Mark 8 (BEV)

1 Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le afi aɖe gbe ɖeka eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wogblɔ na wo be, 2 “Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afii eye naneke megale wo si woaɖu o. 3 Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.” 4 Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi kae míakpɔ nuɖuɖu na ame gbogbo siawo le, le gbedzi afi sia?” 5 Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?”Woɖo eŋu be, “Abolo adre.” 6 Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi, etsɔ abolo adreawo, da akpa na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛ kakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme. 7 Wokpɔ lã memĩ eve aɖewo hã eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo. 8 Ameawo ɖu nu ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la ƒu eye woyɔ kusi adre. 9 Ame siwo ɖu nua la ƒe xexelẽme anɔ akpe ene. Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe. 10 Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu aɖe me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wova ɖi go ɖe Dalmanuta nutowo me. 11 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la se be Yesu va ɖo teƒea ale woyi be yewoahe nuka kplii. Wova gblɔ nɛ be, “Ɖe dzesi aɖe tso dziƒo fia mía míakpɔ, ekema míaxɔ dziwò se.” 12 Yesu ɖe hũ, eye wògblɔ na wo be, “nyemawɔ naneke gbeɖe o. Nukunu neni dim mi ame siawo miele be miakpɔ?” 13 Yesu dzo le wo gbɔ, hetrɔ ge ɖe ʋua me eye wòtso ta la yi eƒe go evelia dzi. 14 Hafi woadzo la, nusrɔ̃lawo ŋlɔ be wometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o, evɔ abolo ɖeka koe susɔ ɖe wo si. 15 Esi wonɔ tsia dzi yina la, Yesu gblɔ na wo kple gbe blewu be, “Mikpɔ nyuie le Herodes kple Farisitɔwo ƒe nuʋãnu la ŋu.” 16 Nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be, “Nya sia gɔme ɖe?” Mlɔeba la eva dze na wo abe nuɖuɖu si woŋlɔ be la ŋue Yesu nɔ nu ƒom le ene. 17 Yesu nya nya si gblɔm wonɔ ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o? Ɖe miaƒe dzíwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa? 18 Miaƒe ŋkuwo la nu wobe miakpɔ kpli wo ke nu ka tae miekpɔa nu o? Nu ka ta miate ŋu aʋu miaƒe towo ase nu o? Mieɖo ŋku naneke dzi kura oa? 19 Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ oa? Nuɖuɖu wuwlui kusi nenie miefɔ emegbe?”Woɖo eŋu nɛ be “Wuieve sɔŋ.” 20 Egabia wo be, “Esi menyi ame akpe ene kple abolo adre ɖe abolo kusi nenie susɔ?” Woɖo eŋu nɛ be, “Kusi adre.” 21 Azɔ egblɔ na wo be, “Ke ale ke wɔ miebu be nuɖuɖu ƒe anyi manɔmanɔ ɖe fu na nye susu?” 22 Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ eye woɖe kuku nɛ be wòada asi ɖe edzi ada gbe le eŋu. 23 Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?” 24 Amea tsa ŋku godoo eye wò ɖo eŋu be, “Ẽ, mele amewo kpɔm gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!” 25 Yesu gaɖo asi amea ƒe ŋkuwo dzi ake ke fifia ŋkuawo ʋu nyuie eye wonɔ nu kpɔm pɛpɛpɛ. 26 Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me kura hafi nàyi o.” 27 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisaria Filipi kɔƒewo me. Esi wonɔ zɔzɔm yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame kae amewo buna be menye? Ale ke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?” 28 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.” 29 Ke ebia woawo ŋutɔ bena, “Ame kae miawo ya miebu nɛ be, menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mesia la!” 30 Ke Yesu de se na wo be womegana ame aɖeke nanya esia o! 31 Azɔ Yesu de asi fukpekpe dziŋɔ siwo katã kpe ge wòala la ŋu nyawo gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple Osɔfogãwo agbe nu le ye gbɔ. Agbalẽfialawo hã agbe ye eye woawu ye. Gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe. 32 Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o. Eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka ŋkume nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.” 33 Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na Petro kple moveviɖoɖo be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu ke menye le Mawu tɔ nu o.” 34 Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒui be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la ele be wòaɖe asi le nu siwo doa dzidzɔ nɛ la katã ŋu eye wòatsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo. 35 Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ. 36 “Viɖe ka wòanye na ame be xexeame katã nazu etɔ gake wòabu eƒe agbe to xexeame nuwo yometiti me? 37 Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea? 38 Le ŋkeke siawo me esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye ŋutɔ kple nya siwo gblɔm mele na mi akpe ŋu na la, Nye Mesia la makpe ŋu eya hã nenye be metrɔ va le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”

