Mark 8 (BOECS)

1 Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe Yesu ŋu le teƒe aɖe gbe ɖeka, eye nuɖuɖu menɔ wo si woaɖu o. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo be, 2 “Ame siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ, elabena ŋkeke etɔ̃e nye esi wole afi sia, naneke mele wo si woaɖu o. 3 Ne meɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii la, ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi, elabena wo dometɔ aɖewo tso didiƒe ke.” 4 Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le na ameha gã sia le gbedzi afi sia?” 5 Ke Yesu hã bia wo be, “Abolo nenie le mia si?”Woɖo eŋu be, “Abolo adre.” 6 Azɔ Yesu gblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe gbea dzi. Etsɔ abolo adreawo, da akpe na Mawu ɖe wo ta, ŋe wo me kakɛkakɛ hetsɔ wo na nusrɔ̃lawo, eye wotsɔ wo ɖo ameawo ƒe akɔme. 7 Lã meme ʋe aɖewo hã nɔ wo si, eye Yesu da akpe ɖe woawo hã ta, eye wòna be nusrɔ̃lawo ma wo na ameawo. 8 Ameawo ɖu nu, ɖi ƒodo nyuie. Emegbe la, nusrɔ̃lawo ƒo abolo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, woyɔ kusi adre. 9 Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe ene (4,000). Yesu do mɔ wo le nua ɖuɖu vɔ megbe. 10 Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu la me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo, wova ɖi go ɖe Dalmanuta nuto me. 11 Farisitɔ siwo nɔ afi ma la se be Yesu va ɖo teƒea ale woyi be yewoahe nya kplii. Wova gblɔ nɛ be, “Wɔ dzesi aɖe tso dziƒo fifia míakpɔ, ekema míaxɔ dziwò se.” 12 Yesu ɖe hũu le eƒe gbɔgbɔ la me hegblɔ na wo be, “Nyemawɔ naneke o. Vavã mele egblɔm na mi bena womele dzesi ɖeka na ge dzidzime sia o.” 13 Yesu dzo le wo gbɔ, hetrɔ ge ɖe ʋu la me, eye wòtso ƒu la heyi ɖe go kemɛ dzi. 14 Hafi woadzo la, nusrɔ̃lawo ŋlɔ be wometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o, evɔ abolo ɖeka koe susɔ ɖe wo si. 15 Esi wonɔ ƒua dzi yina la, Yesu xlɔ̃ nu wo be, “Mikpɔ nyuie le Herod kple Farisitɔwo ƒe amɔʋãnu la ŋu.” 16 Nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be, “Nya sia gɔme ɖe?” Mlɔeba la, eva dze na wo abe nuɖuɖu si woŋlɔ be la ŋuti Yesu nɔ nu ƒom le ene. 17 Yesu nya nya si gblɔm wonɔ, ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o ɖo? Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa? 18 Miaƒe ŋkuwo la, nu wobe miakpɔ kpli wo, ke nu ka ta miekpɔa nu o? Nu ka ta miate ŋu aʋu miaƒe towo ase nu o ɖo? Mieɖo ŋku naneke dzi kura oa? 19 “Mieɖo ŋku edzi be menyi ame akpe atɔ̃ (5,000) oa? Nuɖuɖu wuwlui kusi neni miefɔ emegbe?” Woɖo eŋu nɛ be “Wuieve sɔŋ.” 20 Egabia wo be, “Esi menyi ame akpe ene (4,000) kple abolo adre ɖe, abolo kusi nenie susɔ?”Woɖo eŋu nɛ be, “Kusi adre.” 21 Azɔ egblɔ na wo be, “Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?” 22 Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ, eye woɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe. 23 Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?” 24 Ame la tsa ŋku godoo, eye wòɖo eŋu be, “Ɛ̃, mele amewo kpɔm, gake nyemele wo kpɔm nyuie o, wodze abe atiwoe le zɔzɔm ene!” 25 Yesu gaɖo asi ame la ƒe ŋkuwo dzi ake, ke fifia la, eƒe ŋkuawo ʋu nyuie, eye wònɔ nu kpɔm nyuie. 26 Yesu ɖoe ɖe eƒe ƒometɔwo gbɔ, eye wòde se nɛ be, “Mègato kɔƒea me hafi nàyi o.” 27 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisarea Filipi kɔƒewo me. Esi wozɔ yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo bu be menye? Aleke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?” 28 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo bu be Yohanes Mawutsidetanamelae nènye, eye bubuwo gblɔ be Eliya alo Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae nènye gava dzɔ.” 29 Ke ebia woawo ŋutɔ be, “Ame ka miawo ya miebu be menye?”Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Kristo la!” 30 Ke Yesu de se na wo be womegana ame aɖeke nanya esia o! 31 Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe. 32 Yesu ƒo nu na wo faa le nya siawo ŋu, meɣla naneke ɖe wo o, eya ta Petro yɔe ɖe kpɔe heka mo nɛ be, “Mele be nànɔ nya sia ƒomevi gblɔm o.” 33 Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na Petro adãtɔe be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu, ke menye le Mawu tɔ nu o.” 34 Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ nɛ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo. 35 Ne miedi kokoko be miaɖe miaƒe agbe la, miabui boŋ. Ame siwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi le nye nyanyui la ta la, atsi agbe boŋ. 36 “Viɖe ka wòanye na ame be xexea me katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe agbe to xexemenuwo didi me? 37 Nane gaxɔ asi wu eya ŋutɔ ƒe luʋɔ le xexe sia mea? 38 Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya hã nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”

