Jeremiah 51 (BOECS)

1 Ale Yehowa gblɔe nye esi:“Kpɔ ɖa, maʋã nugblẽla aɖe ƒe gbɔgbɔ ɖe Babiloniakple ame siwo le Leb Kamai ŋuti. 2 Madɔ amedzrowo ɖo ɖe Babilonia bewoagbɔe abe lu ene, eye woatsrɔ̃ eƒe anyigba.Woatsi tsitre ɖe eŋu le go sia go me leeƒe gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi. 3 Mègana woƒe aŋutrɔdala nagahe eƒe dati mealo atsɔ eƒe akpoxɔnu ado o.Mègakpɔ nublanui na eƒe ɖekakpuiwo o,ke boŋ tsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la keŋkeŋkeŋ. 4 Woadze anyi aku ɖe Babiloniaeye woaxɔ abi vevie le eƒe ablɔwo dzi. 5 Elabena Israel kple Yuda ƒe Mawu laYehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, megbe wo o,togbɔ be woƒe anyigba la yɔ fũukple nu vɔ̃ le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋkume hã. 6 “Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe!Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o.Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia,axe fe si dzee la nɛ. 7 Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me,eye wòna xexea me katã mu aha.Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa. 8 Babilonia adze anyi kpata,eye woagbã gudugudu.Fa avi sesĩe ɖe eta!Di dɔyɔmi na eƒe vevesese,ɖewohĩ akpɔ dɔyɔyɔ. 9 “ ‘Anye ne míeyɔ dɔ Babilonia,gake womate ŋu ayɔ dɔe o;mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe du me,agblẽe ɖi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖatɔ dziƒo,eye wòkɔ abe lilikpo ene.’ 10 “ ‘Yehowa tso afia na mí, miva,míaɖe gbeƒã nu si Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ le Zion.’ 11 “Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo!Yehowa de adã ta me na Media fiawoelabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia.Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ. 12 Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu!Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo,miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe,eye mina amewo nade xa ɖi na wo.Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi,awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi. 13 Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo toeye kesinɔnu geɖewo le mia si,miaƒe nuwuwu ɖo,ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi, 14 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,ta eɖokui ƒe agbe be:Mana amewo nayɔ mewò fũuabe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene,eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò. 15 “Eƒe ŋusẽ wòtsɔ wɔ anyigbae;eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me,eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee. 16 Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbeeye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke.Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖaeye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo. 17 “Amegbetɔwo katã nye movitɔwoeye nunya mele tagbɔ na wo o.Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ.Eƒe legbawo nye bebleelabena agbe mele wo me o. 18 Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye,ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃. 19 Ke ame si nye Yakob ƒe gome lamele abe esiawo ene o,elabena eyae nye nuwo katã wɔlaeye eya kee wɔ dukɔ si nye eƒe domenyinu,Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ. 20 “Aʋawɔkpo kple aʋawɔnu nènye nam,wòe metsɔ kaka dukɔwoe,wòe metsɔ tsrɔ̃ fiaɖuƒewoe. 21 Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae,wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae. 22 Wòe metsɔ kaka ŋutsu kple nyɔnue;wòe metsɔ kaka ame tsitsiwo kple sɔhɛwoe,wòe metsɔ kaka ɖekakpui kple ɖetugbie. 23 Wòe metsɔ kaka alẽkplɔla kple alẽha lae,wòe metsɔ kaka agbledela kple eƒe nyiwoeeye wòe metsɔ kaka mɔmefiawo kple woƒe dɔdzikpɔlawoe. 24 “Le miaƒe ŋkume maxe fe na Babilonia kple Babilonianɔlawo katã, ɖe nu gbegblẽ siwo katã wova wɔ le Zion la ta.” Yehowae gblɔe. 25 Yehowa be, “Metso ɖe ŋuwò,O, wò to nugblẽla,wò si gblẽ xexea me katã.Mado nye asi ɖe gbɔwò,atu asi wò nàmli age tso to dzi adze anyieye mawɔ wò abe to si dzo bi la ene. 26 Womagaɖe kpe aɖeke le mewò atsɔ wɔ dzogoedzikpealo gɔmeɖokpee o elabena àzu gbegbe tegbee.”Yehowae gblɔe. 27 “Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi!Ku kpẽ la le dukɔwo dome!Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii.Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu,Ararat, Mini kple Askenaz.Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔabe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu. 28 Dzra dukɔwo ɖo ne woakpe aʋa kplii.Media fiawo, woƒe dziɖulawo,woƒe dɔnunɔlawo katã kple dukɔsiwo katã dzi ɖum wole la nakpe aʋa kplii. 29 Anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanyaelabena Yehowa ƒe ɖoɖowo ɖe Babilonia ŋu le te be,wòado gbegbe Babilonianyigba ale beame aɖeke maganɔ edzi akpɔ o. 30 Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔeye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me.Ŋusẽ vɔ le wo ŋu,eye wole ko abe nyɔnuwo ene.Wotɔ dzo eƒe nɔƒewoeye woŋe eƒe agbometiwo. 