Nahum 3 (BOECS)
1 Baba na du si yɔ fũu kple ʋukɔkɔɖi,alakpadada kple nuhaha,eye wògbe asiɖeɖe le nu siwo wòha la ŋu. 2 Ƒu to anyi nàse ale si sɔƒokawo le gbe dom,eye tasiaɖamwo ƒe afɔtiwo,kple sɔwo ƒe afɔkpawo le hoo wɔm esime tasiaɖamwole du sim glaŋglaŋglaŋ le mɔtatawo dzi! 3 Sɔdolawo dze agbo, yiwo le dzo dam,eye akplɔwo le dzo sim le woƒe asi me!Ame tsiaʋawo teƒe mekɔ o,ame kukuwo sɔ gbɔ taŋtaŋtaŋ,eye ɖewo tsi wo nɔewo dzi.Amewo le wo dzi zɔm le anyi dzem,le fɔfɔm; gale anyi dzem. 4 Esiawo katã va eme ɖe gbolo ɖeka ƒe gbolowɔwɔ vivivo ta.Ame si ble afakalawo ƒe amegã nu,eye wòdo kluvi dukɔwo kple eƒe gbolowɔwɔ hebla amewokple eƒe adzewɔwɔ. 5 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be:“Le esia ta, metsi tsitre ɖe ŋuwò,azɔ maɖe motsyɔvɔ le mo na wò,mana dukɔwo nakpɔ wò amame,eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpe. 6 Malɔ gbeɖuɖɔ akɔ ɖe dziwò,ado ŋunyɔ wò, eye nàzu nukpɔkpɔ na dukɔwo. 7 Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo,eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be,‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?” 8 Wòe nyo wu Tebes, si le Nil tɔsisi to,eye tɔ la ƒo xlãe godoa? 9 Kus kple Egipte nye eƒe ŋusẽ triakɔ la.Nenema ke Putitɔwo kple Libiatɔwonye eƒe kpeɖeŋutɔwo le aʋa me, 10 gake Tebes dze anyi,woɖe aboyo emenɔlawo, eye wotsɔ wo viwoƒe ta xlã ɖe kpe le mɔtatawo dzi.Wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzi,eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã. 11 Wò hã àmu aha, asi abe,eye àdi sitsoƒe le futɔwo ta. 12 Wò mɔ sesẽwo katã anɔ abe gboti si dzikutsetse ɖiɖiwo le la ene.Ne woʋuʋu atia la,kutsetsewo gena ɖe eɖula ƒe nu me. 13 Kpɔ wò asrafowo ɖa,wo katã wole abe nyɔnuwo ene.Wò anyigba ƒe agbo anɔ ʋuʋu ɖi siaana wò futɔwo, eye dzo afia wò gametiwo. 14 Du tsi kɔ ɖi na ɖokuiwò ɖe aʋadzegbe ŋu.Dzra wò mɔ sesẽwo ƒe gliwo ɖo.Ge ɖe anyiʋewo me, eye nànya anyi atsɔ tre gli gbagbãwoe. 15 Esi nèle nu siawo wɔm la dzo ava fia wò;yi alã wò aƒu anyi, eye woaɖu wòabe ale si ʋetsuvi ɖua nui ene.Midzi ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene,misɔ gbɔ ɖe edzi abe ʋetsuviwo ene. 16 Èdzi wò asitsalawo ɖe edzi va se ɖeesime wosɔ gbɔ wu ɣletiviwo,gake ʋetsuviwo aɖu wo,aɖi gbɔlo anyigba la, eye woadzo adzo. 17 Ŋuwòdzɔlawo asɔ gbɔ abe ʋetsuviwoƒe ha gã aɖe ene, eye wò amegãwo asɔ gbɔabe ʋetra siwo dze ɖe gli ŋule ŋdi me, ke ne ɣe dze ko la,woadzo adzo, eye teƒe si wonɔ la magadze o ene. 18 O Asiria fia, wò kplɔlawo le akɔlɔ̃e dɔm;wò bubumewo mlɔ anyi le dzudzɔm.Woakaka wò amewo ɖe towo dzi,eye ame aɖeke maƒo wo nu ƒu o. 19 Naneke mate ŋu awu abi si nèxɔ la o,elabena edzi ŋɔ ŋutɔ.Ame sia ame si ase wò anyidzedze la,aƒo asikpe ɖe tawò,elabena ame kae mekpɔ gome le wòŋutasesẽ gbogboawo me o?
