Mark 3 (BOECS)

1 Yesu gayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Kapernaum, eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. 2 Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. 3 Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. 4 Etrɔ ɖe wo gbɔ hebia wo be, “Enyo be woawɔ dɔmenyo le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzia? Alo enye ŋkeke si dzi woawɔ nu nyui loo alo vɔ̃?” Ameawo katã zi kpi, eye womeɖo biabia siawo ƒe ɖeke ŋu nɛ o. 5 Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo. 6 Esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wotso enumake ɖawɔ ɖoɖo kple Herod dunyaheha, si de Roma dziɖuɖu dzi la le ale si woawɔ awu Yesu la ŋuti. 7 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖe aga heyi ƒua ta, eye ameha gã aɖe dze wo yome tso Galilea. 8 Esi wose nu siwo katã Yesu nɔ wɔwɔm ta la, ame geɖe siwo tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple nuto siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ kple Tiro kple Sidon nutowo me hã va. 9 Yesu vɔ̃ be ameawo ava mimi ye ɖo, eya ta ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi ʋu sue aɖe ada ɖi, ale be ne ameawo mimi ye ɖo fũu akpa la, yeage ɖe eme ado le wo dome, 10 elabena eda gbe le dɔnɔ geɖewo ŋu gbe ma gbe ale gbegbe be dɔnɔ bubuwo ƒo zi ɖe eŋu fũu henɔ didim be yewoaka asi eŋu ko. 11 Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe akɔme hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu ƒe Vi la,” 12 gake Yesu dea se na wo vevie be womegana amewo nanya ame si yenye o. 13 Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi, eye wòbia tso ame siwo wòtia la si be woava do go ye le afi ma, eye woyi. 14 Azɔ la, etia ame wuieve be woanye apostolowo, ame siwo anɔ eŋuti gbeawo tsyo gbe, eye wòadɔ wo woayi aɖagblɔ mawunya na amewo, 15 eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. 16 Ame wuieve siwo wòtia la ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro), 17 Yakobo kple nɔvia Yohanes, Zebedeo ƒe vi (siwo Yesu na ŋkɔe be, “dziɖegbe ƒe viwo”); 18 Andrea,Filipo,Bartolomeo,Mateo,Toma,Yakobo, Alfeo ƒe vi,Tadeo,Simɔn, ame si nye Zelote dunyahehamenɔla, 19 kple Yuda Iskariɔt, ame si va dee asi. 20 Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la, amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o la, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o. 21 Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe, elabena wobu be eƒe tagbɔe da. 22 Gake Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.” 23 Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo, hedo lo sia na wo be, “Aleke Satana agate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ŋuti? 24 Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo. 25 Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o. 26 Ne Satana tsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te o, ke boŋ atsrɔ̃. 27 Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me, alɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe o, negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. 28 Mele nyateƒe la gblɔm na mi be woatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo kple woƒe busunyawo katã ake wo, 29 ke ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. Ame sia wɔ nu vɔ̃ mavɔ.” 30 Yesu gblɔ nya sia, elabena ameawo nɔ gbɔgblɔm be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme. 31 Azɔ Yesu dada kple nɔviawo va aƒe si me wònɔ la godo, wodɔ ame aɖe be wòayɔe na wo. 32 Ameha gã aɖe nɔ anyi ɖe egbɔ ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo di be yewoakpɔ wò le aƒea godo.” 33 Yesu biae be, “Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?” 34 Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo, eye wògblɔ be, “Ame siawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo! 35 Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enye nɔvinye ŋutsu, nɔvinye nyɔnu alo danye.”

