Job 3 (BOECS)

1 Le esia megbe la, Hiob ke nu eye wòƒo fi de eƒe dzigbe. 2 Egblɔ be, 3 “Ŋkeke si dzi wodzim la netsrɔ̃,nenema ke nye zã si me wogblɔ be,‘Wodzi viŋutsu na mí!’ 4 Ŋkeke ma nezu viviti,Mawu si le dziƒo la megatsɔ ɖeke le eme nɛ o,kekeli aɖeke megaklẽ ɖe edzi o. 5 Viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi negaxɔe,lilikpo netsyɔ edzi eye blukɔ nedo ɖe eƒe kekeli dzi. 6 Viviti tsiɖitsiɖi nexɔ zã maeye womegaxlẽe ɖe ƒea ƒe ŋkekewo mealo woadee ɣleti aɖeke ƒe ŋkekewo me o. 7 Zã ma netsi koeye dzidzɔɣli aɖeke megaɖi le eme o. 8 Ame siwo ƒoa fi dea ŋkekewo la,neƒo fi de ŋkeke ma,ame siwo le klalo bewoade adã ta me na ʋɔ driba la. 9 Eƒe ŋukeɣletiviwo nedo viviti,kekeli si lalam wòle la megado nɛ oeye megakpɔ fɔŋli ƒe ɣetotoe gbãtɔwo o, 10 elabena metu vidzidɔ ƒe ʋɔtruwo ɖe nunye,be nye ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e o. 11 “Nu ka ŋuti nyemeku le nye dzigbeeye maku hafi ado tso vidzidɔ me o? 12 Nu ka ta ata aɖewo le klalo bewoakɔm ɖe akɔ eye no aɖewo li be mano? 13 Anye ne memlɔ anyi le ŋutifafa me,le alɔ̃ dɔm, le ɖiɖim ɖe eme. 14 Anye ne mele fiawo kple aɖaŋuɖola siwo le anyigba dzi la gbɔ,ame siwo tu xɔ gã siwo zu aƒedo azɔ la na wo ɖokuiwo. 15 Anye ne mele dziɖula siwo si sika leeye woƒe aƒewo me yɔ fũu kple klosalo la gbɔ. 16 Alo nu ka ta womeɖim ɖe tome abe fu gege ene,abe vidzĩ si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene o? 17 Afi ma ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa nyanyra leeye afi ma ame siwo nu ti kɔ na la le gbɔgbɔm ɖe eme le. 18 Aʋaléleawo hã nɔa ablɔɖe meeye womegasea dɔdzikpɔlawo ƒe ɣli o. 19 Ame gblɔewo kple amegãwo siaa le afi maeye kluvi kpɔa ablɔɖe tso eƒe aƒetɔ ƒe asi me. 20 “Nu ka tae kekeli klẽna na ayaɖulawoeye wònaa agbe luʋɔ si le nu xam? 21 Nu ka ta wòna agbe ame siwo le ku dim,evɔ mevana na wo okple ame siwo le edim vevie wu kesinɔnu si woɣla 22 kple ame siwo kpɔa dzidzɔ,tsoa aseye ne woɖo yɔdo me? 23 Nu ka ŋutie wòna agbe ame si ƒe mɔwo le ɣaɣlakple ame si ŋuti Mawu tɔ kpɔ ɖo? 24 Elabena hũɖeɖe xɔ ɖe nuɖuɖu teƒeeye nye ŋeŋe ƒona ɖi abe tsi ene. 25 Nu si mevɔ̃ na la va dzinyeeye nu si dzi ŋɔ nam la dzɔ ɖe dzinye. 26 Nyemekpɔ ŋutifafa, tomefafa alo gbɔɖeme aɖeke o,negbe ʋunyaʋunya ko.”

