1 Peter 1 (BEV)

1 Petro, Yesu Kristo ƒe Apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe: Mawu ƒe ametiatia siwo nye amedzrowo le xexeame, ame siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia nutowo me, 2 ame siwo wotia le Mawu, Fofo la, ƒe nunyanyaɖi nu, to Gbɔgbɔ la ƒe ŋutikɔklɔ ƒe dɔwɔwɔ me, hena toɖoɖo Yesu Kristo kple eƒe ʋuhehlẽ la me. Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me. 3 Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo! Le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta wòna gbugbɔgadzi mí ɖe mɔkpɔkpɔ gbagbe me to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome me. 4 Eye wòtsɔ domenyinu si magblẽ o, si malũ xe alo aklo o la na mí, domenyinu si wodzra ɖo ɖe dziƒo na mi, 5 ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu to xɔse me, va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia. 6 Togbɔ be fifia ele na mi be miaxa nu le dodokpɔ ƒomevi geɖewo me hena ɣeyiɣi ʋee aɖewo hã la, miele dzidzɔ manyagblɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ sia ta. 7 Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse, si xɔ asi wu sika, si gblẽna evɔ wololoe le dzome hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyateƒetɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia. 8 Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e, eye togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ edzi se eye dzidzɔ manyagblɔ, si ŋuti ŋutikɔkɔe le la yɔ mia me fũu, 9 elabena miele miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la xɔm. 10 Ɖeɖe sia tae nyagblɔɖila siwo ƒo nu tso amenuveve si le mia dzi va ge ŋuti la ku nugɔme vevie kple beléle tɔxɛ, 11 hedze agbagba be woanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiamii, esi wògblɔ nya ɖi tso Kristo ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti. 12 Woɖee fia wo be menye woawo ŋutɔ ɖokuiwo subɔm wole o, ke boŋ miawoe, esi woƒo nu le nu siwo wogblɔ na mi azɔ la ŋuti to ame siwo gblɔ nyanyui la na mi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wodɔ ɖa tso dziƒo la dzi. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di vevie be woakpɔ nu siawo me. 13 Eya ta, midzra miaƒe tamesusuwo ɖo hena afɔɖeɖe, miɖu mia ɖokuiwo dzi, mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ katã da ɖe amenuveve si woana mi ne woɖe Yesu Kristo fia la dzi. 14 Abe vi ɖotowo ene la, migadze dzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o. 15 Ke boŋ, abe ale si ame si yɔ mi la le Kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me, 16 elabena woŋlɔ ɖi be, “Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.” 17 Esi mieyɔa Fofo si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ƒe dɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe la, minɔ agbe abe amedzrowo ene le afii le vɔvɔ̃ kɔkɔe me. 18 Elabena mienyae bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso yakagbe si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o, 19 ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o. 20 Wotiae hafi wova wɔ xexeame gake woɖee fia le ɣeyiɣi mamlɛatɔ siawo me le mia ta. 21 To eya amea dzi miexɔ Mawu dzi se, ame si fɔe tso ame kukuwo dome, hetsɔ ŋutikɔkɔe ɖɔnɛ, ale miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ le Mawu me. 22 Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒea me be lɔlɔ̃ sime alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzime ke. 23 Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe eye wònɔa anyi tegbetegbe la me. 24 Elabena, “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ le abe seƒoƒo le gbeme ene, gbe ƒuna eye seƒoƒo yrɔna, gena, 25 ke Aƒetɔ la ƒe nya nɔa anyi yi ɖe mavɔ me.” Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi.