In Other Versions

Mark 3 in the ANGEFD

Mark 3 in the ANTPNG2D

Mark 3 in the AS21

Mark 3 in the BAGH

Mark 3 in the BBPNG

Mark 3 in the BBT1E

Mark 3 in the BDS

Mark 3 in the BEV

Mark 3 in the BHAD

Mark 3 in the BIB

Mark 3 in the BLPT

Mark 3 in the BNT

Mark 3 in the BNTABOOT

Mark 3 in the BNTLV

Mark 3 in the BOATCB

Mark 3 in the BOATCB2

Mark 3 in the BOBCV

Mark 3 in the BOCNT

Mark 3 in the BOGWICC

Mark 3 in the BOHCB

Mark 3 in the BOHCV

Mark 3 in the BOHLNT

Mark 3 in the BOHNTLTAL

Mark 3 in the BOICB

Mark 3 in the BOILNTAP

Mark 3 in the BOITCV

Mark 3 in the BOKCV

Mark 3 in the BOKCV2

Mark 3 in the BOKHWOG

Mark 3 in the BOKSSV

Mark 3 in the BOLCB

Mark 3 in the BOLCB2

Mark 3 in the BOMCV

Mark 3 in the BONAV

Mark 3 in the BONCB

Mark 3 in the BONLT

Mark 3 in the BONUT2

Mark 3 in the BOPLNT

Mark 3 in the BOSCB

Mark 3 in the BOSNC

Mark 3 in the BOTLNT

Mark 3 in the BOVCB

Mark 3 in the BOYCB

Mark 3 in the BPBB

Mark 3 in the BPH

Mark 3 in the BSB

Mark 3 in the CCB

Mark 3 in the CUV

Mark 3 in the CUVS

Mark 3 in the DBT

Mark 3 in the DGDNT

Mark 3 in the DHNT

Mark 3 in the DNT

Mark 3 in the ELBE

Mark 3 in the EMTV

Mark 3 in the ESV

Mark 3 in the FBV

Mark 3 in the FEB

Mark 3 in the GGMNT

Mark 3 in the GNT

Mark 3 in the HARY

Mark 3 in the HNT

Mark 3 in the IRVA

Mark 3 in the IRVB

Mark 3 in the IRVG

Mark 3 in the IRVH

Mark 3 in the IRVK

Mark 3 in the IRVM

Mark 3 in the IRVM2

Mark 3 in the IRVO

Mark 3 in the IRVP

Mark 3 in the IRVT

Mark 3 in the IRVT2

Mark 3 in the IRVU

Mark 3 in the ISVN

Mark 3 in the JSNT

Mark 3 in the KAPI

Mark 3 in the KBT1ETNIK

Mark 3 in the KBV

Mark 3 in the KJV

Mark 3 in the KNFD

Mark 3 in the LBA

Mark 3 in the LBLA

Mark 3 in the LNT

Mark 3 in the LSV

Mark 3 in the MAAL

Mark 3 in the MBV

Mark 3 in the MBV2

Mark 3 in the MHNT

Mark 3 in the MKNFD

Mark 3 in the MNG

Mark 3 in the MNT

Mark 3 in the MNT2

Mark 3 in the MRS1T

Mark 3 in the NAA

Mark 3 in the NASB

Mark 3 in the NBLA

Mark 3 in the NBS

Mark 3 in the NBVTP

Mark 3 in the NET2

Mark 3 in the NIV11

Mark 3 in the NNT

Mark 3 in the NNT2

Mark 3 in the NNT3

Mark 3 in the PDDPT

Mark 3 in the PFNT

Mark 3 in the RMNT

Mark 3 in the SBIAS

Mark 3 in the SBIBS

Mark 3 in the SBIBS2

Mark 3 in the SBICS

Mark 3 in the SBIDS

Mark 3 in the SBIGS

Mark 3 in the SBIHS

Mark 3 in the SBIIS

Mark 3 in the SBIIS2

Mark 3 in the SBIIS3

Mark 3 in the SBIKS

Mark 3 in the SBIKS2

Mark 3 in the SBIMS

Mark 3 in the SBIOS

Mark 3 in the SBIPS

Mark 3 in the SBISS

Mark 3 in the SBITS

Mark 3 in the SBITS2

Mark 3 in the SBITS3

Mark 3 in the SBITS4

Mark 3 in the SBIUS

Mark 3 in the SBIVS

Mark 3 in the SBT

Mark 3 in the SBT1E

Mark 3 in the SCHL

Mark 3 in the SNT

Mark 3 in the SUSU

Mark 3 in the SUSU2

Mark 3 in the SYNO

Mark 3 in the TBIAOTANT

Mark 3 in the TBT1E

Mark 3 in the TBT1E2

Mark 3 in the TFTIP

Mark 3 in the TFTU

Mark 3 in the TGNTATF3T

Mark 3 in the THAI

Mark 3 in the TNFD

Mark 3 in the TNT

Mark 3 in the TNTIK

Mark 3 in the TNTIL

Mark 3 in the TNTIN

Mark 3 in the TNTIP

Mark 3 in the TNTIZ

Mark 3 in the TOMA

Mark 3 in the TTENT

Mark 3 in the UBG

Mark 3 in the UGV

Mark 3 in the UGV2

Mark 3 in the UGV3

Mark 3 in the VBL

Mark 3 in the VDCC

Mark 3 in the YALU

Mark 3 in the YAPE

Mark 3 in the YBVTP

Mark 3 in the ZBP