Ezekiel 27 (BOECS)

1 Yehowa ƒe nya va nam be, 2 “Ame vi, dzi konyifaha ku ɖe Tiro ŋu. 3 Gblɔ nya na Tiro, du si wotu ɖe atsiaƒu ƒe agbo nu, asitsala, na ame siwo le ƒuta. Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:“Ègblɔ be, ‘Tiro,mede blibo le nyonyo me.’ 4 Wò nɔƒe nɔ atsiaƒu dzi,ame siwo tu wò la na wò nyonyo de blibo. 5 Wotsɔ sesewu tso Senir wɔ wò xɔtutiwo,eye wotsɔ sedati tso Lebanonhewɔ abaladoti na wò. 6 Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe,wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe,eye wofa nyiɖu ɖe eŋu. 7 Egiptetɔwo ƒe aklala si me wolɔ̃ nu ŋɔŋɔewo ɖonye wò abala, eye wonye wo aflaga;wò agbadɔwoe nye avɔ blɔtɔkple dzĩtɔ tso Elisa ƒuta. 8 Sidon kple Arvad ŋutsuwo nye wò ʋukulawo,eye Tiro, wò aɖaŋutɔwoe nye wò tɔdzidɔwɔlawo. 9 Aɖaŋudɔwɔla tsitsiwo tso Gebal nɔwò tɔdziʋuwo me be woatre wò gbagbãƒewo.Tɔdziʋu siwo katã le ƒu dzikple woƒe tɔdziʋumedɔwɔlawo va be yewoatsa asi,aƒle wò adzɔnuwo. 10 “Ŋutsuwo tso Persia, Lidia kple Putnye asrafowo le wò aʋakɔ me.Woku woƒe akpoxɔnuwo kple kukuwo ɖewò gliwo ŋu, eye woɖo atsyɔ̃ na wò. 11 Ŋutsuwo tso Arvad kple Helek dzɔwò gliwo ŋu le akpawo katã,eye ŋutsuwo tso Gamad nye wò gbetakpɔlawo.Wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu,eye wodo wò nyonyo ɖe dzi bobobo. 12 “Tarsis wɔ dɔ kple wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ɖɔli wò adzɔnuwoe. 13 “Griktɔwo, Tubaltɔwo kple Mesektɔwo tsa asi kpli wò. Wotsɔ kluviwo kple nu siwo wowɔ kple akɔbli la ɖɔli wò adzɔnuwoe. 14 “Ŋutsuwo tso Bet Togarma tsɔ dɔwɔsɔwo, aʋadesɔwo kple tedziwo ɖɔli wò adzɔnuwoe. 15 “Ŋutsuwo tso Rods tsa asi kpli wò, eye amewo tso ƒuta du ɖe sia ɖe me nye wò nuƒlelawo. Woxe fe na wò kple nyiɖu kple avemeti sesẽwo. 16 “Aram tsa asi kpli wò le nu geɖe siwo nèwɔ la ta. Etsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ ŋɔŋɔe, aklala, sui kple gbloti ɖɔli wò adzɔnuwoe. 17 “Yuda kple Israel wotsa asi kpli wò. Wotsɔ lu tso Minit, ƒo, anyitsi, ami kple lifi ɖɔli wò adzɔnuwoe. 