Romans 7 (BEV)

1 Nɔvi Yudatɔ lɔlɔ̃awo le Kristo me, ɖe mienyae haɖe be ne ame aɖe ku la, se la megablae o mahã? 2 Mina maɖo kpɔɖeŋu aɖe na mi. Ne woɖe nyɔnu aɖe la, se la blae ɖe srɔ̃a ŋuti zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe. Ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o. 3 Ekema ate ŋu aɖe ŋutsu bubu ne elɔ̃. Nyɔnu la ada vo ne ŋutsu la le agbe, ke nu sia sɔ le go sia go me le ŋutsu la ƒe ku megbe. 4 Tsã la, mia “srɔ̃ŋutsu,” si nye míaƒe aƒetɔ lae nye Yudatɔwo ƒe se; ke magblɔ be “mieku” kple Kristo le atitsoga la ŋu, eye esi “mieku” ta la, “miegaɖe se la o,” eye se la megabla mi o. Miegagbɔ agbe esi kristotɔ fɔ tso ame kukuwo dome eye miezu ame yeyewo. Azɔ la, mieɖe ame si fɔ tso ame kukuwo dome ale be miate ŋu atse ku nyui siwo nye dɔ nyuiwo wɔwɔ na Mawu. 5 Esi miaƒe nɔnɔme xoxoa nɔ mia me la, dzodzro vɔ̃ɖiwo nɔ dɔ wɔm le mia me, eye wonaa miedina be yewoawɔ nu siwo Mawu di be miagawɔ o. Ale mietsea nu vɔ̃ ƒe kutsetse siwo nye ku ƒe kutsetse gbegblẽwo. 6 Ke azɔ la, mehiã be miagatsi dzi ɖe Yudatɔwo ƒe seawo kple kɔnyinyiwo ŋuti o, elabena “mieku” le esime woɖe aboyo mi, ke azɔ la, miate ŋu asubɔ Mawu nyateƒetɔe, menye le mɔ xoxoa nu to seawo dzi wɔwɔ me tamemabumabutɔe o, ke boŋ le mɔ yeyea nu, miasubɔ Mawu kple miaƒe dzi blibo kpakple miaƒe susu katã. 7 Ekema ɖe mele gbɔgblɔm be Mawu ƒe se siawo nye se dzodzrowoa? Gbeɖe! Ao, nu vɔ̃ mele se la ŋu o, ke boŋ se lae ɖe nye nu vɔ̃ fiam. Ne se la megblɔ be, “Mele be dzodzro vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzime o” la, anye ne nyemate ŋu anya nu vɔ̃ si le nye dzime kple dzodzro vɔ̃ɖi siwo ɣla ɖe afi ma o. 8 Ke nu vɔ̃ wɔ se siawo ŋudɔ hetso tsi tre ɖe dzodzro vɔ̃ɖiwo ŋu to ŋkuɖoɖo wo dzi nam me be, dzodzro ma tɔgbiwo nye nu vɔ̃ eye wonyɔa dzodzro siwo nu wode se ɖo la le menye! Ne se aɖeke meli si dzi woada o la, eya ko hafi nu vɔ̃ wɔwɔ aɖeke hã manɔ anyi o. 9 Eya tae nye dzi dze eme, zi ale si nyemese nu si se la bia tututu la gɔme o. Ke esi meke ɖe nyateƒea ŋu la, medze sii be meda sea dzi eye mezu nu vɔ̃ wɔla si wotso kufia na. 10 Eya ta le nye ɖeka gome la, le ale si se nyui la afia agbemɔ lam teƒe la, ena wotso kufia nam boŋ. 11 Nu vɔ̃ wɔm mezu abunɛtɔ esi wòto Mawu ƒe se nyuiwo ŋudɔwɔwɔ me na medze be woatso kufia nam. 12 Ke, abe ale si miakpɔe ene la, se la ŋutɔ le eteƒe pɛpɛpɛ eye wònyo hã! 13 Ke ale ke nu sia ate ŋu ava emee? Menye se lae hem de tsɔtsrɔ̃ mee nye ema oa? Ekema ale ke wòate ŋu anye nu nyui? Ao, enye nu gbegblẽ kple nu vɔ̃, nu si wɔ nu nyui ŋudɔ eye wòna wobu fɔm. Ale miate ŋu akpɔ ale si wònye nu vɔ̃ɖi si ate ŋu ahe ku vɛ eye wòle be woatsri eŋudɔwɔwɔ, elabena ewɔa Mawu ƒe se nyuiwo ŋudɔ hena eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖo vɔ̃ɖiwo. 14 Ekema se la nyo, ke nu si gblẽ la tso gbɔnye elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃. 15 Nyemese ɖokuinye gɔme kura o elabena medina vevie be mawɔ nu si nyo, gake nyemetea ŋui o. Mewɔa nu si nyemedina be mawɔ o. Melé fu nu sia. 16 Menya nyuie be nu si wɔm mele la menyo o; nye dzitsinya vɔ̃ɖi la ɖenɛ fiaam be melɔ̃ ɖe se siwo dzi dam mele la dzi. 17 Gake wɔna aɖeke mele ŋunye o, elabena menye nyee gale ewɔm o; nu vɔ̃ si le menye la kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye eye eyae naa mewɔa nu vɔ̃ siawo. 18 Menya be menye ame gbegblẽ le goawo katã me le ale si nye dzɔdzɔme si nye nu vɔ̃ xoxoa sɔŋ le la ta. Nye agbagbadzedze ɖe sia ɖe metea ŋu naa mewɔa nu nyui o. Medina be mawɔ nu nyui gake nyemetea ŋu wɔnɛ o. 19 Ne medi be mawɔ nu nyui la, nyemetea ŋu wɔnɛ o. Ne medze agbagab ne nyemawɔ nu vɔ̃ o la, mewɔa nu vɔ̃ kokoko. 20 Azɔ ne mele nu si nyemedina be mawɔ o wɔm la, ekema eme kɔ be menye nye ŋutɔe le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si gakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye kokoko lae. 21 Edze abe enye nyateƒe aɖe le nye agbe me ene be, ne medi be mawɔ nu si nyo la, mewɔa nu si menyo o la kokoko. 22 Medina be mawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nye dzɔdzɔme yeyea nu. 23 Ke mekpɔ se bubu si le dɔ wɔm le nye ŋutilã me, ewɔa aʋa kple nye susu eye wòwɔam kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le nye ŋutinuwo me. 24 O, menye nublanuitɔ gã aɖe! Ame ka aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ku mee la sime? 25 Ke woada akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la, dzi. Eya ta azɔ la menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.

