John 11 (BEV)

1 Azɔ eva me be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ, ame sia tso Betania, Maria kple Marta ƒe du me. 2 Maria si nɔvi, Lazaro, le dɔ lém lae nye Maria si kɔ amiveve ɖe Yesu ƒe afɔwo ta eye wotutui kple eƒe taɖa. 3 Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖa Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.” 4 Esi Yesu se gbedeasi sia la, egblɔ be, “Dɔléle sia menye kudɔe o ke boŋ to eme la woakafu Mawu eye woakɔ Mawu Vi alo Mesia la ŋuti.” 5 Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvianyɔnu Maria kpakple Lazaro. 6 Gake esi wòse be Lazaro le dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi wòdze mɔ. 7 Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina mígayi Yudea.” 8 Nusrɔ̃lawo melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o. Wogblɔ nɛ bena, “Nufiala, nyitsɔ laa koe Yudatɔwo di be yewoawu wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma?” 9 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke ɖeka me eye le ɣeyiɣi siawo me la ame ate ŋu azɔ numaklimaklii elabena kekeli li be wòakpɔ nu. 10 Ke ne ame aɖe zɔ le zã me la, akli nu elabena viviti do.” 11 Yesu yi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm eya ta meyina be maɖanyɔe.” 12 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la ekema eƒe lãme le sesẽ ge. 13 Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle. 14 Yesu ʋu eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku. 15 Eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o. Elabena to esia me la mana mɔnukpɔkpɔ mi ake be miaxɔ dzinye ase. Mitso kpla ne míayi egbɔ.” 16 Toma, si wogayɔna hã be, “Venɔvi” la gblɔ na nɔvia nusrɔ̃la mamlɛawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.” 17 Esi wova ɖo Betania la wogblɔ na wo bena Lazaro ku eye woɖii ŋkeke ene sɔŋ va yi xoxo. 18 Betania anɔ abe kilometa eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ, 19 eya ta Yudatɔwo ƒe dumemegã geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria. 20 Esi Marta see bena Yesu gbɔna la, etso kpla do go yi ɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o. 21 Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinyea meku o. 22 Ke menyae be nu sia nu si nèbia Mawu la ana wò.” 23 Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tre.” 24 Marta lɔ̃ ɖe edzi eye wògblɔ be, “Ẽ, menya be nɔvinyea atsi tre le nuwuwuŋkekea dzi.” 25 Yesu gagblɔ nɛ be, “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la. Ame sia ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku abe ame bubuwo ene hã la, aganɔ agbe. 26 Mana agbe mavɔ si nu meyina o la, ame siawo ale be womatsrɔ̃ akpɔ gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea, Marta?” 27 Marta ɖo eŋu be, “Ẽ, Aƒetɔ, mexɔe se be wòe nye Mesia, Mawu vi la, ame si míekpɔ mɔ na ʋuu.” 28 Azɔ Marta trɔ dzo va aƒeme le nɔvia Maria gbɔ eye wòyɔe dzaa le konyifalawo dome gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo eye wòdi be yeakpɔ wò.” 29 Maria tso enumake yi Yesu gbɔ. 30 Yesu nɔ lalam le kɔƒea godo afi si Marta va kpee le. 31 Esi Yudatɔwo ƒe dumemegã siwo va be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo toe woyina be yeaɖafa avi eya ta wokplɔe ɖo. 32 Ke Maria zɔ va tu Yesu eye wòdze klo ɖe eƒe