Jeremiah 31 (BOECS)

1 Yehowa be, “Le ɣe ma ɣi la, manye Israel ƒe ƒomeawo katã ƒe Mawu, eye woanye nye dukɔ.” 2 Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Ame siwo metsi yi nu ola akpɔ amenuveve le gbedadaƒo,mava ana dzudzɔ Israel.” 3 Yehowa ɖe eɖokui fia mi tsã hegblɔ be,“Melɔ̃ wò kple lɔlɔ̃ mavɔ,metsɔ amenuveve he wò ɖe ɖokuinye ŋuti. 4 O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel,magaɖo wò te eye nànɔ te.Agatsɔ wò axatsɛwo ayi ɖe ɣeɖuƒekple ame siwo le dzidzɔ kpɔm. 5 Miagado waintiwo ɖe Samaria ƒe togbɛwo dzi abe tsã ene;agbledelawo ade waingble, eye woaɖu eƒe kutsetse. 6 Ŋkeke li gbɔna, esi gbetakpɔlawo ado ɣlitso Efraim togbɛwo dzi be,‘Miva ne miayi Zion,ɖe Yehowa miaƒe Mawu la gbɔ.’ ” 7 Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob,mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu.Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be,‘O Yehowa, ɖe wò amewo,ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’ 8 Kpɔ ɖa, makplɔ wo tso anyiehenyigba dzi vɛeye maƒo wo nu ƒu tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke,ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, funɔwo kple kulélawo anɔ wo dome;ameha gã aɖe ŋutɔe atrɔ agbɔ. 9 Woatrɔ gbɔ kple avifafa eye woanɔ gbe dom ɖane mekplɔ wo gbɔnae.Makplɔ wo ato mɔ zɔzrɔ̃e si dzi womakli nu le o,ato tɔʋuwo to elabena nyee nye Israel fofoeye Efraim nye viŋutsu ŋgɔgbea nam. 10 “O mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya,miɖe gbeƒãe le ƒutadu didiwo me.Ame si kaka Israel gbẽe la,agaƒo wo nu ƒu eye wòakpɔeƒe alẽha dzi abe alẽkplɔla ene! 11 Elabena Yehowa axɔ Yakob aƒle,eye wòaɖe wo tso ame si sẽ wu wo la ƒe asi me. 12 Woava ado dzidzɔɣli le Zion ƒe togbɛwo dzi.Woatso aseye ɖe Yehowa ƒe nu gbogbo siwo nye,bli, aha yeye, ami, alẽvi kple nyiviwo ŋuti.Woawo anɔ abe amabɔ si wode tsii nyuie la eneeye womagaxa nu azɔ o. 13 Emegbe la, ɖetugbiwo,ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaaaɖu ɣe akpɔ dzidzɔ.Matrɔ woƒe konyifafa wòazu dzidzɔkpɔkpɔeye mana akɔfafa kple dzidzɔkpɔkpɔ wo ɖe nuxaxa teƒe. 14 Matsɔ nu nyui geɖe aɖi ƒo na nunɔlawoeye maɖi ƒo na nye dukɔ hãkple nye nu nyui geɖe.”Yehowae gblɔe. 15 Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Wose konyifagbe kple avifafa vevie le Rama,Rahel le avi fam ɖe viawo taeye wògbe be womegafa akɔ na ye o,elabena viawo megali o.” 16 Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Ɖo asi wò gbe dzi be magafa avi o,kple wò ŋkuwo dzi be womagafa aɖatsi o,elabena fetu li na dɔ si nèwɔ,woatrɔ agbɔ tso futɔwo ƒe anyigba dzi.”Yehowae gblɔe. 17 Yehowa be,“Eya ta mɔkpɔkpɔ li na wò etsɔ si gbɔna.Viwòwo atrɔ ayi ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”Yehowae gblɔe. 18 “Vavãe, mese Efraim wòle nu xam xoxoxo be:‘Èhe to nam abe nyivi si dze aglã la eneeye mexɔ tohehe la.Gaɖom te eye matrɔ agbɔelabena wòe nye Yehowa nye Mawu. 19 Esi metra mɔ la,evem,metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la,meƒo akɔta.Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãaelabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’ 20 Ɖe Efraim menye vinye lɔlɔ̃,vi si ŋu mekpɔa ŋudzedze le oa?Togbɔ be meƒoa nu le eŋu zi geɖe hã la,nye ŋkuwo gale eŋuti ko.Eya ta nye dzi le eyome ɖaaeye mekpɔa nublanui nɛ ŋutɔ,”Yehowae gblɔe. 