31 Duƒula kplɔ duƒula ɖoeye dɔtsɔla kplɔ dɔtsɔla ɖo newoaɖagblɔ na Babilonia fia be, woxɔ eƒe du la 32 kple tɔtsoƒewo hetɔ dzo simenyigbaeye ŋɔdzi lé asrafoawo.” 33 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:“Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene;eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.” 34 “Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí,de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míeleabe tsizɔ ƒuƒluwo ene.Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui,emegbe etu mí ƒu gbe. 35 Ŋuta si Babilonia sẽ le míaƒe ŋutilãwo ŋuti la neva edzi.Zion nɔlawoe gblɔe.”“Míaƒe ʋu neva Babilonianɔlawo ƒe ta dzi. ”Yerusalemtɔwoe gblɔe. 36 Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:“Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò.Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒiaeye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla. 37 Babilonia azu anyiglago,amegãxiwo nɔƒe eye wòazu ŋɔdzinu kple fewuɖunu,teƒe si ame maganɔ akpɔ o. 38 Eƒe amewo katã le gbe ɖem abe dzatawo eneeye wole gbe tem abe dzataviwo ene. 39 Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la,maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha,ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa,emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.”Yehowae gblɔe. 40 “Mana woakplɔ wo vɛ abe alẽviwo,agbowo kple gbɔ̃wo ene ayi wuwu ge. 41 “Aleke woahalé Sesak eye asi asu anyigba blibo la ƒe adegbeƒola dzi!Aleke Babilonia azu ŋɔdzinu le dukɔwo dome! 42 Atsiaƒu aɖɔ agbagba ɖe Babilonia dzieƒe ƒutsotsoe dzeagbowo aŋe atsyɔ edzi. 43 Eƒe duwo azu aƒedo, kuɖiɖinyigba,dzogbenyigba kple anyigba si dzi ame maganɔalo mɔzɔla aɖe nato ayi o. 44 Mahe to na Bel le Babiloniaeye mana wòaɖe nu si wòmi.Dukɔwo magaƒo zi ayi egbɔ oeye Babilonia ƒe gliwo amu adze anyi. 45 “Nye amewo, mido le wo dome!Misi kple du ne miaɖe miaƒe agbe!Misi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la nu. 46 Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi,ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale,ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi,eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la,dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o. 47 Elabena ɣeyiɣi li gbɔna, esi mahe tona Babilonia legbawo godooeye ŋukpe alé eƒe anyigba blibo laale be eƒe Ame tsiaʋawo akaka ɖe anyigba blibo la dzi. 48 Ekema dziƒo kple emenuwokple anyigba kple edzinuwo katã ado ɣlikple dzidzɔ ɖe Babilonia ŋu,elabena nugblẽlawo atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi.”Yehowae gblɔe. 49 “Abe ale si Israel kple anyigba bubuwo dzitɔwo tsi aʋae le Babilonia ta ene la,nenema wòle na eya hã be wòamu adze anyi. 50 Mi ame siwo si le yi nu, midzo, migatɔ ɖi o!Miɖo ŋku Yehowa dzi le didiƒenyigba dzieye mibu Yerusalem ŋu.” 51 “Wodo ŋukpe mí elabena wodzu míeye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo,elabena amedzrowo ge ɖe Yehowaƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.” 52 Yehowa be,“Gake ŋkekewo li gbɔna esi mahe to naeƒe legbawo eye abixɔlawo anɔ ŋeŋem leeƒe anyigba blibo la dzi. 53 Ne Babilonia kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli,eye wòglã eƒe mɔ kɔkɔwo gɔ̃ hã la,madɔ nugblẽlawo ɖe eŋu.”Yehowae gblɔe. 54 “Avi le ɖiɖim tso Babilonia,gbegblẽ ƒe ɣli gã aɖe le ɖiɖimtso Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi. 55 Yehowa atsrɔ̃ Babilonia, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu.Abe ale si ƒutsotsoewo ɖea gbeene ƒu dze agbo ene la,nenema futɔwo ƒe gbe aɖii ne wova ƒo ɖe edzi. 56 Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo,ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu,nuteƒeɖolae nye Yehowa,aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ. 57 Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha,nenema kee nye woƒe dziɖulawo,dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa;woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.”Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 58 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:“Woagbã Babilonia ƒe glikpɔ sesẽ la gudugudueye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔ la,emenɔlawo ka hiã wo ɖokuiwo yakatsyɔeye dukɔwo ƒe agbagbadzedze zuami si kɔm wole ɖe dzoa me.” 59 Esia nye gbedeasi si Yeremia tsɔ na dɔnunɔlagã Seraya, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, esi wòyi ɖe Babilonia kple Yuda fia Zedekia, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me. 60 Yeremia ŋlɔ gbegblẽ siwo katã ava Babilonia dzi la ɖe lãgbalẽ dzi eye wonye nyaŋlɔɖiwo tso Babilonia ŋuti. 61 Egblɔ na Seraya be, “Kpɔ egbɔ be yexlẽ nya siawo kple ɣli ne mieva ɖo Babilonia. 62 Emegbe nàgblɔ be, ‘O Yehowa, ègblɔ be yele teƒe sia tsrɔ̃ ge ale gbegbe be amegbetɔwo alo lãwo manɔ anyi o; azu aƒedo tegbetegbee.’ 63 Ne èxlẽ lãgbalẽ sia me nyawo vɔ la, tsɔ kpe bla ɖe lãgbalẽ la ŋuti eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Frat tɔsisi la me. 64 Ekema nàgblɔ be, ‘Alea Babilonia adze toe eye magaho ɖe dzi akpɔ o, le gbegblẽ si mahe va edzii la ta. Eƒe amewo hã atsi aʋa.’ ”Yeremia ƒe nyawo wu nu ɖe afii.

