Psalms 105 (BOECS)

1 Mida akpe na Yehowa,miyɔ eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã nusiwo wòwɔ la le dukɔwo dome. 2 Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo. 3 Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu,mina ame siwo dia Yehowa la ƒe dzi natso aseye. 4 Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,midi eƒe ŋkume ɖaa. 5 Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ,eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi. 6 O! Eƒe dɔla Abraham ƒe dzidzimeviwo.O! Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia. 7 Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu la,eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi la me. 8 Eɖoa ŋku eƒe nubablakple se siwo wòdena dzidzime akpewo la dzi ɖaa, 9 eyae nye nu si wòbla kple Abrahamkple atam si wòka na Isak. 10 Eɖo kpe edzi na Yakob abe sedede ene,eye na Israel abe nubabla mavɔ ene be, 11 “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na,abe wò domenyinu ene.” 12 Ke esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko,womesɔ gbɔ o,eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la, 13 wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me,tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me. 14 Meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o,le wo ta, wòka mo na fiawo be, 15 “Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o,eye migawɔ nu vevi nye nyagblɔɖilawo o.” 16 Ena dɔ to ɖe anyigba la dzi,eye wògblẽ woƒe nuɖuɖukpɔtsoƒewo katã, 17 ke edɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Yosef,ame si wodzra abe kluvi ene la ɖe wo ŋgɔ. 18 Wode kunyowu afɔ nɛ,wode abi eŋu, eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ, 19 va se ɖe esime nya si wògblɔ ɖi la va eme,eye va se ɖe esime Yehowa ƒe nyanaɖo kpe edzi, be nya si wògblɔ la nye nyateƒe. 20 Fia la dɔ ame woyi ɖaɖee le game,eye dukɔ la dziɖula na ablɔɖee. 21 Etsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aƒe nu,eye wònye eƒe nunɔamesiwo katã dzikpɔla, 22 be wòade dɔ asi na eƒe dɔnunɔlawo ale si dze eŋu,eye wòafia nunya eƒe dumegãwo. 23 Ale Israel ge ɖe Egiptenyigba dzi,eye Yakob nɔ Hamnyigba dzi abe amedzro ene. 24 Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi,eye wòna wosɔ gbɔ fũu akpa na woƒe futɔwo, 25 ame siwo ƒe dzi wòtrɔ be woalé fu eƒe dukɔ la,eye woaɖo nugbe ɖe eƒe dɔlawo ŋu. 26 Edɔ Mose, eƒe dɔla kple Aron, eƒe ame tiatia ɖa. 27 Wowɔ eƒe dzesi gãwo le wo domekple eƒe nukunuwo le Hamnyigba dzi. 28 Eɖo viviti ɖa, eye anyigba la dzi do blukɔelabena ɖe wometsi tsitre ɖe eƒe nyawo ŋu oa? 29 Ena woƒe tsiwo trɔ zu ʋu,eye to esia me woƒe tɔmelãwo ku. 30 Ena woƒe anyigba la dzi yɔ fũu kple akpɔkplɔwo,esiwo ge ɖe woƒe dumegãwo ƒe xɔgãwo me ke. 31 Eƒo nu, eye tagbatsutsu kple togbato ƒe ha gã aɖe va xɔwoƒe dukɔ la katã me. 32 Etrɔ woƒe tsidzadza wòzu kpetsi,eye dzikedzo kpe ɖe eŋutile woƒe anyigba blibo la dzi. 33 Eƒo woƒe wainkawo kple gbotiwo ƒu anyi,eye wòmu ati siwo le woƒe dukɔ me la ƒu anyi. 34 Eƒo nu, eye ʋetsuviwo va ƒo ɖi,nenema kee nye abɔ gbogbo aɖewo hã; 35 woɖu numiemie mumu ɖe sia ɖe le woƒe anyigba la dzi,eye woɖu nuku ɖe sia ɖe si le bo dzi hã. 36 Emegbe la, eƒo ŋgɔgbevi siwo katãle woƒe anyigba dzi la ƒu anyi,esiwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo. 37 Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika,eye ame beli aɖeke menɔ woƒe toawo dome o. 38 Egipte kpɔ dzidzɔ esi wodo go dzo,elabena Israel ƒe ŋɔdzi lé wo. 39 Ekeke lilikpo ɖe wo dzi abe avɔ ene,eye wòna dzo wo be wòanye akaɖi na wo le zã me. 40 Wobiae, eye wòna tegliwo woɖu,eye wòtsɔ dziƒobolo ɖi ƒo na woe. 41 Eʋu agakpe la, tsi do na wo bababa,eye wòsi to gbegbe la abe tɔsisi ene. 42 Elabena eɖo ŋku eƒe ŋugbe kɔkɔe si wòdo naeƒe dɔla Abraham la dzi. 43 Ekplɔ eƒe dukɔ la do goe kple aseyetsotso,eƒe ame tiatiawo kple dzidzɔɣli. 44 Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo,eye nu si ame bubuwo ku kutri kpɔ lava zu domenyinu na wo. 45 Ale be woalé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi,eye woawɔ eƒe sewo dzi. Mikafu Yehowa.

