John 19 (BOECS)

1 Ale Pilato na woƒo Yesu kple atam. 2 Asrafowo wɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Wodo awu dzĩ nɛ, 3 eye woyi egbɔ zi geɖe, eye woɖu fewu le eŋu gblɔ be, “Miedo gbe na wò Yudatɔwo ƒe fia.” Eye woƒo tome nɛ. 4 Pilato gado go va xexe, eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minya esia be nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.” 5 Wokplɔ Yesu do goe. Wodo awu dzĩ nɛ, tsɔ ŋukuku ɖɔ nɛ. Pilato gblɔ na wo be, “Miaƒe ame lae nye esi.” 6 Esi nunɔlagãwo kple woƒe asrafowo kpɔ Yesu la, wodo ɣli sesĩe be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!”Pilato gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔ miyi ɖaklãe ɖe ati ŋu. Nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.” 7 Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Le míaƒe se nu la, ele be wòaku, elabena egblɔ be Mawu ƒe Vi yenye.” 8 Esi Pilato se nya sia la, vɔvɔ̃ ɖoe wu tsã, 9 eye wògage ɖe fiasã la me, eye wòbia Yesu be, “Afi ka nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o. 10 Pilato gblɔ be, “Mèle nya ŋu ɖo ge nam oa? Ènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò alo mana woaklã wò ɖe ati ŋua?” 11 Yesu gblɔ nɛ be, “Màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o, eya ta ame si kplɔm vɛ na wò la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.” 12 Tso esia dzi la, Pilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu, gake Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ ɣlidodo dzi gblɔ nɛ be, “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame si tsɔ eɖokui wɔ fiae la tsi tsitre ɖe Kaisaro ŋu.” 13 Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi. Woda ʋɔnudrɔ̃zikpui sia ɖe kpe gbadza aɖe dzi le teƒe si woyɔna be Kpe Gbadza (si woyɔna le Hebrigbe me be Gabata). 14 Enye dzadzraɖoŋkeke na Ŋutitotoŋkekenyui la; anye gaƒoƒo adelia me. Pilato gblɔ na Yudatɔwo be, “Miaƒe fia lae nye esi!” 15 Gake wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe! Mikplɔe dzoe! Miklãe ɖe ati ŋuti!”Pilato bia wo be, “Maklã miaƒe fia la ɖe ati ŋua?”Nunɔlagãwo ɖo eŋu nɛ be, “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.” 16 Mlɔeba la, Pilato tsɔ Yesu de asi na wo be woaklãe ɖe ati ŋuti. Ale asrafoawo kplɔ Yesu dzoe. 17 Wotsɔ eƒe atitsoga la da ɖe abɔta nɛ be wòakɔ, eye wokplɔe do go le dua me ɖo ta “Ametakoloeƒe” (si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me). 18 Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le, eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi, eye Yesu nɔ woƒe titina. 19 Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be,Yesu Nazaretitɔ, Yudatɔwo ƒe Fia. 20 Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o, ale Yudatɔ geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ la. Woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Romagbe kple Helagbe me be ame sia ame nate ŋu axlẽe. 21 Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato be, “Mègaŋlɔe be, ‘Yudatɔwo ƒe fia’ o, ke boŋ ŋlɔe be ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe fia.” 22 Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.” 23 Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la, woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke womema awutewui la ya o. Awu sia nye awu ʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi. 24 Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be, “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ, eye ame si ɖu dzi la naxɔe.”Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be,“Woma nye awuwo na wo nɔewo,eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.”Alea asrafoawo wɔ. 25 Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la. 26 Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.” 27 Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la hã be, “Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!” Eye tso ɣe ma ɣi dzi la, nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒe aƒe mee. 28 Esi Yesu nya be nu sia nu wu nu azɔ, eye be woawu nya siwo woŋlɔ ɖe mawunya me nu la, egblɔ be, “Tsikɔ le wuyem!” 29 Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe kakle tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano. 30 Esi Yesu ɖɔe kpɔ ko la, egblɔ be, “Ewu enu azɔ,” eye wòde ta to heɖe asi le eƒe gbɔgbɔ ŋu. 31 Azɔ enye Dzadzraɖoŋkeke, eye ŋkeke si kplɔ esia ɖo la anye Dzudzɔgbe ŋkeke tɔxɛ. Yudatɔwo medi be ame kukuawo nanɔ atitsogawo ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, eya ta wobia tso Pilato si be wòana woaŋe woƒe afɔwo be woaku kaba ne woate ŋu aɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu. 32 Ale asrafowo va ŋe ame eve siwo woklã kpe ɖe Yesu ŋu la ƒe afɔwo. 33 Gake esi wòɖo Yesu dzi la, wokpɔ be eku xoxo, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o. 34 Esia ta asrafoawo dometɔ ɖeka tsɔ akplɔ tɔ axadame nɛ, eye ʋu kple tsi do go. 35 Ame si kpɔ nu siawo katã teƒe la ɖi ɖase tso eŋu, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe. Enyae be yegblɔ nyateƒe, be miawo hã miaxɔe ase. 36 Nuwɔna siawo va eme be woawu mawunya nu be, “Womele eƒe ƒu aɖeke ŋe ge o!” 37 Mawunya bubu gblɔ be, “Woakpɔ ame si wotsɔ akplɔ tɔe la dzi.” 38 Le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia la bia Pilato be wòaɖe asi le Yesu ƒe ŋutilã kukua ŋu na ye. Yosef nye Yesu ƒe adzamenusrɔ̃la, elabena enɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Pilato ɖe mɔ nɛ, eye wòva kɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua dzoe. 39 Nikodemo, ame si va Yesu gbɔ le zã me la hã va kplii, eye wòtsɔ mire kple aloe siwo nye atike ʋeʋĩ tɔxɛ aɖe si ƒe home anɔ abe sidi blaadre-vɔ-atɔ̃ ene vɛ. 40 Wosi ami la nɛ, eye wo kple eve la wotsɔ aklala si me ami ʋeʋĩ yɔ fũu la bla Yesu ƒe ŋutilã kukua ɖe eme. Wowɔ nu sia ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo nu. 41 Abɔ aɖe te ɖe afi si woklã Yesu ɖe atitsoga ŋu ɖo la ŋu, eye yɔdo yeye aɖe si me womeɖi ame ɖo kpɔ o la li. 42 Esi gbe ma gbe nye Yudatɔwo ƒe Dzadzraɖoŋkeke ta la, wokɔ Yesu ɖaɖi ɖe yɔdo sia me, elabena etsɔ ɖe kpuiƒe na wo.