In Other Versions

Mark 8 in the ANGEFD

Mark 8 in the ANTPNG2D

Mark 8 in the AS21

Mark 8 in the BAGH

Mark 8 in the BBPNG

Mark 8 in the BBT1E

Mark 8 in the BDS

Mark 8 in the BEV

Mark 8 in the BHAD

Mark 8 in the BIB

Mark 8 in the BLPT

Mark 8 in the BNT

Mark 8 in the BNTABOOT

Mark 8 in the BNTLV

Mark 8 in the BOATCB

Mark 8 in the BOATCB2

Mark 8 in the BOBCV

Mark 8 in the BOCNT

Mark 8 in the BOGWICC

Mark 8 in the BOHCB

Mark 8 in the BOHCV

Mark 8 in the BOHLNT

Mark 8 in the BOHNTLTAL

Mark 8 in the BOICB

Mark 8 in the BOILNTAP

Mark 8 in the BOITCV

Mark 8 in the BOKCV

Mark 8 in the BOKCV2

Mark 8 in the BOKHWOG

Mark 8 in the BOKSSV

Mark 8 in the BOLCB

Mark 8 in the BOLCB2

Mark 8 in the BOMCV

Mark 8 in the BONAV

Mark 8 in the BONCB

Mark 8 in the BONLT

Mark 8 in the BONUT2

Mark 8 in the BOPLNT

Mark 8 in the BOSCB

Mark 8 in the BOSNC

Mark 8 in the BOTLNT

Mark 8 in the BOVCB

Mark 8 in the BOYCB

Mark 8 in the BPBB

Mark 8 in the BPH

Mark 8 in the BSB

Mark 8 in the CCB

Mark 8 in the CUV

Mark 8 in the CUVS

Mark 8 in the DBT

Mark 8 in the DGDNT

Mark 8 in the DHNT

Mark 8 in the DNT

Mark 8 in the ELBE

Mark 8 in the EMTV

Mark 8 in the ESV

Mark 8 in the FBV

Mark 8 in the FEB

Mark 8 in the GGMNT

Mark 8 in the GNT

Mark 8 in the HARY

Mark 8 in the HNT

Mark 8 in the IRVA

Mark 8 in the IRVB

Mark 8 in the IRVG

Mark 8 in the IRVH

Mark 8 in the IRVK

Mark 8 in the IRVM

Mark 8 in the IRVM2

Mark 8 in the IRVO

Mark 8 in the IRVP

Mark 8 in the IRVT

Mark 8 in the IRVT2

Mark 8 in the IRVU

Mark 8 in the ISVN

Mark 8 in the JSNT

Mark 8 in the KAPI

Mark 8 in the KBT1ETNIK

Mark 8 in the KBV

Mark 8 in the KJV

Mark 8 in the KNFD

Mark 8 in the LBA

Mark 8 in the LBLA

Mark 8 in the LNT

Mark 8 in the LSV

Mark 8 in the MAAL

Mark 8 in the MBV

Mark 8 in the MBV2

Mark 8 in the MHNT

Mark 8 in the MKNFD

Mark 8 in the MNG

Mark 8 in the MNT

Mark 8 in the MNT2

Mark 8 in the MRS1T

Mark 8 in the NAA

Mark 8 in the NASB

Mark 8 in the NBLA

Mark 8 in the NBS

Mark 8 in the NBVTP

Mark 8 in the NET2

Mark 8 in the NIV11

Mark 8 in the NNT

Mark 8 in the NNT2

Mark 8 in the NNT3

Mark 8 in the PDDPT

Mark 8 in the PFNT

Mark 8 in the RMNT

Mark 8 in the SBIAS

Mark 8 in the SBIBS

Mark 8 in the SBIBS2

Mark 8 in the SBICS

Mark 8 in the SBIDS

Mark 8 in the SBIGS

Mark 8 in the SBIHS

Mark 8 in the SBIIS

Mark 8 in the SBIIS2

Mark 8 in the SBIIS3

Mark 8 in the SBIKS

Mark 8 in the SBIKS2

Mark 8 in the SBIMS

Mark 8 in the SBIOS

Mark 8 in the SBIPS

Mark 8 in the SBISS

Mark 8 in the SBITS

Mark 8 in the SBITS2

Mark 8 in the SBITS3

Mark 8 in the SBITS4

Mark 8 in the SBIUS

Mark 8 in the SBIVS

Mark 8 in the SBT

Mark 8 in the SBT1E

Mark 8 in the SCHL

Mark 8 in the SNT

Mark 8 in the SUSU

Mark 8 in the SUSU2

Mark 8 in the SYNO

Mark 8 in the TBIAOTANT

Mark 8 in the TBT1E

Mark 8 in the TBT1E2

Mark 8 in the TFTIP

Mark 8 in the TFTU

Mark 8 in the TGNTATF3T

Mark 8 in the THAI

Mark 8 in the TNFD

Mark 8 in the TNT

Mark 8 in the TNTIK

Mark 8 in the TNTIL

Mark 8 in the TNTIN

Mark 8 in the TNTIP

Mark 8 in the TNTIZ

Mark 8 in the TOMA

Mark 8 in the TTENT

Mark 8 in the UBG

Mark 8 in the UGV

Mark 8 in the UGV2

Mark 8 in the UGV3

Mark 8 in the VBL

Mark 8 in the VDCC

Mark 8 in the YALU

Mark 8 in the YAPE

Mark 8 in the YBVTP

Mark 8 in the ZBP