John 11 (BOECS)

1 Azɔ eva eme be ŋutsu aɖe si woyɔna be Lazaro la dze dɔ. Etso Betania, Maria kple nɔvia Marta ƒe du me. 2 (Maria si kɔ amiʋeʋĩ ɖe Aƒetɔ ƒe afɔwo ta, eye wòtutui kple eƒe taɖa la nɔvie nye Lazaro si le dɔ lém la.) 3 Eya ta nɔvinyɔnu siawo dɔ ame ɖo ɖe Yesu gblɔ be, “Aƒetɔ, ame si nèlɔ̃ vevie la le dɔ lém.” 4 Esi Yesu se nya sia la, egblɔ be, “Dɔléle sia menye kudɔe o, ke boŋ to eme la, woakafu Mawu, eye woakɔ Mawu ƒe Vi la ŋuti.” 5 Yesu lɔ̃ Marta kple nɔvia nyɔnu Maria kpakple Lazaro, 6 gake esi wòse be Lazaro nɔ dɔ lém la, eganɔ afi si wòle la ŋkeke eve hafi dze mɔ. 7 Azɔ eyɔ eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Mina míatrɔ ayi Yudea.” 8 Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?” 9 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli nɔa anyi gaƒoƒo wuieve le ŋkeke me, eye le ɣeyiɣi siawo me la, ame ate ŋu azɔ numaklimaklii, elabena ele xexe sia me ƒe kekeli kpɔm. 10 Gake ne ele zɔzɔm le zã me la, akli nu, elabena viviti do.” 11 Esi wògblɔ nya sia vɔ la, eyi edzi be, “Mia xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm, eya ta meyina be maɖanyɔe.” 12 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ne ele alɔ̃ dɔm la, ekema eƒe lãme asẽ.” 13 Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe ku ŋuti, ke nusrɔ̃lawo ya bu be alɔ̃dɔdɔ ŋutɔ gblɔm wòle. 14 Yesu ɖe eme na nusrɔ̃lawo be, “Lazaro ku, 15 eye le miawo ta la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nyemenɔ afi ma o, be miaxɔ dzinye ase. Miva míayi egbɔ.” 16 Toma (si wogayɔna hã be Didymus) la gblɔ na nusrɔ̃la bubuawo be, “Mina míayi ale be míawo hã míaku kplii.” 17 Esi Yesu ɖo Betania la, wogblɔ nɛ be Lazaro ku, eye woɖii ŋkeke ene sɔŋ va yi xoxo. 18 Betania anɔ abe agbadroƒe eve kple afã ene tso Yerusalem gbɔ, 19 eya ta Yudatɔ geɖewo va kua teƒe be yewoado baba na Marta kple Maria siwo nye ameyinugbe la nɔviwo. 20 Esi Marta se be Yesu gbɔna la, edo go be yeaɖakpee le mɔa dzi. Ke Maria ya meyi o. 21 Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o. 22 Gake menya be, nu sia nu si nèbia Mawu la, ana wò.” 23 Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔviwò la atsi tsitre.” 24 Marta gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, menya be nɔvinye la atsi tsitre le tsitretsitsi la kple nuwuwuŋkeke la dzi.” 25 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe; 26 eye ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la maku gbeɖe o. Èxɔ nya siawo dzi sea?” 27 Marta ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, mexɔe se be, wòe nye Kristo, Mawu Vi la, ame si ava xexea me la.” 28 Esi wògblɔ nya sia la, edzo yi aƒe me, eye wòyɔ nɔvia Maria ɖe kpɔe gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo, eye wòdi be yeakpɔ wò.” 29 Esi Maria se nya sia la, etso enumake yi Yesu gbɔ. 30 Yesu mege ɖe dua me haɖe o, eganɔ afi si Marta va kpee le. 31 Esi Yudatɔ siwo va aƒea me be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo to wòyina be yeaɖafa avi, eya ta wokplɔe ɖo. 32 Esi Maria zɔ va ɖo afi si Yesu nɔ, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” 33 Esi Yesu kpɔ ale si Maria nɔ avi fam, eye Yudatɔwo hã nɔ efam kplii la, ewɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eye eƒe ta me ɖe fu. 34 Ebia be, “Afi ka woɖii ɖo?”Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, va kpɔ!” 35 Yesu fa avi. 36 Esia ta Yudatɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa?” 37 Gake wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nu ka ta ame si ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ la mena be ame sia meku o ɖo?” 38 Yesu gaʋuʋu le eɖokui me esi wòva yɔdo la gbɔ. Yɔdo la nye agado aɖe si nu wotsɔ kpe xee. 39 Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpe la ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ be, “Aƒetɔ, woɖii ŋkeke ene sɔŋ nye esi, eya ta anɔ ʋeʋẽm akpa.” 40 Yesu gblɔ be, “Nyemegblɔ na wò be, ne èxɔ dzinye se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?” 41 Ale womli kpe la ɖa. Azɔ Yesu wu mo dzi, eye wògblɔ be, “Fofo, meda akpe na wò be èɖoa tom. 42 Èɖoa tom ɣe sia ɣi, gake mele esia gblɔm le ame siwo katã le afi sia ta, ne woaxɔe ase be wòe dɔm.” 43 Esi wògblɔ nya sia la, edo ɣli sesĩe be, “Lazaro, do go va!” 44 Enumake ame kuku si ƒe afɔwo kple asiwo le babla la fɔ tso yɔdo la me do kple eye ameɖivɔ si me woblae ɖo, eye taku bla ŋkume nɛ. Yesu gblɔ na ameawo be, “Miɖe ameɖivɔawo le eŋu ne wòadzo.” 45 Yudatɔ siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa, eye wokpɔ nu si Yesu wɔ la xɔ edzi se. 46 Gake wo dometɔ aɖewo yi Farisitɔwo gbɔ, eye wogblɔ nu si Yesu wɔ la na wo. 47 Esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ Sahendriwo ƒe takpekpe. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? Elabena ame sia le nukunu geɖewo wɔm. 48 Enye nyateƒe be ŋutsu sia le nukunu geɖewo wɔm. Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ame sia ame axɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava axɔ míaƒe nɔƒe kple dukɔ la le mía si.” 49 Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kayafa, ame si nye nunɔlagã le ƒe ma me la tsi tsitre gblɔ be, “Mienya naneke o. 50 Mienya be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ la katã natsrɔ̃ oa?” 51 Megblɔ esia le eɖokui si o, ke boŋ abe nunɔlagã le ƒe ma me ene la, egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta, 52 eye menye ɖe Israel dukɔ la ɖeɖe ko ta o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe vi siwo kaka ɖe xexea me katã la ta, be woaƒo wo katã nu ƒu woazu ame ɖeka. 53 Tso ema dzi la, wowɔ ɖoɖo be yewoawu Yesu. 54 Esia ta Yesu megayia dutoƒo le Yudatɔwo dome. Edzo yi dzogbekɔƒe aɖe si woyɔna be Efraim la me, afi si eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ. 55 Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la tu aƒe la, ame geɖewo tso du vovovowo me yi Yerusalem hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnu la wɔwɔ hafi azã la naɖo. 56 Wo dometɔ geɖewo di be yewoakpɔ Yesu, eya ta esi wonɔ tsitre le gbedoxɔa me la, wobia wo nɔewo be, “Alekee nye miaƒe susu? Ele azã la ɖuƒe va gea?” 57 Nunɔlagãwo kple Farisitɔwo ɖe gbe be ne ame aɖe kpɔ Yesu la, nena nyanya yewo, ne yewoalée.

