1 John 4 (BEV)

1 Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagblɔɖila geɖewo kaka ɖe xexeame. 2 Ale míatsɔ dze si Mawu ƒe Gbɔgbɔe nye si: Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si ɖe gbeƒã be Yesu Kristo va le ŋutilã me la, tso Mawu gbɔ. 3 Ke Gbɔgbɔ ɖe sia ɖe si meɖea gbeƒã Yesu Kristo o la metso Mawu gbɔ o. Esiae nye Kristo ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si mísese be egbɔna eye fifia gɔ̃ hã la ele xexeame xoxo. 4 Vinye lɔlɔ̃awo, miawo ya la mienye Mawu viwo eye mieɖu aʋatsonyagblɔɖila siawo dzi; elabena Gbɔgbɔ si le mia me la tri akɔ wu esi le xexeame. 5 Wotso xexeame, eya ta woƒoa nu le xexeame ƒe nugɔmesese nu, eye xexeame ɖoa to wo. 6 Míawo ya míetso Mawu gbɔ eye ame sia ame si nya Mawu la, ɖoa to mí; ke ame si metso Mawu gbɔ o la meɖoa to mí o. Esiae na míedzea si Nyateƒe Gbɔgbɔ kple aʋatso gbɔgbɔ. 7 Xɔ̃nye lɔlɔ̃wo, mina míalɔ̃ mía nɔewo elabena Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tsona. Ame sia ame si lɔ̃a ame la wodzi tso Mawu me eye wònya Mawu. 8 Ame si melɔ̃a ame o la, menya Mawu o elabena Mawu nye lɔlɔ̃. 9 Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia le mía dome lae nye; eɖo via ɖeka hɔɔ̃ ɖe xexeame be míanɔ agbe to eya amea me. 10 Esia enye lɔlɔ̃ vavã, menye míawoe lɔ̃ Mawu o, ke boŋ le eƒe lɔlɔ̃ na mí ta wòɖo Via ɖa abe avulévɔsa le míaƒe nu vɔ̃wo ta ene. 11 Xɔ̃nye lɔlɔ̃tɔwo, le ale si Mawu lɔ̃ mí ta la ele be míawo hã míalɔ̃ mía nɔewo. 12 Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ke ne míelɔ̃ mía nɔewo la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mía me eye eƒe lɔlɔ̃ ade blibo le mía me. 13 Míenyae bena míele agbe le eya amea me eye eya hã le mía me, elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ de mía me. 14 Míekpɔe eye míeɖi ɖase be Fofo la ɖo Via ɖa be wòanye xexeame ƒe Ɖela. 15 Ame sia ame si aɖe gbeƒã be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eya amea me eye eya hã le Mawu me. 16 Eye míawo míedze si lɔlɔ̃ si mawu tsɔ lɔ̃a mi eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃ eye ame si nɔa lɔlɔ̃ me la, eya nɔa Mawu me eye Mawu hã nɔa eya me. 17 Esi wòwɔ míaƒe lɔlɔ̃ wòde blibo le mía dome ale be dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔŋkekea dzi, elabena míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me sɔ kple etɔ. 18 Vɔ̃vɔ aɖeke menɔa lɔlɔ̃ me o ke boŋ lɔlɔ̃ vavãtɔ nyaa vɔvɔ̃ katã ɖa. Elabena vɔvɔ̃ ku ɖe tohehe ŋu. Ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o. 19 Míelɔa mía nɔewo elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃. 20 Ne ame aɖe ƒo adegbe be, “Melɔ̃ Mawu,” ke wòléa fu nɔvia la, enye alakpatɔ elabena ame sia ame si me lɔ̃a nɔvia, ame si kpɔm wòle o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu ame si mekpɔ o. 21 Mawu ŋutɔ de se na mí be, Ame si lɔ̃a Mawu la nelɔ̃ nɔvia hã.