In Other Versions

Jeremiah 51 in the ANGEFD

Jeremiah 51 in the ANTPNG2D

Jeremiah 51 in the AS21

Jeremiah 51 in the BAGH

Jeremiah 51 in the BBPNG

Jeremiah 51 in the BBT1E

Jeremiah 51 in the BDS

Jeremiah 51 in the BEV

Jeremiah 51 in the BHAD

Jeremiah 51 in the BIB

Jeremiah 51 in the BLPT

Jeremiah 51 in the BNT

Jeremiah 51 in the BNTABOOT

Jeremiah 51 in the BNTLV

Jeremiah 51 in the BOATCB

Jeremiah 51 in the BOATCB2

Jeremiah 51 in the BOBCV

Jeremiah 51 in the BOCNT

Jeremiah 51 in the BOGWICC

Jeremiah 51 in the BOHCB

Jeremiah 51 in the BOHCV

Jeremiah 51 in the BOHLNT

Jeremiah 51 in the BOHNTLTAL

Jeremiah 51 in the BOICB

Jeremiah 51 in the BOILNTAP

Jeremiah 51 in the BOITCV

Jeremiah 51 in the BOKCV

Jeremiah 51 in the BOKCV2

Jeremiah 51 in the BOKHWOG

Jeremiah 51 in the BOKSSV

Jeremiah 51 in the BOLCB

Jeremiah 51 in the BOLCB2

Jeremiah 51 in the BOMCV

Jeremiah 51 in the BONAV

Jeremiah 51 in the BONCB

Jeremiah 51 in the BONLT

Jeremiah 51 in the BONUT2

Jeremiah 51 in the BOPLNT

Jeremiah 51 in the BOSCB

Jeremiah 51 in the BOSNC

Jeremiah 51 in the BOTLNT

Jeremiah 51 in the BOVCB

Jeremiah 51 in the BOYCB

Jeremiah 51 in the BPBB

Jeremiah 51 in the BPH

Jeremiah 51 in the BSB

Jeremiah 51 in the CCB

Jeremiah 51 in the CUV

Jeremiah 51 in the CUVS

Jeremiah 51 in the DBT

Jeremiah 51 in the DGDNT

Jeremiah 51 in the DHNT

Jeremiah 51 in the DNT

Jeremiah 51 in the ELBE

Jeremiah 51 in the EMTV

Jeremiah 51 in the ESV

Jeremiah 51 in the FBV

Jeremiah 51 in the FEB

Jeremiah 51 in the GGMNT

Jeremiah 51 in the GNT

Jeremiah 51 in the HARY

Jeremiah 51 in the HNT

Jeremiah 51 in the IRVA

Jeremiah 51 in the IRVB

Jeremiah 51 in the IRVG

Jeremiah 51 in the IRVH

Jeremiah 51 in the IRVK

Jeremiah 51 in the IRVM

Jeremiah 51 in the IRVM2

Jeremiah 51 in the IRVO

Jeremiah 51 in the IRVP

Jeremiah 51 in the IRVT

Jeremiah 51 in the IRVT2

Jeremiah 51 in the IRVU

Jeremiah 51 in the ISVN

Jeremiah 51 in the JSNT

Jeremiah 51 in the KAPI

Jeremiah 51 in the KBT1ETNIK

Jeremiah 51 in the KBV

Jeremiah 51 in the KJV

