Isaiah 29 (BOECS)

1 Baba na wò, Ariel, Ariel du gã,si me David nɔ.Tsɔ ƒe kpe ɖe ƒe ŋu, eye na wò azãɖuɖuwonanɔ edzi yim ɖaa. 2 Maƒu kpo ɖe Ariel ŋu, afa konyi, axa nu,ekema anɔ nam abe vɔsamlekpui si ƒo ʋu la ene. 3 Maƒu asaɖa anyi aƒo xlã wò godoo.Matu gbetakpɔxɔ sesẽwo aƒo xlã wòe,eye maɖe ʋe ɖe ŋuwò. 4 Woaɖiɖi wò ɖe anyi, eye àƒo nu tso anyigba ƒe tume.Wò nuƒoƒo aɖi hɔlɔhɔlɔ le ke me.Wò gbe aɖi tso anyigba ƒe tume abe ŋɔli tɔ ene,eye tso ke me, wò nuƒoƒo aɖi abe dalĩ dom wole ene. 5 Wò futɔ gbogboawo anɔ abe kewɔ memi ene,eye ŋutasẽlawo ƒe ha anɔ abe tsro si ya lɔ ɖe nu la ene;kasia zi ɖeka kpoyi, 6 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,ava kple dziɖegbe,anyigbaʋuʋu kple gbeɖiɖi gã aɖe.Yaƒoƒo sesẽ, ahom kple dzo ƒe aɖesiwo biaa nu akpe ɖe eŋuti. 7 Dukɔwo ƒe ameha siwo ho aʋa ɖe Ariel ŋuva dze eya ŋutɔ kple eƒe mɔ sesẽwo dzi,eye wòƒu kpo ɖe eŋu la, anɔ abe drɔ̃ealo ŋutega le zã me ene. 8 Abe ale si dɔwuitɔ kua drɔ̃e beyele nu ɖum ene, ke ne enyɔ la, dɔwuame ganɔa anyi,eye abe ale si ame si wum tsikɔ le la kua drɔ̃e beyele tsi nom, ke ne enyɔ la, tsikɔ ganɔa ewum vevie ene la,nenema ke wòanɔ na dukɔwo ƒeameha siwo ho aʋa ɖe Zion to la ŋuti. 9 Miɖo asi nu, eye newɔ nuku na mi.Mitre ŋku, eye mizu ŋkugbagbãtɔwo.Mimu aha, ke menye wain o,minɔ ya mum, ke menye aha sesẽe o. 10 Yehowa na alɔ̃ sesẽ aɖe dze mia dzi.Eyae tre mi nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuwo,eye wòtsyɔ nu ta na mi nukpɔlawo. 11 Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.” 12 Alo ne mietsɔ agbalẽ la na ame si mate ŋu axlẽ nu o hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku xlẽ nu sia nam” la, aɖo eŋu be, “Nyemenya agbalẽxexlẽ o.” 13 Ale Aƒetɔ la gblɔ nye esi,“Ame siawo te va gbɔnye kple woƒe nu,eye wotsɔ woƒe nyawo de bubu ŋunye,ke woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.Subɔsubɔ si wotsɔna nam la nye amegbetɔwoƒe nuɖoɖo siwo wofia wo, 14 eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaakple nukunuwo ƒe nukunu.Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi,eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.” 15 Baba na ame siwo wɔa nu si woate ŋui bewoaɣla woƒe aɖaŋudedewo ɖe Yehowa;ame siwo wɔa woƒe dɔwo le viviti me hegblɔna be,“Ame kae kpɔ mi? Ame kae anya?” 16 Mietrɔ gbo nu sia nu, eye miebu zemelaabe anyi si wòtsɔ le ze mem la ene!Ɖe ze agblɔ na zemela be.“Mènya naneke oa?” 17 Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la,ɖe Lebanon mazu anyigba si nyoa nuku,eye anyigba si nyoa nuku la natrɔ azu ave oa? 18 Gbe ma gbe la,tokunɔwo anɔ abe agbalẽa me nyawo ene,eye tso blukɔ kple viviti me,ŋkugbagbãtɔwo akpɔ nu. 19 Agava eme be hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu,eye ame dahewo akpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu. 20 Ŋutasẽlawo nu ava yi,fewuɖulawo maganɔ anyi o,eye woatsrɔ̃ ame siwo katã kpɔa dzidzɔle nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, 21 ame siwo tsɔa nya dea ame nya me wòzua agɔdzela,ame si trea mɔ na ametaʋlila le ʋɔnu,eye wòtsɔa aʋatsoɖaseɖiɖi deaame dzɔdzɔe nya mee. 22 Eya ta ale Yehowa, ame si ɖe Abraham, gblɔ na Yakob ƒe aƒe lae nye esi,“Ŋu magakpe Yakob azɔ o.Woƒe mo magatsi dãa o. 23 Ne wokpɔ wo viwo le wo dome;nye asinudɔwɔwɔwo la,woalé nye ŋkɔ kɔkɔe la me ɖe asi.Woade dzesi Yakob ƒe kɔkɔetɔ la ƒe kɔkɔenyenye,eye woavɔ̃ Israel ƒe Mawu la. 24 Ame siwo dze aglã le gbɔgbɔ me la,gɔmesese asu wo si, eye tosẽlawo axɔ nufiafia.”