In Other Versions

John 19 in the ANGEFD

John 19 in the ANTPNG2D

John 19 in the AS21

John 19 in the BAGH

John 19 in the BBPNG

John 19 in the BBT1E

John 19 in the BDS

John 19 in the BEV

John 19 in the BHAD

John 19 in the BIB

John 19 in the BLPT

John 19 in the BNT

John 19 in the BNTABOOT

John 19 in the BNTLV

John 19 in the BOATCB

John 19 in the BOATCB2

John 19 in the BOBCV

John 19 in the BOCNT

John 19 in the BOGWICC

John 19 in the BOHCB

John 19 in the BOHCV

John 19 in the BOHLNT

John 19 in the BOHNTLTAL

John 19 in the BOICB

John 19 in the BOILNTAP

John 19 in the BOITCV

John 19 in the BOKCV

John 19 in the BOKCV2

John 19 in the BOKHWOG

John 19 in the BOKSSV

John 19 in the BOLCB

John 19 in the BOLCB2

John 19 in the BOMCV

John 19 in the BONAV

John 19 in the BONCB

John 19 in the BONLT

John 19 in the BONUT2

John 19 in the BOPLNT

John 19 in the BOSCB

John 19 in the BOSNC

John 19 in the BOTLNT

John 19 in the BOVCB

John 19 in the BOYCB

John 19 in the BPBB

John 19 in the BPH

John 19 in the BSB

John 19 in the CCB

John 19 in the CUV

John 19 in the CUVS

John 19 in the DBT

John 19 in the DGDNT

John 19 in the DHNT

John 19 in the DNT

John 19 in the ELBE

John 19 in the EMTV

John 19 in the ESV

John 19 in the FBV

John 19 in the FEB

John 19 in the GGMNT

John 19 in the GNT

John 19 in the HARY

John 19 in the HNT

John 19 in the IRVA

John 19 in the IRVB

John 19 in the IRVG

John 19 in the IRVH

John 19 in the IRVK

John 19 in the IRVM

John 19 in the IRVM2

John 19 in the IRVO

John 19 in the IRVP

John 19 in the IRVT

John 19 in the IRVT2

John 19 in the IRVU

John 19 in the ISVN

John 19 in the JSNT

John 19 in the KAPI

John 19 in the KBT1ETNIK

John 19 in the KBV

John 19 in the KJV

John 19 in the KNFD

John 19 in the LBA

John 19 in the LBLA

John 19 in the LNT

John 19 in the LSV

John 19 in the MAAL

John 19 in the MBV

John 19 in the MBV2

John 19 in the MHNT

John 19 in the MKNFD

John 19 in the MNG

John 19 in the MNT

John 19 in the MNT2

John 19 in the MRS1T

John 19 in the NAA

John 19 in the NASB

John 19 in the NBLA

John 19 in the NBS

John 19 in the NBVTP

John 19 in the NET2

John 19 in the NIV11

John 19 in the NNT

John 19 in the NNT2

John 19 in the NNT3

John 19 in the PDDPT

John 19 in the PFNT

John 19 in the RMNT

John 19 in the SBIAS

John 19 in the SBIBS

John 19 in the SBIBS2

John 19 in the SBICS

John 19 in the SBIDS

John 19 in the SBIGS

John 19 in the SBIHS

John 19 in the SBIIS

John 19 in the SBIIS2

John 19 in the SBIIS3

John 19 in the SBIKS

John 19 in the SBIKS2

John 19 in the SBIMS

John 19 in the SBIOS

John 19 in the SBIPS

John 19 in the SBISS

John 19 in the SBITS

John 19 in the SBITS2

John 19 in the SBITS3

John 19 in the SBITS4

John 19 in the SBIUS

John 19 in the SBIVS

John 19 in the SBT

John 19 in the SBT1E

John 19 in the SCHL

John 19 in the SNT

John 19 in the SUSU

John 19 in the SUSU2

John 19 in the SYNO

John 19 in the TBIAOTANT

John 19 in the TBT1E

John 19 in the TBT1E2

John 19 in the TFTIP

John 19 in the TFTU

John 19 in the TGNTATF3T

John 19 in the THAI

John 19 in the TNFD

John 19 in the TNT

John 19 in the TNTIK

John 19 in the TNTIL

John 19 in the TNTIN

John 19 in the TNTIP

John 19 in the TNTIZ

John 19 in the TOMA

John 19 in the TTENT

John 19 in the UBG

John 19 in the UGV

John 19 in the UGV2

John 19 in the UGV3

John 19 in the VBL

John 19 in the VDCC

John 19 in the YALU

John 19 in the YAPE

John 19 in the YBVTP

John 19 in the ZBP