azɔ la, miegale se siwo kplɔ mi le esime mienya nu vɔ̃ ƒe kluviwo la te o, ke mievo azɔ esi miele Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ te. 15 Ɖe esia le fiafiam be azɔ la, míate ŋu ayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi eye míagatsi dzi le eŋu oa? Gbeɖe! Elabena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ meku ɖe sedziwɔwɔ ŋu o, ke boŋ eku ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu. 16 Ɖe miedze sii be yewoate ŋu atia Aƒetɔ na yewo ɖokui oa? Miate ŋu atia nu vɔ̃ eye ku akpe ɖe eŋu alo miate ŋu atia toɖoɖo eye tsɔtsɔke akpe ɖe eŋu. Wo dometɔ si mietsɔ mia ɖokuiwo na la, eyae axɔ mi eye wòanye miaƒe aƒetɔ eye miawo mianye eƒe kluviwo. 17 Mida akpe na Mawu be togbɔ be mietia tsã be yewoanye kluviwo na nu vɔ̃ hã, azɔ la, mietsɔ miaƒe dzi blibo xɔ nufiafia si Mawu tsɔ na mi. 18 Azɔ la, mievo tso miaƒe aƒetɔ xoxoa si nye nu vɔ̃, sime eye miezu kluviwo na miaƒe aƒetɔ yeyea si nye dzɔdzɔenyenye. 19 Mele nu ƒom alea eye metsɔ kluviwo kple aƒetɔwo le kpɔɖeŋu ɖom elabena wo gɔmesese le bɔdɔe. Abe ale si mienye kluviwo tsã na nu vɔ̃ vovovowo ene la, nenema kee wòle be miatsɔ mia ɖokuiwo awɔ kluviwo azɔ na nu siwo katã nyo eye wole kɔkɔe. 20 Le ɣemaɣi esi mienye kluviwo na nu vɔ̃ la, mietsi dzi ɖe nyuiwɔwɔ ŋu tututu o. 21 Nu kae do tso eme? Eme kɔ ƒãa be nyui aɖeke medo tso eme o, elabena ŋu le mia kpem fifia le nu siwo miewɔna tsã la ŋububu gɔ̃ hã ŋu, elabena nu mawo katã kplɔ mi yi tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. 22 Ke azɔ la, mievo tso nu vɔ̃ ƒe ŋusẽtenɔnɔ me. Miezu kluviwo na Mawu eye kɔkɔenyenye kple agbe mavɔ le viɖe siwo miakpɔ tso Mawu gbɔ la dome. 23 Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la me.

