Luke 23 (BEV)

1 Azɔ takpekpe bliboa katã kplɔ Yesu va Pilato ƒemee. 2 Esi woɖo afi ma teti ko la wode asi enu tsotso me na Pilato be, “Ŋutsu sia le to gblẽm na dukɔa me viwo be womegadzɔ nu na Kaisaro o. Gawu la, etɔ asi akɔta be yee nye míaƒe Mesia, si nye Fia si gbɔna la.” 3 Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔ ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Ẽ, ele me abe ale si nègblɔe ene.” 4 Pilato trɔ ɖe Osɔfogãwo kple ameha la ŋu gblɔ be, “Nyemekpɔ vodada ɖeke le ame sia ŋu o.” 5 Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpeɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!” 6 Esi Pilato se nya siawo la, ebia be ame la ɖe Galileatɔ wonyea? 7 Ke esi wòse be Yesu tso Herodes ƒe ŋusẽ te la, eɖoe ɖa Herodes, ame si hã nɔ Yerusalem le ŋkeke mawo me. 8 Herodes kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu elabena ese eŋkɔ zi geɖe eye wòse nukunu gã siwo katã wòwɔ la hã ale wònɔ mɔ kpɔm be awɔ ɖe yeakpɔ. 9 Herodes bia biabia geɖewo Yesu ke meɖo ɖeke ŋu nɛ o. 10 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ nutsotso geɖewo nam le Yesu ŋu kabakaba ŋutɔ. 11 Herodes kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Wo ɖu fewu geɖe hã le eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene eye wogagbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ. 12 Tso gbe ma gbe la, Herodes kple Pilato ame siwo lé fu wo nɔewo vevie tsã la trɔ zu xɔlɔ̃ veviwo. 13 Pilato yɔ Yudatɔwo ƒe osɔfogãwo, dumegãwo kple ameha la ƒo ƒui, 14 eye wògblɔ na wo be, “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito ke mekpɔe dzesii kɔtee be ame sia medze agɔ aɖeke o. 15 Herodes hã kpɔe be medze agɔ o, eya ta wògatrɔe ɖo ɖe mí. Vavã ame sia mewɔ naneke si ta wòle be woatso kufia nɛ o. 16 Le esia ta la, mana woaƒoe sesĩe le dutoƒo eye maɖe asi le eŋu.” 17 Azɔ ele na Pilato be, wòaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu na wo le Ŋutitoto ŋkekenyuia dzi. 18 Ke wo katã do ɣli kple gbe ɖeka be, “Ɖe ame sia ɖa! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!” 19 Baraba sia nye ame aɖe si wolé de gaxɔ me be ehe tɔtɔ gã aɖe va Yerusalem, be amewo natsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gawu la, ewu ame hã. 20 Eya ta Pilato gaɖe nya me na ameha la, elabena edi vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu. 21 Gake ɖeko ameha la gado ɣli sesĩe wu be, “Klãe ɖe ati ŋu! Klãe ɖe ati ŋu!” 22 Pilato gabia wo zi etɔ̃lia be, “Nu ka tae wòle be maklãe ɖe ati ŋu ɖo? Vɔ̃ kae wòwɔ? Ɖeko maƒo ame sia eye maɖe asi le eŋu elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu si ana be matso kufia nɛ o.” 23 Gake ɖeko ameawo ganɔ ɣli dom sesĩe atraɖii be woawu Yesu. 24 Mlɔeba la, Pilato wɔ ɖe woƒe didi dzi eye wòtso kufia na Yesu. 25 Ale wòtsɔ Yesu de asi na wo be woawɔ nu si wolɔ̃ la kplii. Ke eɖe asi le Baraba ame si wode mɔ ɖe ʋunyaʋunyawɔwɔ kple amewuwu ta la ŋu. 26 Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, amesi nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii. 27 Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome. 28 Yesu trɔ ɖe konyifala siawo ŋu gblɔ na wo be, “Yerusalem nyɔnuwo, migafa avi ɖe ŋunye o, ke boŋ mifa avi na mia ɖokuiwo kple mia viwo. 29 Elabena ŋkeke aɖewo gbɔna esime konɔwo gɔ̃ akpɔ dzidzɔ be yewomedzi vi o. 30 Amegbetɔwo aɖe kuku na towo be woaho va dze yewo dzi eye togbɛwo naɖi yewo ɖe tome. 31 Megblɔ esia elabena ne wole nu siawo ƒomevi wɔm ɖe ati mumu ŋu ɖe, nu ka woawɔ ɖe ati ƒuƒu ŋu?” 32 Wokplɔ ŋutsu bubu eve siwo nye hlɔ̃dolawo kpe ɖe eŋu be woaklã woawo hã ɖe ati ŋu kplii. 