In Other Versions

Isaiah 29 in the ANGEFD

Isaiah 29 in the ANTPNG2D

Isaiah 29 in the AS21

Isaiah 29 in the BAGH

Isaiah 29 in the BBPNG

Isaiah 29 in the BBT1E

Isaiah 29 in the BDS

Isaiah 29 in the BEV

Isaiah 29 in the BHAD

Isaiah 29 in the BIB

Isaiah 29 in the BLPT

Isaiah 29 in the BNT

Isaiah 29 in the BNTABOOT

Isaiah 29 in the BNTLV

Isaiah 29 in the BOATCB

Isaiah 29 in the BOATCB2

Isaiah 29 in the BOBCV

Isaiah 29 in the BOCNT

Isaiah 29 in the BOGWICC

Isaiah 29 in the BOHCB

Isaiah 29 in the BOHCV

Isaiah 29 in the BOHLNT

Isaiah 29 in the BOHNTLTAL

Isaiah 29 in the BOICB

Isaiah 29 in the BOILNTAP

Isaiah 29 in the BOITCV

Isaiah 29 in the BOKCV

Isaiah 29 in the BOKCV2

Isaiah 29 in the BOKHWOG

Isaiah 29 in the BOKSSV

Isaiah 29 in the BOLCB

Isaiah 29 in the BOLCB2

Isaiah 29 in the BOMCV

Isaiah 29 in the BONAV

Isaiah 29 in the BONCB

Isaiah 29 in the BONLT

Isaiah 29 in the BONUT2

Isaiah 29 in the BOPLNT

Isaiah 29 in the BOSCB

Isaiah 29 in the BOSNC

Isaiah 29 in the BOTLNT

Isaiah 29 in the BOVCB

Isaiah 29 in the BOYCB

Isaiah 29 in the BPBB

Isaiah 29 in the BPH

Isaiah 29 in the BSB

Isaiah 29 in the CCB

Isaiah 29 in the CUV

Isaiah 29 in the CUVS

Isaiah 29 in the DBT

Isaiah 29 in the DGDNT

Isaiah 29 in the DHNT

Isaiah 29 in the DNT

Isaiah 29 in the ELBE

Isaiah 29 in the EMTV

Isaiah 29 in the ESV

Isaiah 29 in the FBV

Isaiah 29 in the FEB

Isaiah 29 in the GGMNT

Isaiah 29 in the GNT

Isaiah 29 in the HARY

Isaiah 29 in the HNT

Isaiah 29 in the IRVA

Isaiah 29 in the IRVB

Isaiah 29 in the IRVG

Isaiah 29 in the IRVH

Isaiah 29 in the IRVK

Isaiah 29 in the IRVM

Isaiah 29 in the IRVM2

Isaiah 29 in the IRVO

Isaiah 29 in the IRVP

Isaiah 29 in the IRVT

Isaiah 29 in the IRVT2

Isaiah 29 in the IRVU

Isaiah 29 in the ISVN

Isaiah 29 in the JSNT

Isaiah 29 in the KAPI

Isaiah 29 in the KBT1ETNIK

Isaiah 29 in the KBV

Isaiah 29 in the KJV