In Other Versions

Romans 6 in the ANGEFD

Romans 6 in the ANTPNG2D

Romans 6 in the AS21

Romans 6 in the BAGH

Romans 6 in the BBPNG

Romans 6 in the BBT1E

Romans 6 in the BDS

Romans 6 in the BHAD

Romans 6 in the BIB

Romans 6 in the BLPT

Romans 6 in the BNT

Romans 6 in the BNTABOOT

Romans 6 in the BNTLV

Romans 6 in the BOATCB

Romans 6 in the BOATCB2

Romans 6 in the BOBCV

Romans 6 in the BOCNT

Romans 6 in the BOECS

Romans 6 in the BOGWICC

Romans 6 in the BOHCB

Romans 6 in the BOHCV

Romans 6 in the BOHLNT

Romans 6 in the BOHNTLTAL

Romans 6 in the BOICB

Romans 6 in the BOILNTAP

Romans 6 in the BOITCV

Romans 6 in the BOKCV

Romans 6 in the BOKCV2

Romans 6 in the BOKHWOG

Romans 6 in the BOKSSV

Romans 6 in the BOLCB

Romans 6 in the BOLCB2

Romans 6 in the BOMCV

Romans 6 in the BONAV

Romans 6 in the BONCB

Romans 6 in the BONLT

Romans 6 in the BONUT2

Romans 6 in the BOPLNT

Romans 6 in the BOSCB

Romans 6 in the BOSNC

Romans 6 in the BOTLNT

Romans 6 in the BOVCB

Romans 6 in the BOYCB

Romans 6 in the BPBB

Romans 6 in the BPH

Romans 6 in the BSB

Romans 6 in the CCB

Romans 6 in the CUV

Romans 6 in the CUVS

Romans 6 in the DBT

Romans 6 in the DGDNT

Romans 6 in the DHNT

Romans 6 in the DNT

Romans 6 in the ELBE

Romans 6 in the EMTV

Romans 6 in the ESV

Romans 6 in the FBV

Romans 6 in the FEB

Romans 6 in the GGMNT

Romans 6 in the GNT

Romans 6 in the HARY

Romans 6 in the HNT

Romans 6 in the IRVA

Romans 6 in the IRVB

Romans 6 in the IRVG

Romans 6 in the IRVH

Romans 6 in the IRVK

Romans 6 in the IRVM

Romans 6 in the IRVM2

Romans 6 in the IRVO

Romans 6 in the IRVP

Romans 6 in the IRVT

Romans 6 in the IRVT2

Romans 6 in the IRVU

Romans 6 in the ISVN

Romans 6 in the JSNT

Romans 6 in the KAPI

Romans 6 in the KBT1ETNIK

Romans 6 in the KBV

Romans 6 in the KJV

Romans 6 in the KNFD

Romans 6 in the LBA

Romans 6 in the LBLA

Romans 6 in the LNT

Romans 6 in the LSV

Romans 6 in the MAAL

Romans 6 in the MBV

Romans 6 in the MBV2

Romans 6 in the MHNT

Romans 6 in the MKNFD

Romans 6 in the MNG

Romans 6 in the MNT

Romans 6 in the MNT2

Romans 6 in the MRS1T

Romans 6 in the NAA

Romans 6 in the NASB

Romans 6 in the NBLA

Romans 6 in the NBS

Romans 6 in the NBVTP

Romans 6 in the NET2

Romans 6 in the NIV11

Romans 6 in the NNT

Romans 6 in the NNT2

Romans 6 in the NNT3

Romans 6 in the PDDPT

Romans 6 in the PFNT

Romans 6 in the RMNT

Romans 6 in the SBIAS

Romans 6 in the SBIBS

Romans 6 in the SBIBS2

Romans 6 in the SBICS

Romans 6 in the SBIDS

Romans 6 in the SBIGS

Romans 6 in the SBIHS

Romans 6 in the SBIIS

Romans 6 in the SBIIS2

Romans 6 in the SBIIS3

Romans 6 in the SBIKS

Romans 6 in the SBIKS2

Romans 6 in the SBIMS

Romans 6 in the SBIOS

Romans 6 in the SBIPS

Romans 6 in the SBISS

Romans 6 in the SBITS

Romans 6 in the SBITS2

Romans 6 in the SBITS3

Romans 6 in the SBITS4

Romans 6 in the SBIUS

Romans 6 in the SBIVS

Romans 6 in the SBT

Romans 6 in the SBT1E

Romans 6 in the SCHL

Romans 6 in the SNT

Romans 6 in the SUSU

Romans 6 in the SUSU2

Romans 6 in the SYNO

Romans 6 in the TBIAOTANT

Romans 6 in the TBT1E

Romans 6 in the TBT1E2

Romans 6 in the TFTIP

Romans 6 in the TFTU

Romans 6 in the TGNTATF3T

Romans 6 in the THAI

Romans 6 in the TNFD

Romans 6 in the TNT

Romans 6 in the TNTIK

Romans 6 in the TNTIL

Romans 6 in the TNTIN

Romans 6 in the TNTIP

Romans 6 in the TNTIZ

Romans 6 in the TOMA

Romans 6 in the TTENT

Romans 6 in the UBG

Romans 6 in the UGV

Romans 6 in the UGV2

Romans 6 in the UGV3

Romans 6 in the VBL

Romans 6 in the VDCC

Romans 6 in the YALU

Romans 6 in the YAPE

Romans 6 in the YBVTP

Romans 6 in the ZBP