21 “Mitu dzesidetiwokple mɔfiatiwo ɖe mɔto.Wò ŋku nenɔ mɔ gã la ŋu,mɔ si dzi nèto to eŋu.O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel,trɔ gbɔ, trɔ gbɔ va wò duwo me. 22 O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla,wò vinyɔnu mawɔnuteƒe?Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi,nyɔnu aʋli ŋutsu ta.” 23 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Ne mekplɔ wo tso aboyome gbɔe la, ame siwo le Yudanyigba dzi kple eƒe duwo me la agawɔ nya siawo ŋu dɔ be, ‘Yehowa ayra wò, O, dzɔdzɔenyenye ƒe nɔƒe, O, to kɔkɔe.’ 24 Amewo anɔ anyi ɖekae le Yuda kple eƒe duwo me, agbledelawo kple lãnyilawo siaa. 25 Mana ame siwo gbɔdzɔ la nagbɔ ɖe me eye ame siwo nu ti kɔ na la naɖi ƒo.” 26 Kasia menyɔ tso alɔ̃ me eye metsa ŋku godoo. Alɔ̃ si medɔ la vivi nam ŋutɔ. 27 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi maƒã amegbetɔwo kple lãwo ƒe nuku ɖe Israel kple Yuda ƒe aƒewo me. 28 Abe ale si nye ŋku le wo ŋu be maho wo, malã wo, maxlã wo ɖi, matsrɔ̃ wo eye mahe dzɔgbevɔ̃e va wo dzii ene la, nenema kee manɔ te ɖe wo ŋu be woatu xɔ eye woaƒã nu” Yehowae gblɔe. 29 “Le ŋkeke mawo me la, amewo magagblɔ be, ‘Fofowo ɖu waintsetse gbogbo eye aɖu le viwo nyɔm’ o. 30 Ke boŋ ame sia ame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta eye ame si ɖu waintsetse gbogbo la, eyae aɖu anyɔ.” 31 Yehowa be, “Ɣeyiɣi li gbɔnaesi mabla nu yeyekple Israel ƒe aƒekple Yuda ƒe aƒe. 32 Manɔ abe nu si meblakple wo fofowo eneesi melé woƒe alɔnu bemakplɔ wo do goe le Egipte la ene o.Elabena wotu nye nubablala togbɔ be menye srɔ̃ŋutsu na wo hã,”Yehowae gblɔe. 33 “Esiae nye nubabla kple Israel ƒe aƒe lale ɣeyiɣi ma megbe,” Yehowae gblɔe.“Matsɔ nye se ade woƒe susuwo meeye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋuti.Manye woƒe Mawu,eye woanye nye dukɔ. 34 Ame aɖeke magafia nu ehavialo nɔvia agblɔ be, ‘Dze si Yehowa’ o,elabena wo katã woadze simtso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi,”Yehowae gblɔe.“Elabena matsɔ woƒe vodadawo ake woeye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.” Yehowae gblɔe. 35 Ale Yehowa gblɔe nye esi,ame si ɖoe na ɣebe wòaklẽ le ŋkeke me,ame si ɖe gbe na ɣleti kple ɣletiviwobe woaklẽ le zã me,ame si blu atsiaƒube eƒe tsotsoewo nadze agbo,Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. 36 Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la,eya ko hafi Israel ƒe dzidzimeviwomaganye dukɔ le gbɔnye o.” 37 Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Ne woate ŋu adzidze dziƒoeye woate ŋu adzro anyigba ƒe agunu me akpɔ la,eya ko hafi mate ŋu agbe nu le Israel ƒe dzidzimeviwo katã gbɔle nu siwo katã wowɔ la ta.”Yehowae gblɔe. 38 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esi woagbugbɔ du sia atso nam, tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe Dzogoedzigbo la nu. 39 Woada nudzidzeka tẽe tso afi ma ayi Gareb togbɛ la gbɔ eye woatso eme ado ɖe Goa. 40 Balime afi si wotsɔ ŋutilã kukuwo kple woƒe afiwo ƒu gbe ɖo la katã kple agbleliƒowo me va ke ɖe keke Kidron Balime, le ɣedzeƒe lɔƒo, va se ɖe keke Sɔgbo la ƒe dzogoe dzi, ke anye teƒe kɔkɔe na Yehowa. Womagagbã du sia alo agblẽe akpɔ gbeɖe o.”