33 Esi woɖo teƒe si woyɔna be “Ametakoli ƒe” la woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nu ɖusime eye ɖeke le eƒe miame. 34 Sẽ la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo elabena womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi be wòanye ame si aɖu dzi la tɔ. 35 Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe ame geɖewo ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Mesia, si nye Mawu ƒe Ametiatia la vavã.” 36 Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano 37 eye wogblɔ be, “Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.” 38 Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be, “AMESIA ENYE YUDATƆWO ƑE FIA”. 39 Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, “Ke wò boŋue nye Mesia la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwo eye nàɖe miawo hã le atitsoga la ŋue.” 40 Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, “Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi mí katã míele fububu ma ke tea? 41 Míawo ya tohehe sia dze mi, elabena nu si dze míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.” 42 Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.” 43 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele ŋugbe dom na wò kple kakaɖedzi be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim.” 44 Le ɣeyiɣi sia me la eƒo ga wuieve lɔ ƒe, ke viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi enumake va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me. 45 Ɣe ƒe keklẽ bu eye enumake xɔmetsovɔ titri si wotsɔ tso gbedoxɔ la mee la ma ɖe akpa eve. 46 Yesu do ɣli sesĩe le gaƒoƒo sia me gblɔ be, “Fofo, metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò me.” Esi wògblɔ nya siawo vɔ ko la, emia nu kpoo. 47 Esi Roma srafo siwo klã Yesu ɖe ati ŋu la ƒe amegã kpɔ nu si dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe ale wòkafu Mawu gblɔ bena, “Le nyateƒe me ame sia medze agɔ aɖeke o.” 48 Esi ame siwo katã va ƒo ƒu be yewoakpɔ nu siwo ava dzɔ teƒe la, kpɔ nu siwo va dzɔ la, wotrɔ dzo nɔ woƒe akɔta ƒom. 49 Ke eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu, siwo dze eyome tso Galilea la, tsi tre ɖe adzɔge ke le nu siawo kpɔm. 50 Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame nyui kple ame dzɔdzɔe, 51 ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o. Etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wonye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava. 52 Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. 53 Wona mɔe eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o. 54 Ewɔ esia le Fida ɣetrɔ le esime amewo nɔ dzadzra ɖo wɔm na Sabat ŋkekea ɖuɖu. 55 Esi Yosef kɔ ame kukua yina ɖiɖi ge la, nyɔnu siwo tso Galilea va la kplɔe ɖo eye woyi ɖakpɔ afi si wòɖii ɖo. 56 Ale woyi aƒeme ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋẽwo be yewoava si na Yesu ƒe kukua be wòagavo o. Gake esi wowu ami ʋeʋẽwo kple atikeawo wɔwɔ nu la, Sabat ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia dzi.

