Mark 12 (BEV)

1 Lo siwo Yesu do na amehawo le ɣemaɣi la ƒe ɖewo nye esi, “Ame aɖe de waingble gã aɖe eye wòɖo gli ƒo xlãe, Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe afi si ame anɔ, adzɔ agblea ŋu ɣesiaɣi. Azɔ etsɔ agblea de agbledzinɔla aɖewo sime be woakpɔ edzi ale wòdzo yi du didi aɖe me. 2 Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔvi ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenukua ƒe akpa si nye yetɔ gome la vɛ na ye. 3 Gake agblea dzi nɔlawo ƒo amedɔdɔa, eye wotrɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu. 4 “Agbletɔa gaɖo ame bubu ɖa, gake woƒo eya hã vevie de abi gɔ̃ hã ta nɛ hedo ŋukpee. 5 Ame si wògaɖo ɖa la wowu eya gɔ̃. Tso esia dzi woƒo amedɔdɔ siwo katã wòɖo ɖa la nublanuimakpɔtɔe eye wowu ɖewo gɔ̃ hã. Wonɔ esia dzi ʋuu va se ɖe 6 esime wòsusɔ ame ɖeka pɛ ko, eyae nye via ɖeka hɔ̃ si wòlɔ̃na vevie. Mlɔeba la nu gloe eye wòɖo eya hã ɖa, kple susu be woana bubui elabena enye ye vi. 7 “Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!” 8 Ale wolée hewui eye wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe agblea godo. 9 “Nu kae miebu be agblea tɔ awɔ ne ese nya sia? Ava kple dɔmedzoe ava wu ame vɔ̃ɖi siawo katã eye wòatsɔ agblea de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. 10 Miɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe si nye kpe vevietɔ wu le xɔtukpeawo dome oa?’ 11 Esia nye Aƒetɔ la ƒe nuwɔwɔ eye wònye nukunu le mía ŋkume.” 12 Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko elabena wonya be yewo ŋue wòto alobaloa tsoe. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wogblẽe ɖi hedzo. 13 Emegbe la, wodɔ Farisitɔwo kple Herodia dunyahehametɔ aɖewo ɖa be woadzro nya me kplii ale be woatsɔ eƒe nuƒo alée. 14 Ameawo va gblɔ na Yesu amenubletɔe be, “Nufiala, míenya be ègblɔa nyateƒe la vɔvɔ̃manɔmetɔe! Amewo ƒe susuwo kple didiwo meblea nuwò o. Ke boŋ èfia Mawu ƒe mɔwo amewo le nyateƒe me. Azɔ gblɔ nu si nèbu la na mí.” Enyo be woadzɔ ga na Kaisro loo alo menyo oa? 15 Ɖe míadzɔ loo alo ɖe míadzɔe oa? Ke Yesu dze si alakpanuwɔwɔ eye wòbia wo be, “Nu ka ta miele agbagba dzem be miatre mɔ nam? Mitsɔ Roma ga si woɖua la ɖeka nam makpɔ.” 16 Tete wotsɔ ga le nɛ eye wòbia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe le edzi?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.” 17 Yesu yi edzi be, “Enyo, nu si nye Kaisaro tɔ la mitsɔe na Kaisaro. Nu si nye Mawu tɔ la mitsɔe na Mawu!” Nyaŋuɖoɖo sia tɔtɔ ameawo ŋutɔ, eye womeganya nya si woagblɔ o. 18 Sẽ la, Zadukitɔwo hã va do. Ame siawo nye hatsotso aɖe siwo mexɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se o la me tɔwo. Wobia Yesu be, 19 “Nufiala, ele Mose ƒe sewo me be ne ŋutsu aɖe ku vimadzimadzii la, eƒe tsɛ naɖe ahosia adzi viwo ɖe foa kukua ƒe ŋkɔ me. 20 Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ anyi. Tsitsitɔ ɖe srɔ̃ eye wòku vimadzii. 21 Ale ame si dzɔ ɖe ameyinugbea yome la ɖe ahosia eya hã ku vimadzii. Nɔvia si kplɔ eya hã ɖo la ɖe ahosia, gake kpao, eya hã medzi vi aɖeke kplii hafi ku o. 22 Ale nɔviŋutsu adreawo ku vi aɖeke madzimadzi eye nyɔnua hã va ku mlɔeba. 