In Other Versions

Jeremiah 31 in the ANGEFD

Jeremiah 31 in the ANTPNG2D

Jeremiah 31 in the AS21

Jeremiah 31 in the BAGH

Jeremiah 31 in the BBPNG

Jeremiah 31 in the BBT1E

Jeremiah 31 in the BDS

Jeremiah 31 in the BEV

Jeremiah 31 in the BHAD

Jeremiah 31 in the BIB

Jeremiah 31 in the BLPT

Jeremiah 31 in the BNT

Jeremiah 31 in the BNTABOOT

Jeremiah 31 in the BNTLV

Jeremiah 31 in the BOATCB

Jeremiah 31 in the BOATCB2

Jeremiah 31 in the BOBCV

Jeremiah 31 in the BOCNT

Jeremiah 31 in the BOGWICC

Jeremiah 31 in the BOHCB

Jeremiah 31 in the BOHCV

Jeremiah 31 in the BOHLNT

Jeremiah 31 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 31 in the BOICB

Jeremiah 31 in the BOILNTAP

Jeremiah 31 in the BOITCV

Jeremiah 31 in the BOKCV

Jeremiah 31 in the BOKCV2

Jeremiah 31 in the BOKHWOG

Jeremiah 31 in the BOKSSV

Jeremiah 31 in the BOLCB

Jeremiah 31 in the BOLCB2

Jeremiah 31 in the BOMCV

Jeremiah 31 in the BONAV

Jeremiah 31 in the BONCB

Jeremiah 31 in the BONLT

Jeremiah 31 in the BONUT2

Jeremiah 31 in the BOPLNT

Jeremiah 31 in the BOSCB

Jeremiah 31 in the BOSNC

Jeremiah 31 in the BOTLNT

Jeremiah 31 in the BOVCB

Jeremiah 31 in the BOYCB

Jeremiah 31 in the BPBB

Jeremiah 31 in the BPH

Jeremiah 31 in the BSB

Jeremiah 31 in the CCB

Jeremiah 31 in the CUV

Jeremiah 31 in the CUVS

Jeremiah 31 in the DBT

Jeremiah 31 in the DGDNT

Jeremiah 31 in the DHNT

Jeremiah 31 in the DNT

Jeremiah 31 in the ELBE

Jeremiah 31 in the EMTV

Jeremiah 31 in the ESV

Jeremiah 31 in the FBV

Jeremiah 31 in the FEB

Jeremiah 31 in the GGMNT

Jeremiah 31 in the GNT

Jeremiah 31 in the HARY

Jeremiah 31 in the HNT

Jeremiah 31 in the IRVA

Jeremiah 31 in the IRVB

Jeremiah 31 in the IRVG

Jeremiah 31 in the IRVH

Jeremiah 31 in the IRVK

Jeremiah 31 in the IRVM

Jeremiah 31 in the IRVM2

Jeremiah 31 in the IRVO

Jeremiah 31 in the IRVP

Jeremiah 31 in the IRVT

Jeremiah 31 in the IRVT2

Jeremiah 31 in the IRVU

Jeremiah 31 in the ISVN

Jeremiah 31 in the JSNT

Jeremiah 31 in the KAPI

Jeremiah 31 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 31 in the KBV