In Other Versions

Job 3 in the ANGEFD

Job 3 in the ANTPNG2D

Job 3 in the AS21

Job 3 in the BAGH

Job 3 in the BBPNG

Job 3 in the BBT1E

Job 3 in the BDS

Job 3 in the BEV

Job 3 in the BHAD

Job 3 in the BIB

Job 3 in the BLPT

Job 3 in the BNT

Job 3 in the BNTABOOT

Job 3 in the BNTLV

Job 3 in the BOATCB

Job 3 in the BOATCB2

Job 3 in the BOBCV

Job 3 in the BOCNT

Job 3 in the BOGWICC

Job 3 in the BOHCB

Job 3 in the BOHCV

Job 3 in the BOHLNT

Job 3 in the BOHNTLTAL

Job 3 in the BOICB

Job 3 in the BOILNTAP

Job 3 in the BOITCV

Job 3 in the BOKCV

Job 3 in the BOKCV2

Job 3 in the BOKHWOG

Job 3 in the BOKSSV

Job 3 in the BOLCB

Job 3 in the BOLCB2

Job 3 in the BOMCV

Job 3 in the BONAV

Job 3 in the BONCB

Job 3 in the BONLT

Job 3 in the BONUT2

Job 3 in the BOPLNT

Job 3 in the BOSCB

Job 3 in the BOSNC

Job 3 in the BOTLNT

Job 3 in the BOVCB

Job 3 in the BOYCB

Job 3 in the BPBB

Job 3 in the BPH

Job 3 in the BSB

Job 3 in the CCB

Job 3 in the CUV

Job 3 in the CUVS

Job 3 in the DBT

Job 3 in the DGDNT

Job 3 in the DHNT

Job 3 in the DNT

Job 3 in the ELBE

Job 3 in the EMTV

Job 3 in the ESV

Job 3 in the FBV

Job 3 in the FEB

Job 3 in the GGMNT

Job 3 in the GNT

Job 3 in the HARY

Job 3 in the HNT

Job 3 in the IRVA

Job 3 in the IRVB

Job 3 in the IRVG

Job 3 in the IRVH

Job 3 in the IRVK

Job 3 in the IRVM

Job 3 in the IRVM2

Job 3 in the IRVO

Job 3 in the IRVP

Job 3 in the IRVT

Job 3 in the IRVT2

Job 3 in the IRVU

Job 3 in the ISVN

Job 3 in the JSNT

Job 3 in the KAPI

Job 3 in the KBT1ETNIK

Job 3 in the KBV

Job 3 in the KJV

Job 3 in the KNFD

Job 3 in the LBA

Job 3 in the LBLA

Job 3 in the LNT

Job 3 in the LSV

Job 3 in the MAAL

Job 3 in the MBV

Job 3 in the MBV2

Job 3 in the MHNT

Job 3 in the MKNFD

Job 3 in the MNG

Job 3 in the MNT

Job 3 in the MNT2

Job 3 in the MRS1T

Job 3 in the NAA

Job 3 in the NASB

Job 3 in the NBLA

Job 3 in the NBS

Job 3 in the NBVTP

Job 3 in the NET2

Job 3 in the NIV11

Job 3 in the NNT

Job 3 in the NNT2

Job 3 in the NNT3

Job 3 in the PDDPT

Job 3 in the PFNT

Job 3 in the RMNT

Job 3 in the SBIAS

Job 3 in the SBIBS

Job 3 in the SBIBS2

Job 3 in the SBICS

Job 3 in the SBIDS

Job 3 in the SBIGS

Job 3 in the SBIHS

Job 3 in the SBIIS

Job 3 in the SBIIS2

Job 3 in the SBIIS3

Job 3 in the SBIKS

Job 3 in the SBIKS2

Job 3 in the SBIMS

Job 3 in the SBIOS

Job 3 in the SBIPS

Job 3 in the SBISS

Job 3 in the SBITS

Job 3 in the SBITS2

Job 3 in the SBITS3

Job 3 in the SBITS4

Job 3 in the SBIUS

Job 3 in the SBIVS

Job 3 in the SBT

Job 3 in the SBT1E

Job 3 in the SCHL

Job 3 in the SNT

Job 3 in the SUSU

Job 3 in the SUSU2

Job 3 in the SYNO

Job 3 in the TBIAOTANT

Job 3 in the TBT1E

Job 3 in the TBT1E2

Job 3 in the TFTIP

Job 3 in the TFTU

Job 3 in the TGNTATF3T

Job 3 in the THAI

Job 3 in the TNFD

Job 3 in the TNT

Job 3 in the TNTIK

Job 3 in the TNTIL

Job 3 in the TNTIN

Job 3 in the TNTIP

Job 3 in the TNTIZ

Job 3 in the TOMA

Job 3 in the TTENT

Job 3 in the UBG

Job 3 in the UGV

Job 3 in the UGV2

Job 3 in the UGV3

Job 3 in the VBL

Job 3 in the VDCC

Job 3 in the YALU

Job 3 in the YAPE

Job 3 in the YBVTP

Job 3 in the ZBP