John 19 (BEV)

1 Azɔ Pilato na woƒo Yesu kple atam vevie. 2 Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ eye wodo awu dzĩ nɛ. 3 Woɖu fewu le eŋu, eye wodo gbe nɛ fewuɖutɔe be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe Fia.” Eye ne wole esia wɔm la, woƒoa tome nɛ. 4 Pilato gado go va xexe eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minyae bena nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.” 5 Ale wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo bena “Miaƒe ame lae nye esi.” 6 Esi Yudatɔwo kple woƒe Osɔfogãwo kpɔ Yesu ko la, woƒe dzi fla eye wodo ɣli sesĩe bena, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Miawo ŋutɔ miyi miaklãe ɖe atia ŋu, nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.” 7 Woɖo eŋu nɛ bena, “Le miaƒe se nu la ele nɛ be wòaku elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe Vii.” 8 Esi Pilato se nya siawo la vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã 9 eya ta egakplɔ Yesu yi fiasã le mee eye wobiae be, “Kpɔ ɖa afi kae nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o. 10 Pilato gabiae bena, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Mènyae be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo be mana woaklã wò ɖe ati ŋu oa?” 11 Yesu gblɔ nɛ bena, “Wò la, màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o. Eya ta ame siwo kplɔm vɛ na wò la, woƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.” 12 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, Pilato di vevie ŋutɔ be yeaɖe asi le eŋu, gake Yudatɔwo ƒe Osɔfowo gblɔ nɛ bena, “Ne èkatse ɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la, tsi tre ɖe Kaisaro ŋu.” 13 Esi Pilato se nya siawo la ekplɔ Yesu gado goe tsɔ va wo gbɔe eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi, woyɔa teƒe si woda kpe gbadza sia ɖo le Hebrigbe me be, “Gabata”. 14 Ŋkeke si dzi wole nu siawo wɔm la nye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la. Eye esi ŋdɔ me ɖo la, Pilato gblɔ na Yudatɔwo bena, “Mikpɔ ɖa, miaƒe Fia lae nye esi!” 15 Wo katã wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe, mikplɔe dzoe ne miaklãe ɖe ati ŋuti!” 16 Ale Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woayi aɖaklãe ɖe ati ŋuti. 17 Woƒe asi su Yesu dzi mlɔeba. Wotsɔ eƒe atitsoga da ɖe abɔta nɛ be wòatsɔ eye wokplɔe do go le dua me tu ta “Ametakoloeƒe”, si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me. 18 Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi. 19 Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be, “YESU NAZARETITƆ, YUDATƆWO ƑE FIA.” 20 Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o eye woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me bena ame sia ame nate ŋu axlẽe. 21 Osɔfogãwo va gblɔ na Pilato be, mele be woaŋlɔ ɖe atitsoga la ƒe tame be “Yudatɔwo ƒe Fia” o, ke boŋ neŋlɔe be, “Ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe Fia.” 22 Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo. Nenɔ nenema.” 23 Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke awutewui la ya la womemae o. Awu sia nye awuʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi. 24 Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ eye ame si ɖu dzi la naxɔe”. Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awuʋlaya dzi.” Aleae asrafoawo wɔ. 25 Nyɔnu aɖewo va tsi tre ɖe atitsoga la gbɔ ɣemaɣi. Woawoe nye Yesu dada, dada nɔvi si woyɔna be Maria, ame si nye Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala. 26 Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.” 27 Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la hã be, “Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!” Eye tso ɣemaɣi dzi la nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒemee. 28 Esi Yesu nyae bena nu sia nu wu nu azɔ eye woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la egblɔ bena, “Tsikɔ le wuyem!” 29 Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano. 30 Esi Yesu ɖɔe kpɔ vɔ ko la, egblɔ bena, “Ewu nu vɔ azɔ,” eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu. 31 Yudatɔwo ƒe amegãwo medi bena ameawo nanɔ atia ŋu va se ɖe Sabat ŋkeke la dzi o, eye hekpe ɖe esia ŋu la, Sabat ŋkeke sia nye Sabat tɔxɛ elabena edze Ŋutitotoŋkeke la dzi, eya ta wodi tso Pilato si bena wòana woaŋe wo katã ƒe afɔwo bena woaku kaba. Eye ne woku la, woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu. 32 Ale asrafowo va ŋe ame eve siwo woklã kpe ɖe Yesu ŋu la ƒe afɔwo. 33 Ke esi wòɖo Yesu dzi la, wokpɔ bena eku xoxo, eya ta womegaxa ŋe eƒe afɔwo o. 34 Ke hã la, asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ eye ʋu kple tsi do go. 35 Ame si kpɔ nu siawo katã teƒe la ŋlɔ nu tso eŋu na mí tsitotsito bena miawo hã miaxɔe ase. 36 Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!” 37 Eye ŋɔŋlɔ bubu hã gagblɔ be, “Woafɔ ŋku ɖe ame si wotsɔ akplɔ tɔe la dzi.” 38 Le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ta la, va bia Pilato be wòana mɔ ye yeaɖe Yesu ƒu kukua le atia ŋu, eye Pilato na mɔe. 39 Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zatiƒe la hã va eye wotsɔ ami si nana amekuku nɔa anyi ɣeyiɣi didi aɖe la vɛ. Ami sia ƒe kpekpe me anɔ abe kilogram blaetɔ̃ sɔŋ ene eye wotsɔ atike tɔxɛ aɖewo wɔe. 40 Wosi ami la nɛ eye wo kple eve la tsɔ aklala si me ami ʋeʋẽ yɔ fũ la bla Yesu ƒe kukua ɖe eme. Wowɔe abe ale si Yudatɔwo wɔna na amekuku hafi ɖina ene. 41 Abɔ aɖe te ɖe afi si woklãe ɖo la ŋu eye le abɔa me la yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo ame kpɔ o la li. 42 Eye le esime Sabat la ƒe gɔmedzedze te tu aƒe ta la, wotsɔe yi ɖaɖi ɖe yɔdo sia me. Elabena etsɔ ɖe kpuiƒe na wo.