afɔnu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèva kaba la, anye ne nɔvinyea meku o.” 33 Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam nublanuitɔe eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la eƒe dzi ʋuʋu eye eƒe tame ɖe fu. 34 Ebia be, “Afi kae woɖii ɖo?”Woɖo eŋu nɛ be, “Va kpɔ yɔdoa ɖa!” 35 Enumake Yesu hã fa avi. 36 Le esia ta la, Yudatɔwo ƒe dumemegãwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa? Xɔlɔ̃ veviwoe wonye vavã.” 37 Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ bena, “Ame sia si te ŋu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ, nu ka ŋuti mewɔe be ame sia megaku o ma?” 38 Yesu gaʋuʋu le eɖokui me eye wòɖo yɔ do la gbɔ. Yɔdoa nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee. 39 Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpea ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ na Yesu be, “Oo Aƒetɔ, amea ku ŋkeke ene sɔŋue nye esi eya ta aʋẽ akpa.” 40 Yesu trɔ biae be, “Nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔ dzinye se la, Mawu awɔ nukunu gã aɖe nàkpɔ oa?” 41 Womli kpe la da ɖe adzɔge. Azɔ Yesu wu mo dzi eye wògblɔ bena, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom. 42 Èɖoa tom ɣesiaɣi gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, bena woaxɔe ase be wòe dɔm ɖa.” 43 Le esia megbe la edo ɣli be, “Lazaro lee, do go va!” 44 Enumake Lazaro fɔ tso ku me la do kple ameɖivɔ si me woblae ɖo. Yesu gblɔ na ameawo be, “Mitu avɔawo le eŋu ne wòadzo.” 45 Yudatɔwo ƒe dumemegã siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa eye wokpɔ nukunu sia teƒe la xɔ Yesu dzi se mlɔeba. 46 Ke wo dometɔ bubu aɖewo hã tso yi Farisitɔwo gbɔ eye wogblɔ nya siwo katã va dzɔ la na wo. 47 Esi Osɔfogãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ takpekpe enumake be yewoadzro nya la me. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? 48 Enye nyateƒe be ŋutsu sia wɔa nukunuwo. Ne míena mɔe alea la, dukɔ la katã ava dze eyome. Ne esia va eme la, Roma ʋakɔ la ava dze mia dzi, awu mi eye woaxɔ dziɖuɖua le mi Yudatɔwo si.” 49 Wo dometɔ ɖeka si nye Kayafa, ame si nye Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me la tsi tre gblɔ be. 50 “Miekpɔe dze sii be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔa katã natsrɔ̃ oa?” 51 Abe Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me ene la egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta, ke megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o. 52 Menye ɖe Israel dukɔa ɖeɖe ko ta o ke boŋ ɖe Mawu vi siwo kaka ɖe xexeame katã la be woaƒo wo katã nu ƒu ɖekae. 53 Le esia ta tso ema dzi la Yudatɔwo ƒe dumemegãwo de asi ɖoɖowɔwɔ me ɖe Yesu wuwu ŋu. 54 Azɔ Yesu dzudzɔ nufiafia la dutoƒo eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Yerusalem yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efrayim la me. 55 Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la te tu aƒe eya ta dutatɔwo katã va Yerusalem ŋkeke geɖewo do ŋgɔ be yewoawɔ ŋutikɔklɔkɔnu la hafi azã la naɖo. 56 Wo dometɔ geɖe ŋutɔ di be yewoakpɔ Yesu eya ta wobia wo nɔewo edziedzi be, “Ale kee, miebu be ele azã la ɖuƒe va gea?” 57 Le ɣeyiɣi sia me la, Osɔfogãwo kple Farisitɔwo ɖe gbeƒã le dutoƒo be ame sia ame si kpɔ Yesu la nena yewoanya ne yewoalée enumake.