Jeremiah 51 in the KNFD

Jeremiah 51 in the LBA

Jeremiah 51 in the LBLA

Jeremiah 51 in the LNT

Jeremiah 51 in the LSV

Jeremiah 51 in the MAAL

Jeremiah 51 in the MBV

Jeremiah 51 in the MBV2

Jeremiah 51 in the MHNT

Jeremiah 51 in the MKNFD

Jeremiah 51 in the MNG

Jeremiah 51 in the MNT

Jeremiah 51 in the MNT2

Jeremiah 51 in the MRS1T

Jeremiah 51 in the NAA

Jeremiah 51 in the NASB

Jeremiah 51 in the NBLA

Jeremiah 51 in the NBS

Jeremiah 51 in the NBVTP

Jeremiah 51 in the NET2

Jeremiah 51 in the NIV11

Jeremiah 51 in the NNT

Jeremiah 51 in the NNT2

Jeremiah 51 in the NNT3

Jeremiah 51 in the PDDPT

Jeremiah 51 in the PFNT

Jeremiah 51 in the RMNT

Jeremiah 51 in the SBIAS

Jeremiah 51 in the SBIBS

Jeremiah 51 in the SBIBS2

Jeremiah 51 in the SBICS

Jeremiah 51 in the SBIDS

Jeremiah 51 in the SBIGS

Jeremiah 51 in the SBIHS

Jeremiah 51 in the SBIIS

Jeremiah 51 in the SBIIS2

Jeremiah 51 in the SBIIS3

Jeremiah 51 in the SBIKS

Jeremiah 51 in the SBIKS2

Jeremiah 51 in the SBIMS

Jeremiah 51 in the SBIOS

Jeremiah 51 in the SBIPS

Jeremiah 51 in the SBISS

Jeremiah 51 in the SBITS

Jeremiah 51 in the SBITS2

Jeremiah 51 in the SBITS3

Jeremiah 51 in the SBITS4

Jeremiah 51 in the SBIUS

Jeremiah 51 in the SBIVS

Jeremiah 51 in the SBT

Jeremiah 51 in the SBT1E

Jeremiah 51 in the SCHL

Jeremiah 51 in the SNT

Jeremiah 51 in the SUSU

Jeremiah 51 in the SUSU2

Jeremiah 51 in the SYNO

Jeremiah 51 in the TBIAOTANT

Jeremiah 51 in the TBT1E

Jeremiah 51 in the TBT1E2

Jeremiah 51 in the TFTIP

Jeremiah 51 in the TFTU

Jeremiah 51 in the TGNTATF3T

Jeremiah 51 in the THAI

Jeremiah 51 in the TNFD

Jeremiah 51 in the TNT

Jeremiah 51 in the TNTIK

Jeremiah 51 in the TNTIL

Jeremiah 51 in the TNTIN

Jeremiah 51 in the TNTIP

Jeremiah 51 in the TNTIZ

Jeremiah 51 in the TOMA

Jeremiah 51 in the TTENT

Jeremiah 51 in the UBG

Jeremiah 51 in the UGV

Jeremiah 51 in the UGV2

Jeremiah 51 in the UGV3

Jeremiah 51 in the VBL

Jeremiah 51 in the VDCC

Jeremiah 51 in the YALU

Jeremiah 51 in the YAPE

Jeremiah 51 in the YBVTP

Jeremiah 51 in the ZBP