Jude 1 (BOECS)

1 Nye, Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo woyɔ, ame siwo Mawu Fofo la lɔ̃, eye wòlé wo ɖe te le Yesu Kristo me: 2 Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me. 3 Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ agbalẽ na mi tso ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔe na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋli xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta. 4 Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ. 5 Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egiptenyigba dzi, gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o. 6 Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi. 7 Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu. 8 Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, tsi tsitre ɖe dziɖulawo ŋu, eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu. 9 Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!” 10 Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome. 11 Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me. 12 Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe lilikpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o, eye woho wo da ɖi eye woku zi eve la ene. 13 Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutukpɔwo ɖem ɖe go la ene. Wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene. 14 Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame siawo ŋu be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpeakpewo, 15 ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.” 16 Ame siawo nye liʋĩliʋĩlĩlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu, eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui. 17 Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ da ɖi la dzi. 18 Wogblɔ na mi be, “Le ɣeyiɣi mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.” 19 Ame siawoe nye ame siwo dea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome, eye Gbɔgbɔ la mele wo me o. 20 Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 21 Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la mee. 22 Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me. 23 Miɖe ame bubuwo tso dzo me, eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã. 24 Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mí ɖe asi be míagadze anyi o, be wòakɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me lae mede mi asi na; 25 Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.

In Other Versions

Jude 1 in the ANGEFD

Jude 1 in the ANTPNG2D

Jude 1 in the AS21

Jude 1 in the BAGH

Jude 1 in the BBPNG

Jude 1 in the BBT1E

Jude 1 in the BDS

Jude 1 in the BEV

Jude 1 in the BHAD

Jude 1 in the BIB

Jude 1 in the BLPT

Jude 1 in the BNT

Jude 1 in the BNTABOOT

Jude 1 in the BNTLV

Jude 1 in the BOATCB

Jude 1 in the BOATCB2

Jude 1 in the BOBCV

Jude 1 in the BOCNT

Jude 1 in the BOGWICC

Jude 1 in the BOHCB

Jude 1 in the BOHCV

Jude 1 in the BOHLNT

Jude 1 in the BOHNTLTAL

Jude 1 in the BOICB

Jude 1 in the BOILNTAP

Jude 1 in the BOITCV

Jude 1 in the BOKCV

Jude 1 in the BOKCV2

Jude 1 in the BOKHWOG

Jude 1 in the BOKSSV

Jude 1 in the BOLCB

Jude 1 in the BOLCB2

Jude 1 in the BOMCV

Jude 1 in the BONAV

Jude 1 in the BONCB

Jude 1 in the BONLT

Jude 1 in the BONUT2

Jude 1 in the BOPLNT

Jude 1 in the BOSCB

Jude 1 in the BOSNC

Jude 1 in the BOTLNT

Jude 1 in the BOVCB

Jude 1 in the BOYCB

Jude 1 in the BPBB

Jude 1 in the BPH

Jude 1 in the BSB

Jude 1 in the CCB

Jude 1 in the CUV

Jude 1 in the CUVS

Jude 1 in the DBT

Jude 1 in the DGDNT

Jude 1 in the DHNT

Jude 1 in the DNT

Jude 1 in the ELBE

Jude 1 in the EMTV

Jude 1 in the ESV

Jude 1 in the FBV

Jude 1 in the FEB

Jude 1 in the GGMNT

Jude 1 in the GNT

Jude 1 in the HARY

Jude 1 in the HNT

Jude 1 in the IRVA

Jude 1 in the IRVB

Jude 1 in the IRVG

Jude 1 in the IRVH

Jude 1 in the IRVK

Jude 1 in the IRVM

Jude 1 in the IRVM2

Jude 1 in the IRVO

Jude 1 in the IRVP

Jude 1 in the IRVT

Jude 1 in the IRVT2

Jude 1 in the IRVU

Jude 1 in the ISVN

Jude 1 in the JSNT

Jude 1 in the KAPI

Jude 1 in the KBT1ETNIK

Jude 1 in the KBV

Jude 1 in the KJV

Jude 1 in the KNFD

Jude 1 in the LBA

Jude 1 in the LBLA

Jude 1 in the LNT

Jude 1 in the LSV

Jude 1 in the MAAL

Jude 1 in the MBV

Jude 1 in the MBV2

Jude 1 in the MHNT

Jude 1 in the MKNFD

Jude 1 in the MNG

Jude 1 in the MNT

Jude 1 in the MNT2

Jude 1 in the MRS1T

Jude 1 in the NAA

Jude 1 in the NASB

Jude 1 in the NBLA

Jude 1 in the NBS

Jude 1 in the NBVTP

Jude 1 in the NET2

Jude 1 in the NIV11

Jude 1 in the NNT

Jude 1 in the NNT2

Jude 1 in the NNT3

Jude 1 in the PDDPT

Jude 1 in the PFNT

Jude 1 in the RMNT

Jude 1 in the SBIAS

Jude 1 in the SBIBS

Jude 1 in the SBIBS2

Jude 1 in the SBICS

Jude 1 in the SBIDS

Jude 1 in the SBIGS

Jude 1 in the SBIHS

Jude 1 in the SBIIS

Jude 1 in the SBIIS2

Jude 1 in the SBIIS3

Jude 1 in the SBIKS

Jude 1 in the SBIKS2

Jude 1 in the SBIMS

Jude 1 in the SBIOS

Jude 1 in the SBIPS

Jude 1 in the SBISS

Jude 1 in the SBITS

Jude 1 in the SBITS2

Jude 1 in the SBITS3

Jude 1 in the SBITS4

Jude 1 in the SBIUS

Jude 1 in the SBIVS

Jude 1 in the SBT

Jude 1 in the SBT1E

Jude 1 in the SCHL

Jude 1 in the SNT

Jude 1 in the SUSU

Jude 1 in the SUSU2

Jude 1 in the SYNO

Jude 1 in the TBIAOTANT

Jude 1 in the TBT1E

Jude 1 in the TBT1E2

Jude 1 in the TFTIP

Jude 1 in the TFTU

Jude 1 in the TGNTATF3T

Jude 1 in the THAI

Jude 1 in the TNFD

Jude 1 in the TNT

Jude 1 in the TNTIK

Jude 1 in the TNTIL

Jude 1 in the TNTIN

Jude 1 in the TNTIP

Jude 1 in the TNTIZ

Jude 1 in the TOMA

Jude 1 in the TTENT

Jude 1 in the UBG

Jude 1 in the UGV

Jude 1 in the UGV2

Jude 1 in the UGV3

Jude 1 in the VBL

Jude 1 in the VDCC

Jude 1 in the YALU

Jude 1 in the YAPE

Jude 1 in the YBVTP

Jude 1 in the ZBP