In Other Versions

John 11 in the ANGEFD

John 11 in the ANTPNG2D

John 11 in the AS21

John 11 in the BAGH

John 11 in the BBPNG

John 11 in the BBT1E

John 11 in the BDS

John 11 in the BEV

John 11 in the BHAD

John 11 in the BIB

John 11 in the BLPT

John 11 in the BNT

John 11 in the BNTABOOT

John 11 in the BNTLV

John 11 in the BOATCB

John 11 in the BOATCB2

John 11 in the BOBCV

John 11 in the BOCNT

John 11 in the BOGWICC

John 11 in the BOHCB

John 11 in the BOHCV

John 11 in the BOHLNT

John 11 in the BOHNTLTAL

John 11 in the BOICB

John 11 in the BOILNTAP

John 11 in the BOITCV

John 11 in the BOKCV

John 11 in the BOKCV2

John 11 in the BOKHWOG

John 11 in the BOKSSV

John 11 in the BOLCB

John 11 in the BOLCB2

John 11 in the BOMCV

John 11 in the BONAV

John 11 in the BONCB

John 11 in the BONLT

John 11 in the BONUT2

John 11 in the BOPLNT

John 11 in the BOSCB

John 11 in the BOSNC

John 11 in the BOTLNT

John 11 in the BOVCB

John 11 in the BOYCB

John 11 in the BPBB

John 11 in the BPH

John 11 in the BSB

John 11 in the CCB

John 11 in the CUV

John 11 in the CUVS

John 11 in the DBT

John 11 in the DGDNT

John 11 in the DHNT

John 11 in the DNT

John 11 in the ELBE

John 11 in the EMTV

John 11 in the ESV

John 11 in the FBV

John 11 in the FEB

John 11 in the GGMNT

John 11 in the GNT

John 11 in the HARY

John 11 in the HNT

John 11 in the IRVA

John 11 in the IRVB

John 11 in the IRVG

John 11 in the IRVH

John 11 in the IRVK

John 11 in the IRVM

John 11 in the IRVM2

John 11 in the IRVO

John 11 in the IRVP

John 11 in the IRVT

John 11 in the IRVT2

John 11 in the IRVU

John 11 in the ISVN

John 11 in the JSNT

John 11 in the KAPI

John 11 in the KBT1ETNIK

John 11 in the KBV

John 11 in the KJV

John 11 in the KNFD

John 11 in the LBA

John 11 in the LBLA

John 11 in the LNT

John 11 in the LSV

John 11 in the MAAL

John 11 in the MBV

John 11 in the MBV2

John 11 in the MHNT

John 11 in the MKNFD

John 11 in the MNG

John 11 in the MNT

John 11 in the MNT2

John 11 in the MRS1T

John 11 in the NAA

John 11 in the NASB

John 11 in the NBLA

John 11 in the NBS

John 11 in the NBVTP

John 11 in the NET2

John 11 in the NIV11

John 11 in the NNT

John 11 in the NNT2

John 11 in the NNT3

John 11 in the PDDPT

John 11 in the PFNT

John 11 in the RMNT

John 11 in the SBIAS

John 11 in the SBIBS

John 11 in the SBIBS2

John 11 in the SBICS

John 11 in the SBIDS

John 11 in the SBIGS

John 11 in the SBIHS

John 11 in the SBIIS

John 11 in the SBIIS2

John 11 in the SBIIS3

John 11 in the SBIKS

John 11 in the SBIKS2

John 11 in the SBIMS

John 11 in the SBIOS

John 11 in the SBIPS

John 11 in the SBISS

John 11 in the SBITS

John 11 in the SBITS2

John 11 in the SBITS3

John 11 in the SBITS4

John 11 in the SBIUS

John 11 in the SBIVS

John 11 in the SBT

John 11 in the SBT1E

John 11 in the SCHL

John 11 in the SNT

John 11 in the SUSU

John 11 in the SUSU2

John 11 in the SYNO

John 11 in the TBIAOTANT

John 11 in the TBT1E

John 11 in the TBT1E2

John 11 in the TFTIP

John 11 in the TFTU

John 11 in the TGNTATF3T

John 11 in the THAI

John 11 in the TNFD

John 11 in the TNT

John 11 in the TNTIK

John 11 in the TNTIL

John 11 in the TNTIN

John 11 in the TNTIP

John 11 in the TNTIZ

John 11 in the TOMA

John 11 in the TTENT

John 11 in the UBG

John 11 in the UGV

John 11 in the UGV2

John 11 in the UGV3

John 11 in the VBL

John 11 in the VDCC

John 11 in the YALU

John 11 in the YAPE

John 11 in the YBVTP

John 11 in the ZBP