In Other Versions

1 John 4 in the ANGEFD

1 John 4 in the ANTPNG2D

1 John 4 in the AS21

1 John 4 in the BAGH

1 John 4 in the BBPNG

1 John 4 in the BBT1E

1 John 4 in the BDS

1 John 4 in the BHAD

1 John 4 in the BIB

1 John 4 in the BLPT

1 John 4 in the BNT

1 John 4 in the BNTABOOT

1 John 4 in the BNTLV

1 John 4 in the BOATCB

1 John 4 in the BOATCB2

1 John 4 in the BOBCV

1 John 4 in the BOCNT

1 John 4 in the BOECS

1 John 4 in the BOGWICC

1 John 4 in the BOHCB

1 John 4 in the BOHCV

1 John 4 in the BOHLNT

1 John 4 in the BOHNTLTAL

1 John 4 in the BOICB

1 John 4 in the BOILNTAP

1 John 4 in the BOITCV

1 John 4 in the BOKCV

1 John 4 in the BOKCV2

1 John 4 in the BOKHWOG

1 John 4 in the BOKSSV

1 John 4 in the BOLCB

1 John 4 in the BOLCB2

1 John 4 in the BOMCV

1 John 4 in the BONAV

1 John 4 in the BONCB

1 John 4 in the BONLT

1 John 4 in the BONUT2

1 John 4 in the BOPLNT

1 John 4 in the BOSCB

1 John 4 in the BOSNC

1 John 4 in the BOTLNT

1 John 4 in the BOVCB

1 John 4 in the BOYCB

1 John 4 in the BPBB

1 John 4 in the BPH

1 John 4 in the BSB

1 John 4 in the CCB

1 John 4 in the CUV

1 John 4 in the CUVS

1 John 4 in the DBT

1 John 4 in the DGDNT

1 John 4 in the DHNT

1 John 4 in the DNT

1 John 4 in the ELBE

1 John 4 in the EMTV

1 John 4 in the ESV

1 John 4 in the FBV

1 John 4 in the FEB

1 John 4 in the GGMNT

1 John 4 in the GNT

1 John 4 in the HARY

1 John 4 in the HNT

1 John 4 in the IRVA

1 John 4 in the IRVB

1 John 4 in the IRVG

1 John 4 in the IRVH

1 John 4 in the IRVK

1 John 4 in the IRVM

1 John 4 in the IRVM2

1 John 4 in the IRVO

1 John 4 in the IRVP

1 John 4 in the IRVT

1 John 4 in the IRVT2

1 John 4 in the IRVU

1 John 4 in the ISVN

1 John 4 in the JSNT

1 John 4 in the KAPI

1 John 4 in the KBT1ETNIK

1 John 4 in the KBV

1 John 4 in the KJV

1 John 4 in the KNFD

1 John 4 in the LBA

1 John 4 in the LBLA

1 John 4 in the LNT

1 John 4 in the LSV

1 John 4 in the MAAL

1 John 4 in the MBV

1 John 4 in the MBV2

1 John 4 in the MHNT

1 John 4 in the MKNFD

1 John 4 in the MNG

1 John 4 in the MNT

1 John 4 in the MNT2

1 John 4 in the MRS1T

1 John 4 in the NAA

1 John 4 in the NASB

1 John 4 in the NBLA

1 John 4 in the NBS

1 John 4 in the NBVTP

1 John 4 in the NET2

1 John 4 in the NIV11

1 John 4 in the NNT

1 John 4 in the NNT2

1 John 4 in the NNT3

1 John 4 in the PDDPT

1 John 4 in the PFNT

1 John 4 in the RMNT

1 John 4 in the SBIAS

1 John 4 in the SBIBS

1 John 4 in the SBIBS2

1 John 4 in the SBICS

1 John 4 in the SBIDS

1 John 4 in the SBIGS

1 John 4 in the SBIHS

1 John 4 in the SBIIS

1 John 4 in the SBIIS2

1 John 4 in the SBIIS3

1 John 4 in the SBIKS

1 John 4 in the SBIKS2

1 John 4 in the SBIMS

1 John 4 in the SBIOS

1 John 4 in the SBIPS

1 John 4 in the SBISS

1 John 4 in the SBITS

1 John 4 in the SBITS2

1 John 4 in the SBITS3

1 John 4 in the SBITS4

1 John 4 in the SBIUS

1 John 4 in the SBIVS

1 John 4 in the SBT

1 John 4 in the SBT1E

1 John 4 in the SCHL

1 John 4 in the SNT

1 John 4 in the SUSU

1 John 4 in the SUSU2

1 John 4 in the SYNO

1 John 4 in the TBIAOTANT

1 John 4 in the TBT1E

1 John 4 in the TBT1E2

1 John 4 in the TFTIP

1 John 4 in the TFTU

1 John 4 in the TGNTATF3T

1 John 4 in the THAI

1 John 4 in the TNFD

1 John 4 in the TNT

1 John 4 in the TNTIK

1 John 4 in the TNTIL

1 John 4 in the TNTIN

1 John 4 in the TNTIP

1 John 4 in the TNTIZ

1 John 4 in the TOMA

1 John 4 in the TTENT

1 John 4 in the UBG

1 John 4 in the UGV

1 John 4 in the UGV2

1 John 4 in the UGV3

1 John 4 in the VBL

1 John 4 in the VDCC

1 John 4 in the YALU

1 John 4 in the YAPE

1 John 4 in the YBVTP

1 John 4 in the ZBP