Jeremiah 31 in the KJV

Jeremiah 31 in the KNFD

Jeremiah 31 in the LBA

Jeremiah 31 in the LBLA

Jeremiah 31 in the LNT

Jeremiah 31 in the LSV

Jeremiah 31 in the MAAL

Jeremiah 31 in the MBV

Jeremiah 31 in the MBV2

Jeremiah 31 in the MHNT

Jeremiah 31 in the MKNFD

Jeremiah 31 in the MNG

Jeremiah 31 in the MNT

Jeremiah 31 in the MNT2

Jeremiah 31 in the MRS1T

Jeremiah 31 in the NAA

Jeremiah 31 in the NASB

Jeremiah 31 in the NBLA

Jeremiah 31 in the NBS

Jeremiah 31 in the NBVTP

Jeremiah 31 in the NET2

Jeremiah 31 in the NIV11

Jeremiah 31 in the NNT

Jeremiah 31 in the NNT2

Jeremiah 31 in the NNT3

Jeremiah 31 in the PDDPT

Jeremiah 31 in the PFNT

Jeremiah 31 in the RMNT

Jeremiah 31 in the SBIAS

Jeremiah 31 in the SBIBS

Jeremiah 31 in the SBIBS2

Jeremiah 31 in the SBICS

Jeremiah 31 in the SBIDS

Jeremiah 31 in the SBIGS

Jeremiah 31 in the SBIHS

Jeremiah 31 in the SBIIS

Jeremiah 31 in the SBIIS2

Jeremiah 31 in the SBIIS3

Jeremiah 31 in the SBIKS

Jeremiah 31 in the SBIKS2

Jeremiah 31 in the SBIMS

Jeremiah 31 in the SBIOS

Jeremiah 31 in the SBIPS

Jeremiah 31 in the SBISS

Jeremiah 31 in the SBITS

Jeremiah 31 in the SBITS2

Jeremiah 31 in the SBITS3

Jeremiah 31 in the SBITS4

Jeremiah 31 in the SBIUS

Jeremiah 31 in the SBIVS

Jeremiah 31 in the SBT

Jeremiah 31 in the SBT1E

Jeremiah 31 in the SCHL

Jeremiah 31 in the SNT

Jeremiah 31 in the SUSU

Jeremiah 31 in the SUSU2

Jeremiah 31 in the SYNO

Jeremiah 31 in the TBIAOTANT

Jeremiah 31 in the TBT1E

Jeremiah 31 in the TBT1E2

Jeremiah 31 in the TFTIP

Jeremiah 31 in the TFTU

Jeremiah 31 in the TGNTATF3T

Jeremiah 31 in the THAI

Jeremiah 31 in the TNFD

Jeremiah 31 in the TNT

Jeremiah 31 in the TNTIK

Jeremiah 31 in the TNTIL

Jeremiah 31 in the TNTIN

Jeremiah 31 in the TNTIP

Jeremiah 31 in the TNTIZ

Jeremiah 31 in the TOMA

Jeremiah 31 in the TTENT

Jeremiah 31 in the UBG

Jeremiah 31 in the UGV

Jeremiah 31 in the UGV2

Jeremiah 31 in the UGV3

Jeremiah 31 in the VBL

Jeremiah 31 in the VDCC

Jeremiah 31 in the YALU

Jeremiah 31 in the YAPE

Jeremiah 31 in the YBVTP

Jeremiah 31 in the ZBP