In Other Versions

Mark 8 in the ANGEFD

Mark 8 in the ANTPNG2D

Mark 8 in the AS21

Mark 8 in the BAGH

Mark 8 in the BBPNG

Mark 8 in the BBT1E

Mark 8 in the BDS

Mark 8 in the BHAD

Mark 8 in the BIB

Mark 8 in the BLPT

Mark 8 in the BNT

Mark 8 in the BNTABOOT

Mark 8 in the BNTLV

Mark 8 in the BOATCB

Mark 8 in the BOATCB2

Mark 8 in the BOBCV

Mark 8 in the BOCNT

Mark 8 in the BOECS

Mark 8 in the BOGWICC

Mark 8 in the BOHCB

Mark 8 in the BOHCV

Mark 8 in the BOHLNT

Mark 8 in the BOHNTLTAL

Mark 8 in the BOICB

Mark 8 in the BOILNTAP

Mark 8 in the BOITCV

Mark 8 in the BOKCV

Mark 8 in the BOKCV2

Mark 8 in the BOKHWOG

Mark 8 in the BOKSSV

Mark 8 in the BOLCB

Mark 8 in the BOLCB2

Mark 8 in the BOMCV

Mark 8 in the BONAV

Mark 8 in the BONCB

Mark 8 in the BONLT

Mark 8 in the BONUT2

Mark 8 in the BOPLNT

Mark 8 in the BOSCB

Mark 8 in the BOSNC

Mark 8 in the BOTLNT

Mark 8 in the BOVCB

Mark 8 in the BOYCB

Mark 8 in the BPBB

Mark 8 in the BPH

Mark 8 in the BSB

Mark 8 in the CCB

Mark 8 in the CUV

Mark 8 in the CUVS

Mark 8 in the DBT

Mark 8 in the DGDNT

Mark 8 in the DHNT

Mark 8 in the DNT

Mark 8 in the ELBE

Mark 8 in the EMTV

Mark 8 in the ESV

Mark 8 in the FBV

Mark 8 in the FEB

Mark 8 in the GGMNT

Mark 8 in the GNT

Mark 8 in the HARY

Mark 8 in the HNT

Mark 8 in the IRVA

Mark 8 in the IRVB

Mark 8 in the IRVG

Mark 8 in the IRVH

Mark 8 in the IRVK

Mark 8 in the IRVM

Mark 8 in the IRVM2

Mark 8 in the IRVO

Mark 8 in the IRVP

Mark 8 in the IRVT

Mark 8 in the IRVT2

Mark 8 in the IRVU

Mark 8 in the ISVN

Mark 8 in the JSNT

Mark 8 in the KAPI

Mark 8 in the KBT1ETNIK

Mark 8 in the KBV

Mark 8 in the KJV

Mark 8 in the KNFD

Mark 8 in the LBA

Mark 8 in the LBLA

Mark 8 in the LNT

Mark 8 in the LSV

Mark 8 in the MAAL

Mark 8 in the MBV

Mark 8 in the MBV2

Mark 8 in the MHNT

Mark 8 in the MKNFD

Mark 8 in the MNG

Mark 8 in the MNT

Mark 8 in the MNT2

Mark 8 in the MRS1T

Mark 8 in the NAA

Mark 8 in the NASB

Mark 8 in the NBLA

Mark 8 in the NBS

Mark 8 in the NBVTP

Mark 8 in the NET2

Mark 8 in the NIV11

Mark 8 in the NNT

Mark 8 in the NNT2

Mark 8 in the NNT3

Mark 8 in the PDDPT

Mark 8 in the PFNT

Mark 8 in the RMNT

Mark 8 in the SBIAS

Mark 8 in the SBIBS

Mark 8 in the SBIBS2

Mark 8 in the SBICS

Mark 8 in the SBIDS

Mark 8 in the SBIGS

Mark 8 in the SBIHS

Mark 8 in the SBIIS

Mark 8 in the SBIIS2

Mark 8 in the SBIIS3

Mark 8 in the SBIKS

Mark 8 in the SBIKS2

Mark 8 in the SBIMS

Mark 8 in the SBIOS

Mark 8 in the SBIPS

Mark 8 in the SBISS

Mark 8 in the SBITS

Mark 8 in the SBITS2

Mark 8 in the SBITS3

Mark 8 in the SBITS4

Mark 8 in the SBIUS

Mark 8 in the SBIVS

Mark 8 in the SBT

Mark 8 in the SBT1E

Mark 8 in the SCHL

Mark 8 in the SNT

Mark 8 in the SUSU

Mark 8 in the SUSU2

Mark 8 in the SYNO

Mark 8 in the TBIAOTANT

Mark 8 in the TBT1E

Mark 8 in the TBT1E2

Mark 8 in the TFTIP

Mark 8 in the TFTU

Mark 8 in the TGNTATF3T

Mark 8 in the THAI

Mark 8 in the TNFD

Mark 8 in the TNT

Mark 8 in the TNTIK

Mark 8 in the TNTIL

Mark 8 in the TNTIN

Mark 8 in the TNTIP

Mark 8 in the TNTIZ

Mark 8 in the TOMA

Mark 8 in the TTENT

Mark 8 in the UBG

Mark 8 in the UGV

Mark 8 in the UGV2

Mark 8 in the UGV3

Mark 8 in the VBL

Mark 8 in the VDCC

Mark 8 in the YALU

Mark 8 in the YAPE

Mark 8 in the YBVTP

Mark 8 in the ZBP