23 Fifia nu si míedi be míanya enye be, le tsitretsitsi ŋkekea dzi ɖe, ame kae anye nyɔnu sia srɔ̃a elabena wo ame adrea katã ɖee kpɔ.” 24 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu si le fu ɖem na mi enye be mienya mawunya, alo Mawu ƒe ŋusẽ o. 25 Elabena ne nɔviŋutsu adre siawo kple nyɔnua wofɔ tso ame kukuwo dome la, womagaɖe srɔ̃ o, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o. Woanɔ ko abe mawudɔlawo ene. 26 “Ne miedi be yewoanya be enye nyateƒe be ame kukuwo atsi tre la, ekema miɖo ŋku nu si miexlẽ tso ale si Mose kpɔ ŋuve bibi la ŋu kpɔ dzi. Mawu gblɔ na Mose le afi ma be, ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, nyee nye Isak kple Yakɔb ƒe Mawu.’ 27 “Mawu gblɔ na Mose be, togbɔ be ame siawo ku ƒe alafa nanewoe nye si va yi hã la, wogale agbe kokoko. Ɖe mele eme nenema o la, Mawu magblɔ be, ‘Menye ame kukuwo ƒe Mawu ye menye o!’ Miewɔ vodada gã ŋutɔ. Miese nya sia gɔme o.” 28 Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ to ɖom la kpɔe be, Yesu ɖo nyaa ŋu nyuie eya ta ete ɖe eŋu biae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?” 29 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ ko wònye. 30 Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ katã.’ ” 31 “Se eveliae nye be, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me, Se bubu aɖeke megali si lolo wu esiawo o.” 32 Agbalẽfiala la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, èto nyateƒe esi nègblɔ be Mawu ɖeka koe li, bubu aɖeke megali o. 33 Eye menyae hã be ele vevie be ame nalɔ̃ eya ɖeka kple eƒe dzi, gɔmesese, kple ŋusẽ katã. Ele be wòalɔ ame wu be woasa vɔwo numevɔwo kple vɔsa bubuwo.” 34 Esi Yesu kpɔ be eɖo nya la ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be, “Wò la mèdidi tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o.” Le esia megbe la ame aɖeke megate ŋu bia nya aɖeke o. 35 Emegbe esi Yesu nɔ nu fiam amewo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu la, ebia ameawo be, “Nu ka tae miaƒe agbalẽfialawo gblɔna be ele be Mesia la natso Fia David ƒe ƒome me kokoko. 36 Elabena David ŋutɔ gblɔ le esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nɔ nu ƒom to edzi be, ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be nɔ anyi ɖe nye ɖusime va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo wò afɔɖodzinui.’ 37 Esi David ŋutɔ yɔe be Aƒetɔ ɖe, ale ke wɔ wòaganye Via?” Nyameɖeɖe sia do dzidzɔ na eselawo ŋutɔ ale wogbugbɔ ƒu to anyi ɖe Yesu ƒe nufifia ŋu henɔ to ɖom kple dzidzɔ. 38 Nu bubu siwo Yesu fia ameawo le ɣeyiɣi sia me la woe nye esi: Egblɔ be, “Mikpɔ nyuie le agbalẽfiala alakpatɔ siawo ŋuti. Elabena wolɔ̃a awuʋlayawo dodo abe agbalẽnyala gãwo kple kesinɔtɔwo ene eye wodina be amewo katã nabɔbɔ ado gbe na yewo ne yewo le zɔzɔm le ablɔwo dzi. 39 Ame siawo lɔ̃a teƒe kɔkɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo eye wodia kplɔ̃ta nɔnɔ vevie le kplɔ̃doƒewo. 40 Ame siawo xɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodoɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesetɔ̃.” 41 Azɔ Yesu yi nudzɔ ɖaka si le gbedoxɔ la me gbɔ eye wònɔ anyi henɔ gadzɔlawo kpɔm dũ. Ame siwo nye kesinɔtɔwo la va da ga home gãwo ɖe nudzɔɖaka la me dadatɔe. 42 Ahosi dahe hã va eye wòda pesewa eve ɖe nudzɔnua me. 43 Yesu yɔ e ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔe eye wògblɔ na wo be, “Ne wotsɔ gatɔ siawo katã ƒe ga si wona la ƒo ƒui la, le nyate ƒe me, ahosi dahe sia ƒe pesewa evea xɔ asi wu wo katã tɔ. 44 Elabena ame siawo kpɔ ga fũ ŋutɔ gake nu vi a ɖe koe wona. Gake ahosi dahe sia ya va na ga si katã le esi.”