In Other Versions

John 19 in the ANGEFD

John 19 in the ANTPNG2D

John 19 in the AS21

John 19 in the BAGH

John 19 in the BBPNG

John 19 in the BBT1E

John 19 in the BDS

John 19 in the BHAD

John 19 in the BIB

John 19 in the BLPT

John 19 in the BNT

John 19 in the BNTABOOT

John 19 in the BNTLV

John 19 in the BOATCB

John 19 in the BOATCB2

John 19 in the BOBCV

John 19 in the BOCNT

John 19 in the BOECS

John 19 in the BOGWICC

John 19 in the BOHCB

John 19 in the BOHCV

John 19 in the BOHLNT

John 19 in the BOHNTLTAL

John 19 in the BOICB

John 19 in the BOILNTAP

John 19 in the BOITCV

John 19 in the BOKCV

John 19 in the BOKCV2

John 19 in the BOKHWOG

John 19 in the BOKSSV

John 19 in the BOLCB

John 19 in the BOLCB2

John 19 in the BOMCV

John 19 in the BONAV

John 19 in the BONCB

John 19 in the BONLT

John 19 in the BONUT2

John 19 in the BOPLNT

John 19 in the BOSCB

John 19 in the BOSNC

John 19 in the BOTLNT

John 19 in the BOVCB

John 19 in the BOYCB

John 19 in the BPBB

John 19 in the BPH

John 19 in the BSB

John 19 in the CCB

John 19 in the CUV

John 19 in the CUVS

John 19 in the DBT

John 19 in the DGDNT

John 19 in the DHNT

John 19 in the DNT

John 19 in the ELBE

John 19 in the EMTV

John 19 in the ESV

John 19 in the FBV

John 19 in the FEB

John 19 in the GGMNT

John 19 in the GNT

John 19 in the HARY

John 19 in the HNT

John 19 in the IRVA

John 19 in the IRVB

John 19 in the IRVG

John 19 in the IRVH

John 19 in the IRVK

John 19 in the IRVM

John 19 in the IRVM2

John 19 in the IRVO

John 19 in the IRVP

John 19 in the IRVT

John 19 in the IRVT2

John 19 in the IRVU

John 19 in the ISVN

John 19 in the JSNT

John 19 in the KAPI

John 19 in the KBT1ETNIK

John 19 in the KBV

John 19 in the KJV

John 19 in the KNFD

John 19 in the LBA

John 19 in the LBLA

John 19 in the LNT

John 19 in the LSV

John 19 in the MAAL

John 19 in the MBV

John 19 in the MBV2

John 19 in the MHNT

John 19 in the MKNFD

John 19 in the MNG

John 19 in the MNT

John 19 in the MNT2

John 19 in the MRS1T

John 19 in the NAA

John 19 in the NASB

John 19 in the NBLA

John 19 in the NBS

John 19 in the NBVTP

John 19 in the NET2

John 19 in the NIV11

John 19 in the NNT

John 19 in the NNT2

John 19 in the NNT3

John 19 in the PDDPT

John 19 in the PFNT

John 19 in the RMNT

John 19 in the SBIAS

John 19 in the SBIBS

John 19 in the SBIBS2

John 19 in the SBICS

John 19 in the SBIDS

John 19 in the SBIGS

John 19 in the SBIHS

John 19 in the SBIIS

John 19 in the SBIIS2

John 19 in the SBIIS3

John 19 in the SBIKS

John 19 in the SBIKS2

John 19 in the SBIMS

John 19 in the SBIOS

John 19 in the SBIPS

John 19 in the SBISS

John 19 in the SBITS

John 19 in the SBITS2

John 19 in the SBITS3

John 19 in the SBITS4

John 19 in the SBIUS

John 19 in the SBIVS

John 19 in the SBT

John 19 in the SBT1E

John 19 in the SCHL

John 19 in the SNT

John 19 in the SUSU

John 19 in the SUSU2

John 19 in the SYNO

John 19 in the TBIAOTANT

John 19 in the TBT1E

John 19 in the TBT1E2

John 19 in the TFTIP

John 19 in the TFTU

John 19 in the TGNTATF3T

John 19 in the THAI

John 19 in the TNFD

John 19 in the TNT

John 19 in the TNTIK

John 19 in the TNTIL

John 19 in the TNTIN

John 19 in the TNTIP

John 19 in the TNTIZ

John 19 in the TOMA

John 19 in the TTENT

John 19 in the UBG

John 19 in the UGV

John 19 in the UGV2

John 19 in the UGV3

John 19 in the VBL

John 19 in the VDCC

John 19 in the YALU

John 19 in the YAPE

John 19 in the YBVTP

John 19 in the ZBP