In Other Versions
Nahum 3 in the ANGEFD
Nahum 3 in the ANTPNG2D
Nahum 3 in the AS21
Nahum 3 in the BAGH
Nahum 3 in the BBPNG
Nahum 3 in the BBT1E
Nahum 3 in the BDS
Nahum 3 in the BEV
Nahum 3 in the BHAD
Nahum 3 in the BIB
Nahum 3 in the BLPT
Nahum 3 in the BNT
Nahum 3 in the BNTABOOT
Nahum 3 in the BNTLV
Nahum 3 in the BOATCB
Nahum 3 in the BOATCB2
Nahum 3 in the BOBCV
Nahum 3 in the BOCNT
Nahum 3 in the BOGWICC
Nahum 3 in the BOHCB
Nahum 3 in the BOHCV
Nahum 3 in the BOHLNT
Nahum 3 in the BOHNTLTAL
Nahum 3 in the BOICB
Nahum 3 in the BOILNTAP
Nahum 3 in the BOITCV
Nahum 3 in the BOKCV
Nahum 3 in the BOKCV2
Nahum 3 in the BOKHWOG
Nahum 3 in the BOKSSV
Nahum 3 in the BOLCB
Nahum 3 in the BOLCB2
Nahum 3 in the BOMCV
Nahum 3 in the BONAV
Nahum 3 in the BONCB
Nahum 3 in the BONLT
Nahum 3 in the BONUT2
Nahum 3 in the BOPLNT
Nahum 3 in the BOSCB
Nahum 3 in the BOSNC
Nahum 3 in the BOTLNT
Nahum 3 in the BOVCB
Nahum 3 in the BOYCB
Nahum 3 in the BPBB
Nahum 3 in the BPH
Nahum 3 in the BSB
Nahum 3 in the CCB
Nahum 3 in the CUV
Nahum 3 in the CUVS
Nahum 3 in the DBT
Nahum 3 in the DGDNT
Nahum 3 in the DHNT
Nahum 3 in the DNT
Nahum 3 in the ELBE
Nahum 3 in the EMTV
Nahum 3 in the ESV
Nahum 3 in the FBV
Nahum 3 in the FEB
Nahum 3 in the GGMNT
Nahum 3 in the GNT
Nahum 3 in the HARY
Nahum 3 in the HNT
Nahum 3 in the IRVA
Nahum 3 in the IRVB
Nahum 3 in the IRVG
Nahum 3 in the IRVH
Nahum 3 in the IRVK
Nahum 3 in the IRVM
Nahum 3 in the IRVM2
Nahum 3 in the IRVO
Nahum 3 in the IRVP
Nahum 3 in the IRVT
Nahum 3 in the IRVT2
Nahum 3 in the IRVU
Nahum 3 in the ISVN
Nahum 3 in the JSNT
Nahum 3 in the KAPI
Nahum 3 in the KBT1ETNIK
Nahum 3 in the KBV
Nahum 3 in the KJV
Nahum 3 in the KNFD
Nahum 3 in the LBA
Nahum 3 in the LBLA
Nahum 3 in the LNT
Nahum 3 in the LSV
Nahum 3 in the MAAL
Nahum 3 in the MBV
Nahum 3 in the MBV2
Nahum 3 in the MHNT
Nahum 3 in the MKNFD
Nahum 3 in the MNG
Nahum 3 in the MNT
Nahum 3 in the MNT2
Nahum 3 in the MRS1T
Nahum 3 in the NAA
Nahum 3 in the NASB
Nahum 3 in the NBLA
Nahum 3 in the NBS
Nahum 3 in the NBVTP
Nahum 3 in the NET2
Nahum 3 in the NIV11
Nahum 3 in the NNT
Nahum 3 in the NNT2
Nahum 3 in the NNT3
Nahum 3 in the PDDPT
Nahum 3 in the PFNT
Nahum 3 in the RMNT
Nahum 3 in the SBIAS
Nahum 3 in the SBIBS
Nahum 3 in the SBIBS2
Nahum 3 in the SBICS
Nahum 3 in the SBIDS
Nahum 3 in the SBIGS
Nahum 3 in the SBIHS
Nahum 3 in the SBIIS
Nahum 3 in the SBIIS2
Nahum 3 in the SBIIS3
Nahum 3 in the SBIKS
Nahum 3 in the SBIKS2
Nahum 3 in the SBIMS
Nahum 3 in the SBIOS
Nahum 3 in the SBIPS
Nahum 3 in the SBISS
Nahum 3 in the SBITS
Nahum 3 in the SBITS2
Nahum 3 in the SBITS3
Nahum 3 in the SBITS4
Nahum 3 in the SBIUS
Nahum 3 in the SBIVS
Nahum 3 in the SBT
Nahum 3 in the SBT1E
Nahum 3 in the SCHL
Nahum 3 in the SNT
Nahum 3 in the SUSU
Nahum 3 in the SUSU2
Nahum 3 in the SYNO
Nahum 3 in the TBIAOTANT
Nahum 3 in the TBT1E
Nahum 3 in the TBT1E2
Nahum 3 in the TFTIP
Nahum 3 in the TFTU
Nahum 3 in the TGNTATF3T
Nahum 3 in the THAI
Nahum 3 in the TNFD
Nahum 3 in the TNT
Nahum 3 in the TNTIK
Nahum 3 in the TNTIL
Nahum 3 in the TNTIN
Nahum 3 in the TNTIP
Nahum 3 in the TNTIZ
Nahum 3 in the TOMA
Nahum 3 in the TTENT
Nahum 3 in the UBG
Nahum 3 in the UGV
Nahum 3 in the UGV2
Nahum 3 in the UGV3
Nahum 3 in the VBL
Nahum 3 in the VDCC
Nahum 3 in the YALU
Nahum 3 in the YAPE
Nahum 3 in the YBVTP
Nahum 3 in the ZBP