In Other Versions

John 11 in the ANGEFD

John 11 in the ANTPNG2D

John 11 in the AS21

John 11 in the BAGH

John 11 in the BBPNG

John 11 in the BBT1E

John 11 in the BDS

John 11 in the BHAD

John 11 in the BIB

John 11 in the BLPT

John 11 in the BNT

John 11 in the BNTABOOT

John 11 in the BNTLV

John 11 in the BOATCB

John 11 in the BOATCB2

John 11 in the BOBCV

John 11 in the BOCNT

John 11 in the BOECS

John 11 in the BOGWICC

John 11 in the BOHCB

John 11 in the BOHCV

John 11 in the BOHLNT

John 11 in the BOHNTLTAL

John 11 in the BOICB

John 11 in the BOILNTAP

John 11 in the BOITCV

John 11 in the BOKCV

John 11 in the BOKCV2

John 11 in the BOKHWOG

John 11 in the BOKSSV

John 11 in the BOLCB

John 11 in the BOLCB2

John 11 in the BOMCV

John 11 in the BONAV

John 11 in the BONCB

John 11 in the BONLT

John 11 in the BONUT2

John 11 in the BOPLNT

John 11 in the BOSCB

John 11 in the BOSNC

John 11 in the BOTLNT

John 11 in the BOVCB

John 11 in the BOYCB

John 11 in the BPBB

John 11 in the BPH

John 11 in the BSB

John 11 in the CCB

John 11 in the CUV

John 11 in the CUVS

John 11 in the DBT

John 11 in the DGDNT

John 11 in the DHNT

John 11 in the DNT

John 11 in the ELBE

John 11 in the EMTV

John 11 in the ESV

John 11 in the FBV

John 11 in the FEB

John 11 in the GGMNT

John 11 in the GNT

John 11 in the HARY

John 11 in the HNT

John 11 in the IRVA

John 11 in the IRVB

John 11 in the IRVG

John 11 in the IRVH

John 11 in the IRVK

John 11 in the IRVM

John 11 in the IRVM2

John 11 in the IRVO

John 11 in the IRVP

John 11 in the IRVT

John 11 in the IRVT2

John 11 in the IRVU

John 11 in the ISVN

John 11 in the JSNT

John 11 in the KAPI

John 11 in the KBT1ETNIK

John 11 in the KBV

John 11 in the KJV

John 11 in the KNFD

John 11 in the LBA

John 11 in the LBLA

John 11 in the LNT

John 11 in the LSV

John 11 in the MAAL

John 11 in the MBV

John 11 in the MBV2

John 11 in the MHNT

John 11 in the MKNFD

John 11 in the MNG

John 11 in the MNT

John 11 in the MNT2

John 11 in the MRS1T

John 11 in the NAA

John 11 in the NASB

John 11 in the NBLA

John 11 in the NBS

John 11 in the NBVTP

John 11 in the NET2

John 11 in the NIV11

John 11 in the NNT

John 11 in the NNT2

John 11 in the NNT3

John 11 in the PDDPT

John 11 in the PFNT

John 11 in the RMNT

John 11 in the SBIAS

John 11 in the SBIBS

John 11 in the SBIBS2

John 11 in the SBICS

John 11 in the SBIDS

John 11 in the SBIGS

John 11 in the SBIHS

John 11 in the SBIIS

John 11 in the SBIIS2

John 11 in the SBIIS3

John 11 in the SBIKS

John 11 in the SBIKS2

John 11 in the SBIMS

John 11 in the SBIOS

John 11 in the SBIPS

John 11 in the SBISS

John 11 in the SBITS

John 11 in the SBITS2

John 11 in the SBITS3

John 11 in the SBITS4

John 11 in the SBIUS

John 11 in the SBIVS

John 11 in the SBT

John 11 in the SBT1E

John 11 in the SCHL

John 11 in the SNT

John 11 in the SUSU

John 11 in the SUSU2

John 11 in the SYNO

John 11 in the TBIAOTANT

John 11 in the TBT1E

John 11 in the TBT1E2

John 11 in the TFTIP

John 11 in the TFTU

John 11 in the TGNTATF3T

John 11 in the THAI

John 11 in the TNFD

John 11 in the TNT

John 11 in the TNTIK

John 11 in the TNTIL

John 11 in the TNTIN

John 11 in the TNTIP

John 11 in the TNTIZ

John 11 in the TOMA

John 11 in the TTENT

John 11 in the UBG

John 11 in the UGV

John 11 in the UGV2

John 11 in the UGV3

John 11 in the VBL

John 11 in the VDCC

John 11 in the YALU

John 11 in the YAPE

John 11 in the YBVTP

John 11 in the ZBP