In Other Versions

1 Peter 1 in the ANGEFD

1 Peter 1 in the ANTPNG2D

1 Peter 1 in the AS21

1 Peter 1 in the BAGH

1 Peter 1 in the BBPNG

1 Peter 1 in the BBT1E

1 Peter 1 in the BDS

1 Peter 1 in the BHAD

1 Peter 1 in the BIB

1 Peter 1 in the BLPT

1 Peter 1 in the BNT

1 Peter 1 in the BNTABOOT

1 Peter 1 in the BNTLV

1 Peter 1 in the BOATCB

1 Peter 1 in the BOATCB2

1 Peter 1 in the BOBCV

1 Peter 1 in the BOCNT

1 Peter 1 in the BOECS

1 Peter 1 in the BOGWICC

1 Peter 1 in the BOHCB

1 Peter 1 in the BOHCV

1 Peter 1 in the BOHLNT

1 Peter 1 in the BOHNTLTAL

1 Peter 1 in the BOICB

1 Peter 1 in the BOILNTAP

1 Peter 1 in the BOITCV

1 Peter 1 in the BOKCV

1 Peter 1 in the BOKCV2

1 Peter 1 in the BOKHWOG

1 Peter 1 in the BOKSSV

1 Peter 1 in the BOLCB

1 Peter 1 in the BOLCB2

1 Peter 1 in the BOMCV

1 Peter 1 in the BONAV

1 Peter 1 in the BONCB

1 Peter 1 in the BONLT

1 Peter 1 in the BONUT2

1 Peter 1 in the BOPLNT

1 Peter 1 in the BOSCB

1 Peter 1 in the BOSNC

1 Peter 1 in the BOTLNT

1 Peter 1 in the BOVCB

1 Peter 1 in the BOYCB

1 Peter 1 in the BPBB

1 Peter 1 in the BPH

1 Peter 1 in the BSB

1 Peter 1 in the CCB

1 Peter 1 in the CUV

1 Peter 1 in the CUVS

1 Peter 1 in the DBT

1 Peter 1 in the DGDNT

1 Peter 1 in the DHNT

1 Peter 1 in the DNT

1 Peter 1 in the ELBE

1 Peter 1 in the EMTV

1 Peter 1 in the ESV

1 Peter 1 in the FBV

1 Peter 1 in the FEB

1 Peter 1 in the GGMNT

1 Peter 1 in the GNT

1 Peter 1 in the HARY

1 Peter 1 in the HNT

1 Peter 1 in the IRVA

1 Peter 1 in the IRVB

1 Peter 1 in the IRVG

1 Peter 1 in the IRVH

1 Peter 1 in the IRVK

1 Peter 1 in the IRVM

1 Peter 1 in the IRVM2

1 Peter 1 in the IRVO

1 Peter 1 in the IRVP

1 Peter 1 in the IRVT

1 Peter 1 in the IRVT2

1 Peter 1 in the IRVU

1 Peter 1 in the ISVN

1 Peter 1 in the JSNT

1 Peter 1 in the KAPI

1 Peter 1 in the KBT1ETNIK

1 Peter 1 in the KBV

1 Peter 1 in the KJV

1 Peter 1 in the KNFD

1 Peter 1 in the LBA

1 Peter 1 in the LBLA

1 Peter 1 in the LNT

1 Peter 1 in the LSV

1 Peter 1 in the MAAL

1 Peter 1 in the MBV

1 Peter 1 in the MBV2

1 Peter 1 in the MHNT

1 Peter 1 in the MKNFD

1 Peter 1 in the MNG

1 Peter 1 in the MNT

1 Peter 1 in the MNT2

1 Peter 1 in the MRS1T

1 Peter 1 in the NAA

1 Peter 1 in the NASB

1 Peter 1 in the NBLA

1 Peter 1 in the NBS

1 Peter 1 in the NBVTP

1 Peter 1 in the NET2

1 Peter 1 in the NIV11

1 Peter 1 in the NNT

1 Peter 1 in the NNT2

1 Peter 1 in the NNT3

1 Peter 1 in the PDDPT

1 Peter 1 in the PFNT

1 Peter 1 in the RMNT

1 Peter 1 in the SBIAS

1 Peter 1 in the SBIBS

1 Peter 1 in the SBIBS2

1 Peter 1 in the SBICS

1 Peter 1 in the SBIDS

1 Peter 1 in the SBIGS

1 Peter 1 in the SBIHS

1 Peter 1 in the SBIIS

1 Peter 1 in the SBIIS2

1 Peter 1 in the SBIIS3

1 Peter 1 in the SBIKS

1 Peter 1 in the SBIKS2

1 Peter 1 in the SBIMS

1 Peter 1 in the SBIOS

1 Peter 1 in the SBIPS

1 Peter 1 in the SBISS

1 Peter 1 in the SBITS

1 Peter 1 in the SBITS2

1 Peter 1 in the SBITS3

1 Peter 1 in the SBITS4

1 Peter 1 in the SBIUS

1 Peter 1 in the SBIVS

1 Peter 1 in the SBT

1 Peter 1 in the SBT1E

1 Peter 1 in the SCHL

1 Peter 1 in the SNT

1 Peter 1 in the SUSU

1 Peter 1 in the SUSU2

1 Peter 1 in the SYNO

1 Peter 1 in the TBIAOTANT

1 Peter 1 in the TBT1E

1 Peter 1 in the TBT1E2

1 Peter 1 in the TFTIP

1 Peter 1 in the TFTU

1 Peter 1 in the TGNTATF3T

1 Peter 1 in the THAI

1 Peter 1 in the TNFD

1 Peter 1 in the TNT

1 Peter 1 in the TNTIK

1 Peter 1 in the TNTIL

1 Peter 1 in the TNTIN

1 Peter 1 in the TNTIP

1 Peter 1 in the TNTIZ

1 Peter 1 in the TOMA

1 Peter 1 in the TTENT

1 Peter 1 in the UBG

1 Peter 1 in the UGV

1 Peter 1 in the UGV2

1 Peter 1 in the UGV3

1 Peter 1 in the VBL

1 Peter 1 in the VDCC

1 Peter 1 in the YALU

1 Peter 1 in the YAPE

1 Peter 1 in the YBVTP

1 Peter 1 in the ZBP