18 “Le wò nuwɔwɔ geɖewo kple wò adzɔnu gbogboawo ta la, Damasko tsa asi kpli wò le wain tso Helbon kple lãfu tso Zahar me. 19 “Danitɔwo kple Griktɔwo tso Uzal ƒle wò adzɔnuwo. Wotsɔ gayibɔ, kasiatiwo kple gbeke ɖɔli wò adzɔnuwoe. 20 “Dedan tsa asi kpli wò kple sɔdokundruwo. 21 “Arabia kple Kedar ƒe dziɖulawo katã nye wò nuƒlelawo. Wotsɔ woƒe agbowo, alẽviwo kple gbɔ̃wo tsa asi kpli wò. 22 “Asitsalawo tso Seba kple Raama tsa asi kpli wò le wò adzɔnuwo ta. Woɖɔli nu ʋeʋĩ nyuitɔ ɖe sia ɖe kple kpe xɔasiwo kple sika. 23 “Haran, Kane kple Eden kple Seba ƒe asitsalawo, Asur, Geba kple Kilmad wotsa asi kpli wò. 24 Le wò asi me la, wotsa asi kpli wò kple awu dzeaniwo, aɖabɛ blɔtɔ ƒe awu ʋlayawo, avɔ ŋɔŋɔewo, kundru ŋɔŋɔe siwo wolɔ̃ kple ka si wotro hesa nyuie. 25 “Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo.Wò adzɔnuwo sɔ gbɔ le atsiaƒu la dzi. 26 Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi.Ke ɣedzeƒeya agbã wò ɖe atsiaƒu titina, afli wò wuliwuli. 27 Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwokple adzɔnuwo, tɔdziʋukulawo,wò kuɖɔɖolawo kple wò gbagbãƒetrelawo,wò adzɔnuɖɔlilawo, wò aʋawɔlawo katãkple wò ameha blibo si le ʋua me la,anyrɔ ɖe atsiaƒu la titinagbe si gbe wò tɔdziʋu anyrɔ. 28 Ne wò ƒudzidɔwɔlawo do ɣli la,ƒutanyigbawo aʋuʋu kpekpekpe. 29 Ame siwo wɔa wò akɔfawo ŋu dɔ la,agble woƒe tɔdziʋuwo ɖi,ʋukulawo kple tɔdzidɔwɔlawo katã atsi tsitre ɖe ƒuta. 30 Woakɔ woƒe gbe dzi, eye woafa avi vevie ɖe tawò,woakɔ ʋuʋudedi ɖe woƒe tawo dzi,eye woamli le dzowɔ me. 31 Woalũ ta ɖe tawò, eye woata akpanya.Woafa avi ɖe tawò kple luʋɔ ƒe vevesesekple konyifafa vevie. 32 Ne wofa avi, eye wofa konyi ɖe tawò la,woakpa konyifaha aɖe ɖe ŋuwò be,Ame kae wona wòzi ɖoɖoe kpɔ abe Tiro,du si atsiaƒu ƒo xlãe ene? 33 Esi wò adzɔnuwo yi ƒu dzi la,èna dukɔ geɖewo ɖi ƒo.Ètsɔ wò hotsui gbogbo ɖi ƒo na anyigbadzifiawo. 34 Azɔ la, atsiaƒu na nègba gudugudule tsiwo ƒe gogloƒe,wò adzɔnuwo kple wò amewo katã woyi to kple wò. 35 Ƒutatɔwo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò;woƒe fiawo le dzodzom nyanyanya kple ŋɔdzi,eye woyɔ mo kple vɔvɔ̃. 36 Asitsalawo le dukɔwo dome le fewu ɖum le ŋuwò.Èva ɖo wò nuwuwu si dzi ŋɔ, eye màganɔ anyi o.”