In Other Versions

Luke 23 in the ANGEFD

Luke 23 in the ANTPNG2D

Luke 23 in the AS21

Luke 23 in the BAGH

Luke 23 in the BBPNG

Luke 23 in the BBT1E

Luke 23 in the BDS

Luke 23 in the BHAD

Luke 23 in the BIB

Luke 23 in the BLPT

Luke 23 in the BNT

Luke 23 in the BNTABOOT

Luke 23 in the BNTLV

Luke 23 in the BOATCB

Luke 23 in the BOATCB2

Luke 23 in the BOBCV

Luke 23 in the BOCNT

Luke 23 in the BOECS

Luke 23 in the BOGWICC

Luke 23 in the BOHCB

Luke 23 in the BOHCV

Luke 23 in the BOHLNT

Luke 23 in the BOHNTLTAL

Luke 23 in the BOICB

Luke 23 in the BOILNTAP

Luke 23 in the BOITCV

Luke 23 in the BOKCV

Luke 23 in the BOKCV2

Luke 23 in the BOKHWOG

Luke 23 in the BOKSSV

Luke 23 in the BOLCB

Luke 23 in the BOLCB2

Luke 23 in the BOMCV

Luke 23 in the BONAV

Luke 23 in the BONCB

Luke 23 in the BONLT

Luke 23 in the BONUT2

Luke 23 in the BOPLNT

Luke 23 in the BOSCB

Luke 23 in the BOSNC

Luke 23 in the BOTLNT

Luke 23 in the BOVCB

Luke 23 in the BOYCB

Luke 23 in the BPBB

Luke 23 in the BPH

Luke 23 in the BSB

Luke 23 in the CCB

Luke 23 in the CUV

Luke 23 in the CUVS

Luke 23 in the DBT

Luke 23 in the DGDNT

Luke 23 in the DHNT

Luke 23 in the DNT

Luke 23 in the ELBE

Luke 23 in the EMTV

Luke 23 in the ESV

Luke 23 in the FBV

Luke 23 in the FEB

Luke 23 in the GGMNT

Luke 23 in the GNT

Luke 23 in the HARY

Luke 23 in the HNT

Luke 23 in the IRVA

Luke 23 in the IRVB

Luke 23 in the IRVG

Luke 23 in the IRVH

Luke 23 in the IRVK

Luke 23 in the IRVM

Luke 23 in the IRVM2

Luke 23 in the IRVO

Luke 23 in the IRVP

Luke 23 in the IRVT

Luke 23 in the IRVT2

Luke 23 in the IRVU

Luke 23 in the ISVN

Luke 23 in the JSNT

Luke 23 in the KAPI

Luke 23 in the KBT1ETNIK

Luke 23 in the KBV

Luke 23 in the KJV

Luke 23 in the KNFD

Luke 23 in the LBA

Luke 23 in the LBLA

Luke 23 in the LNT

Luke 23 in the LSV

Luke 23 in the MAAL

Luke 23 in the MBV

Luke 23 in the MBV2

Luke 23 in the MHNT

Luke 23 in the MKNFD

Luke 23 in the MNG

Luke 23 in the MNT

Luke 23 in the MNT2

Luke 23 in the MRS1T

Luke 23 in the NAA

Luke 23 in the NASB

Luke 23 in the NBLA

Luke 23 in the NBS

Luke 23 in the NBVTP

Luke 23 in the NET2

Luke 23 in the NIV11

Luke 23 in the NNT

Luke 23 in the NNT2

Luke 23 in the NNT3

Luke 23 in the PDDPT

Luke 23 in the PFNT

Luke 23 in the RMNT

Luke 23 in the SBIAS

Luke 23 in the SBIBS

Luke 23 in the SBIBS2

Luke 23 in the SBICS

Luke 23 in the SBIDS

Luke 23 in the SBIGS

Luke 23 in the SBIHS

Luke 23 in the SBIIS

Luke 23 in the SBIIS2

Luke 23 in the SBIIS3

Luke 23 in the SBIKS

Luke 23 in the SBIKS2

Luke 23 in the SBIMS

Luke 23 in the SBIOS

Luke 23 in the SBIPS

Luke 23 in the SBISS

Luke 23 in the SBITS

Luke 23 in the SBITS2

Luke 23 in the SBITS3

Luke 23 in the SBITS4

Luke 23 in the SBIUS

Luke 23 in the SBIVS

Luke 23 in the SBT

Luke 23 in the SBT1E

Luke 23 in the SCHL

Luke 23 in the SNT

Luke 23 in the SUSU

Luke 23 in the SUSU2

Luke 23 in the SYNO

Luke 23 in the TBIAOTANT

Luke 23 in the TBT1E

Luke 23 in the TBT1E2

Luke 23 in the TFTIP

Luke 23 in the TFTU

Luke 23 in the TGNTATF3T

Luke 23 in the THAI

Luke 23 in the TNFD

Luke 23 in the TNT

Luke 23 in the TNTIK

Luke 23 in the TNTIL

Luke 23 in the TNTIN

Luke 23 in the TNTIP

Luke 23 in the TNTIZ

Luke 23 in the TOMA

Luke 23 in the TTENT

Luke 23 in the UBG

Luke 23 in the UGV

Luke 23 in the UGV2

Luke 23 in the UGV3

Luke 23 in the VBL

Luke 23 in the VDCC

Luke 23 in the YALU

Luke 23 in the YAPE

Luke 23 in the YBVTP

Luke 23 in the ZBP