In Other Versions

Psalms 105 in the ANGEFD

Psalms 105 in the ANTPNG2D

Psalms 105 in the AS21

Psalms 105 in the BAGH

Psalms 105 in the BBPNG

Psalms 105 in the BBT1E

Psalms 105 in the BDS

Psalms 105 in the BEV

Psalms 105 in the BHAD

Psalms 105 in the BIB

Psalms 105 in the BLPT

Psalms 105 in the BNT

Psalms 105 in the BNTABOOT

Psalms 105 in the BNTLV

Psalms 105 in the BOATCB

Psalms 105 in the BOATCB2

Psalms 105 in the BOBCV

Psalms 105 in the BOCNT

Psalms 105 in the BOGWICC

Psalms 105 in the BOHCB

Psalms 105 in the BOHCV

Psalms 105 in the BOHLNT

Psalms 105 in the BOHNTLTAL

Psalms 105 in the BOICB

Psalms 105 in the BOILNTAP

Psalms 105 in the BOITCV

Psalms 105 in the BOKCV

Psalms 105 in the BOKCV2

Psalms 105 in the BOKHWOG

Psalms 105 in the BOKSSV

Psalms 105 in the BOLCB

Psalms 105 in the BOLCB2

Psalms 105 in the BOMCV

Psalms 105 in the BONAV

Psalms 105 in the BONCB

Psalms 105 in the BONLT

Psalms 105 in the BONUT2

Psalms 105 in the BOPLNT

Psalms 105 in the BOSCB

Psalms 105 in the BOSNC

Psalms 105 in the BOTLNT

Psalms 105 in the BOVCB

Psalms 105 in the BOYCB

Psalms 105 in the BPBB

Psalms 105 in the BPH

Psalms 105 in the BSB

Psalms 105 in the CCB

Psalms 105 in the CUV

Psalms 105 in the CUVS

Psalms 105 in the DBT

Psalms 105 in the DGDNT

Psalms 105 in the DHNT

Psalms 105 in the DNT

Psalms 105 in the ELBE

Psalms 105 in the EMTV

Psalms 105 in the ESV

Psalms 105 in the FBV

Psalms 105 in the FEB

Psalms 105 in the GGMNT

Psalms 105 in the GNT

Psalms 105 in the HARY

Psalms 105 in the HNT

Psalms 105 in the IRVA

Psalms 105 in the IRVB

Psalms 105 in the IRVG

Psalms 105 in the IRVH

Psalms 105 in the IRVK

Psalms 105 in the IRVM

Psalms 105 in the IRVM2

Psalms 105 in the IRVO

Psalms 105 in the IRVP

Psalms 105 in the IRVT

Psalms 105 in the IRVT2

Psalms 105 in the IRVU

Psalms 105 in the ISVN

Psalms 105 in the JSNT

Psalms 105 in the KAPI

Psalms 105 in the KBT1ETNIK

Psalms 105 in the KBV

Psalms 105 in the KJV

Psalms 105 in the KNFD

Psalms 105 in the LBA

Psalms 105 in the LBLA

Psalms 105 in the LNT

Psalms 105 in the LSV

Psalms 105 in the MAAL

Psalms 105 in the MBV

Psalms 105 in the MBV2

Psalms 105 in the MHNT

Psalms 105 in the MKNFD

Psalms 105 in the MNG

Psalms 105 in the MNT

Psalms 105 in the MNT2

Psalms 105 in the MRS1T

Psalms 105 in the NAA

Psalms 105 in the NASB

Psalms 105 in the NBLA

Psalms 105 in the NBS

Psalms 105 in the NBVTP

Psalms 105 in the NET2

Psalms 105 in the NIV11

Psalms 105 in the NNT

Psalms 105 in the NNT2

Psalms 105 in the NNT3

Psalms 105 in the PDDPT

Psalms 105 in the PFNT

Psalms 105 in the RMNT

Psalms 105 in the SBIAS

Psalms 105 in the SBIBS

Psalms 105 in the SBIBS2

Psalms 105 in the SBICS

Psalms 105 in the SBIDS

Psalms 105 in the SBIGS

Psalms 105 in the SBIHS

Psalms 105 in the SBIIS

Psalms 105 in the SBIIS2

Psalms 105 in the SBIIS3

Psalms 105 in the SBIKS

Psalms 105 in the SBIKS2

Psalms 105 in the SBIMS

Psalms 105 in the SBIOS

Psalms 105 in the SBIPS

Psalms 105 in the SBISS

Psalms 105 in the SBITS

Psalms 105 in the SBITS2

Psalms 105 in the SBITS3

Psalms 105 in the SBITS4

Psalms 105 in the SBIUS

Psalms 105 in the SBIVS

Psalms 105 in the SBT

Psalms 105 in the SBT1E

Psalms 105 in the SCHL

Psalms 105 in the SNT

Psalms 105 in the SUSU

Psalms 105 in the SUSU2

Psalms 105 in the SYNO

Psalms 105 in the TBIAOTANT

Psalms 105 in the TBT1E

Psalms 105 in the TBT1E2

Psalms 105 in the TFTIP

Psalms 105 in the TFTU

Psalms 105 in the TGNTATF3T

Psalms 105 in the THAI

Psalms 105 in the TNFD

Psalms 105 in the TNT

Psalms 105 in the TNTIK

Psalms 105 in the TNTIL

Psalms 105 in the TNTIN

Psalms 105 in the TNTIP

Psalms 105 in the TNTIZ

Psalms 105 in the TOMA

Psalms 105 in the TTENT

Psalms 105 in the UBG

Psalms 105 in the UGV

Psalms 105 in the UGV2

Psalms 105 in the UGV3

Psalms 105 in the VBL

Psalms 105 in the VDCC

Psalms 105 in the YALU

Psalms 105 in the YAPE

Psalms 105 in the YBVTP

Psalms 105 in the ZBP