In Other Versions

Ezekiel 27 in the ANGEFD

Ezekiel 27 in the ANTPNG2D

Ezekiel 27 in the AS21

Ezekiel 27 in the BAGH

Ezekiel 27 in the BBPNG

Ezekiel 27 in the BBT1E

Ezekiel 27 in the BDS

Ezekiel 27 in the BEV

Ezekiel 27 in the BHAD

Ezekiel 27 in the BIB

Ezekiel 27 in the BLPT

Ezekiel 27 in the BNT

Ezekiel 27 in the BNTABOOT

Ezekiel 27 in the BNTLV

Ezekiel 27 in the BOATCB

Ezekiel 27 in the BOATCB2

Ezekiel 27 in the BOBCV

Ezekiel 27 in the BOCNT

Ezekiel 27 in the BOGWICC

Ezekiel 27 in the BOHCB

Ezekiel 27 in the BOHCV

Ezekiel 27 in the BOHLNT

Ezekiel 27 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 27 in the BOICB

Ezekiel 27 in the BOILNTAP

Ezekiel 27 in the BOITCV

Ezekiel 27 in the BOKCV

Ezekiel 27 in the BOKCV2

Ezekiel 27 in the BOKHWOG

Ezekiel 27 in the BOKSSV

Ezekiel 27 in the BOLCB

Ezekiel 27 in the BOLCB2

Ezekiel 27 in the BOMCV

Ezekiel 27 in the BONAV

Ezekiel 27 in the BONCB

Ezekiel 27 in the BONLT

Ezekiel 27 in the BONUT2

Ezekiel 27 in the BOPLNT

Ezekiel 27 in the BOSCB

Ezekiel 27 in the BOSNC

Ezekiel 27 in the BOTLNT

Ezekiel 27 in the BOVCB

Ezekiel 27 in the BOYCB

Ezekiel 27 in the BPBB

Ezekiel 27 in the BPH

Ezekiel 27 in the BSB

Ezekiel 27 in the CCB

Ezekiel 27 in the CUV

Ezekiel 27 in the CUVS

Ezekiel 27 in the DBT

Ezekiel 27 in the DGDNT

Ezekiel 27 in the DHNT

Ezekiel 27 in the DNT

Ezekiel 27 in the ELBE

Ezekiel 27 in the EMTV

Ezekiel 27 in the ESV

Ezekiel 27 in the FBV

Ezekiel 27 in the FEB

Ezekiel 27 in the GGMNT

Ezekiel 27 in the GNT

Ezekiel 27 in the HARY

Ezekiel 27 in the HNT

Ezekiel 27 in the IRVA

Ezekiel 27 in the IRVB

Ezekiel 27 in the IRVG

Ezekiel 27 in the IRVH

Ezekiel 27 in the IRVK

Ezekiel 27 in the IRVM

Ezekiel 27 in the IRVM2

Ezekiel 27 in the IRVO

Ezekiel 27 in the IRVP

Ezekiel 27 in the IRVT

Ezekiel 27 in the IRVT2

Ezekiel 27 in the IRVU

Ezekiel 27 in the ISVN

Ezekiel 27 in the JSNT

Ezekiel 27 in the KAPI

Ezekiel 27 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 27 in the KBV

Ezekiel 27 in the KJV

Ezekiel 27 in the KNFD

Ezekiel 27 in the LBA

Ezekiel 27 in the LBLA

Ezekiel 27 in the LNT

Ezekiel 27 in the LSV

Ezekiel 27 in the MAAL

Ezekiel 27 in the MBV

Ezekiel 27 in the MBV2

Ezekiel 27 in the MHNT

Ezekiel 27 in the MKNFD

Ezekiel 27 in the MNG

Ezekiel 27 in the MNT

Ezekiel 27 in the MNT2

Ezekiel 27 in the MRS1T

Ezekiel 27 in the NAA

Ezekiel 27 in the NASB

Ezekiel 27 in the NBLA

Ezekiel 27 in the NBS

Ezekiel 27 in the NBVTP

Ezekiel 27 in the NET2

Ezekiel 27 in the NIV11

Ezekiel 27 in the NNT

Ezekiel 27 in the NNT2

Ezekiel 27 in the NNT3

Ezekiel 27 in the PDDPT

Ezekiel 27 in the PFNT

Ezekiel 27 in the RMNT

Ezekiel 27 in the SBIAS

Ezekiel 27 in the SBIBS

Ezekiel 27 in the SBIBS2

Ezekiel 27 in the SBICS

Ezekiel 27 in the SBIDS

Ezekiel 27 in the SBIGS

Ezekiel 27 in the SBIHS

Ezekiel 27 in the SBIIS

Ezekiel 27 in the SBIIS2

Ezekiel 27 in the SBIIS3

Ezekiel 27 in the SBIKS

Ezekiel 27 in the SBIKS2

Ezekiel 27 in the SBIMS

Ezekiel 27 in the SBIOS

Ezekiel 27 in the SBIPS

Ezekiel 27 in the SBISS

Ezekiel 27 in the SBITS

Ezekiel 27 in the SBITS2

Ezekiel 27 in the SBITS3

Ezekiel 27 in the SBITS4

Ezekiel 27 in the SBIUS

Ezekiel 27 in the SBIVS

Ezekiel 27 in the SBT

Ezekiel 27 in the SBT1E

Ezekiel 27 in the SCHL

Ezekiel 27 in the SNT

Ezekiel 27 in the SUSU

Ezekiel 27 in the SUSU2

Ezekiel 27 in the SYNO

Ezekiel 27 in the TBIAOTANT

Ezekiel 27 in the TBT1E

Ezekiel 27 in the TBT1E2

Ezekiel 27 in the TFTIP

Ezekiel 27 in the TFTU

Ezekiel 27 in the TGNTATF3T

Ezekiel 27 in the THAI

Ezekiel 27 in the TNFD

Ezekiel 27 in the TNT

Ezekiel 27 in the TNTIK

Ezekiel 27 in the TNTIL

Ezekiel 27 in the TNTIN

Ezekiel 27 in the TNTIP

Ezekiel 27 in the TNTIZ

Ezekiel 27 in the TOMA

Ezekiel 27 in the TTENT

Ezekiel 27 in the UBG

Ezekiel 27 in the UGV

Ezekiel 27 in the UGV2

Ezekiel 27 in the UGV3

Ezekiel 27 in the VBL

Ezekiel 27 in the VDCC

Ezekiel 27 in the YALU

Ezekiel 27 in the YAPE

Ezekiel 27 in the YBVTP

Ezekiel 27 in the ZBP