In Other Versions

Mark 12 in the ANGEFD

Mark 12 in the ANTPNG2D

Mark 12 in the AS21

Mark 12 in the BAGH

Mark 12 in the BBPNG

Mark 12 in the BBT1E

Mark 12 in the BDS

Mark 12 in the BHAD

Mark 12 in the BIB

Mark 12 in the BLPT

Mark 12 in the BNT

Mark 12 in the BNTABOOT

Mark 12 in the BNTLV

Mark 12 in the BOATCB

Mark 12 in the BOATCB2

Mark 12 in the BOBCV

Mark 12 in the BOCNT

Mark 12 in the BOECS

Mark 12 in the BOGWICC

Mark 12 in the BOHCB

Mark 12 in the BOHCV

Mark 12 in the BOHLNT

Mark 12 in the BOHNTLTAL

Mark 12 in the BOICB

Mark 12 in the BOILNTAP

Mark 12 in the BOITCV

Mark 12 in the BOKCV

Mark 12 in the BOKCV2

Mark 12 in the BOKHWOG

Mark 12 in the BOKSSV

Mark 12 in the BOLCB

Mark 12 in the BOLCB2

Mark 12 in the BOMCV

Mark 12 in the BONAV

Mark 12 in the BONCB

Mark 12 in the BONLT

Mark 12 in the BONUT2

Mark 12 in the BOPLNT

Mark 12 in the BOSCB

Mark 12 in the BOSNC

Mark 12 in the BOTLNT

Mark 12 in the BOVCB

Mark 12 in the BOYCB

Mark 12 in the BPBB

Mark 12 in the BPH

Mark 12 in the BSB

Mark 12 in the CCB

Mark 12 in the CUV

Mark 12 in the CUVS

Mark 12 in the DBT

Mark 12 in the DGDNT

Mark 12 in the DHNT

Mark 12 in the DNT

Mark 12 in the ELBE

Mark 12 in the EMTV

Mark 12 in the ESV

Mark 12 in the FBV

Mark 12 in the FEB

Mark 12 in the GGMNT

Mark 12 in the GNT

Mark 12 in the HARY

Mark 12 in the HNT

Mark 12 in the IRVA

Mark 12 in the IRVB

Mark 12 in the IRVG

Mark 12 in the IRVH

Mark 12 in the IRVK

Mark 12 in the IRVM

Mark 12 in the IRVM2

Mark 12 in the IRVO

Mark 12 in the IRVP

Mark 12 in the IRVT

Mark 12 in the IRVT2

Mark 12 in the IRVU

Mark 12 in the ISVN

Mark 12 in the JSNT

Mark 12 in the KAPI

Mark 12 in the KBT1ETNIK

Mark 12 in the KBV

Mark 12 in the KJV

Mark 12 in the KNFD

Mark 12 in the LBA

Mark 12 in the LBLA

Mark 12 in the LNT

Mark 12 in the LSV

Mark 12 in the MAAL

Mark 12 in the MBV

Mark 12 in the MBV2

Mark 12 in the MHNT

Mark 12 in the MKNFD

Mark 12 in the MNG

Mark 12 in the MNT

Mark 12 in the MNT2

Mark 12 in the MRS1T

Mark 12 in the NAA

Mark 12 in the NASB

Mark 12 in the NBLA

Mark 12 in the NBS

Mark 12 in the NBVTP

Mark 12 in the NET2

Mark 12 in the NIV11

Mark 12 in the NNT

Mark 12 in the NNT2

Mark 12 in the NNT3

Mark 12 in the PDDPT

Mark 12 in the PFNT

Mark 12 in the RMNT

Mark 12 in the SBIAS

Mark 12 in the SBIBS

Mark 12 in the SBIBS2

Mark 12 in the SBICS

Mark 12 in the SBIDS

Mark 12 in the SBIGS

Mark 12 in the SBIHS

Mark 12 in the SBIIS

Mark 12 in the SBIIS2

Mark 12 in the SBIIS3

Mark 12 in the SBIKS

Mark 12 in the SBIKS2

Mark 12 in the SBIMS

Mark 12 in the SBIOS

Mark 12 in the SBIPS

Mark 12 in the SBISS

Mark 12 in the SBITS

Mark 12 in the SBITS2

Mark 12 in the SBITS3

Mark 12 in the SBITS4

Mark 12 in the SBIUS

Mark 12 in the SBIVS

Mark 12 in the SBT

Mark 12 in the SBT1E

Mark 12 in the SCHL

Mark 12 in the SNT

Mark 12 in the SUSU

Mark 12 in the SUSU2

Mark 12 in the SYNO

Mark 12 in the TBIAOTANT

Mark 12 in the TBT1E

Mark 12 in the TBT1E2

Mark 12 in the TFTIP

Mark 12 in the TFTU

Mark 12 in the TGNTATF3T

Mark 12 in the THAI

Mark 12 in the TNFD

Mark 12 in the TNT

Mark 12 in the TNTIK

Mark 12 in the TNTIL

Mark 12 in the TNTIN

Mark 12 in the TNTIP

Mark 12 in the TNTIZ

Mark 12 in the TOMA

Mark 12 in the TTENT

Mark 12 in the UBG

Mark 12 in the UGV

Mark 12 in the UGV2

Mark 12 in the UGV3

Mark 12 in the VBL

Mark 12 in the VDCC

Mark 12 in the YALU

Mark 12 in the YAPE

Mark 12 in the YBVTP

Mark 12 in the ZBP