Isaiah 29 in the KNFD

Isaiah 29 in the LBA

Isaiah 29 in the LBLA

Isaiah 29 in the LNT

Isaiah 29 in the LSV

Isaiah 29 in the MAAL

Isaiah 29 in the MBV

Isaiah 29 in the MBV2

Isaiah 29 in the MHNT

Isaiah 29 in the MKNFD

Isaiah 29 in the MNG

Isaiah 29 in the MNT

Isaiah 29 in the MNT2

Isaiah 29 in the MRS1T

Isaiah 29 in the NAA

Isaiah 29 in the NASB

Isaiah 29 in the NBLA

Isaiah 29 in the NBS

Isaiah 29 in the NBVTP

Isaiah 29 in the NET2

Isaiah 29 in the NIV11

Isaiah 29 in the NNT

Isaiah 29 in the NNT2

Isaiah 29 in the NNT3

Isaiah 29 in the PDDPT

Isaiah 29 in the PFNT

Isaiah 29 in the RMNT

Isaiah 29 in the SBIAS

Isaiah 29 in the SBIBS

Isaiah 29 in the SBIBS2

Isaiah 29 in the SBICS

Isaiah 29 in the SBIDS

Isaiah 29 in the SBIGS

Isaiah 29 in the SBIHS

Isaiah 29 in the SBIIS

Isaiah 29 in the SBIIS2

Isaiah 29 in the SBIIS3

Isaiah 29 in the SBIKS

Isaiah 29 in the SBIKS2

Isaiah 29 in the SBIMS

Isaiah 29 in the SBIOS

Isaiah 29 in the SBIPS

Isaiah 29 in the SBISS

Isaiah 29 in the SBITS

Isaiah 29 in the SBITS2

Isaiah 29 in the SBITS3

Isaiah 29 in the SBITS4

Isaiah 29 in the SBIUS

Isaiah 29 in the SBIVS

Isaiah 29 in the SBT

Isaiah 29 in the SBT1E

Isaiah 29 in the SCHL

Isaiah 29 in the SNT

Isaiah 29 in the SUSU

Isaiah 29 in the SUSU2

Isaiah 29 in the SYNO

Isaiah 29 in the TBIAOTANT

Isaiah 29 in the TBT1E

Isaiah 29 in the TBT1E2

Isaiah 29 in the TFTIP

Isaiah 29 in the TFTU

Isaiah 29 in the TGNTATF3T

Isaiah 29 in the THAI

Isaiah 29 in the TNFD

Isaiah 29 in the TNT

Isaiah 29 in the TNTIK

Isaiah 29 in the TNTIL

Isaiah 29 in the TNTIN

Isaiah 29 in the TNTIP

Isaiah 29 in the TNTIZ

Isaiah 29 in the TOMA

Isaiah 29 in the TTENT

Isaiah 29 in the UBG

Isaiah 29 in the UGV

Isaiah 29 in the UGV2

Isaiah 29 in the UGV3

Isaiah 29 in the VBL

Isaiah 29 in the VDCC

Isaiah 29 in the YALU

Isaiah 29 in the YAPE

Isaiah 29 in the YBVTP

Isaiah 29 in the ZBP