In Other Versions

Romans 7 in the ANGEFD

Romans 7 in the ANTPNG2D

Romans 7 in the AS21

Romans 7 in the BAGH

Romans 7 in the BBPNG

Romans 7 in the BBT1E

Romans 7 in the BDS

Romans 7 in the BHAD

Romans 7 in the BIB

Romans 7 in the BLPT

Romans 7 in the BNT

Romans 7 in the BNTABOOT

Romans 7 in the BNTLV

Romans 7 in the BOATCB

Romans 7 in the BOATCB2

Romans 7 in the BOBCV

Romans 7 in the BOCNT

Romans 7 in the BOECS

Romans 7 in the BOGWICC

Romans 7 in the BOHCB

Romans 7 in the BOHCV

Romans 7 in the BOHLNT

Romans 7 in the BOHNTLTAL

Romans 7 in the BOICB

Romans 7 in the BOILNTAP

Romans 7 in the BOITCV

Romans 7 in the BOKCV

Romans 7 in the BOKCV2

Romans 7 in the BOKHWOG

Romans 7 in the BOKSSV

Romans 7 in the BOLCB

Romans 7 in the BOLCB2

Romans 7 in the BOMCV

Romans 7 in the BONAV

Romans 7 in the BONCB

Romans 7 in the BONLT

Romans 7 in the BONUT2

Romans 7 in the BOPLNT

Romans 7 in the BOSCB

Romans 7 in the BOSNC

Romans 7 in the BOTLNT

Romans 7 in the BOVCB

Romans 7 in the BOYCB

Romans 7 in the BPBB

Romans 7 in the BPH

Romans 7 in the BSB

Romans 7 in the CCB

Romans 7 in the CUV

Romans 7 in the CUVS

Romans 7 in the DBT

Romans 7 in the DGDNT

Romans 7 in the DHNT

Romans 7 in the DNT

Romans 7 in the ELBE

Romans 7 in the EMTV

Romans 7 in the ESV

Romans 7 in the FBV

Romans 7 in the FEB

Romans 7 in the GGMNT

Romans 7 in the GNT

Romans 7 in the HARY

Romans 7 in the HNT

Romans 7 in the IRVA

Romans 7 in the IRVB

Romans 7 in the IRVG

Romans 7 in the IRVH

Romans 7 in the IRVK

Romans 7 in the IRVM

Romans 7 in the IRVM2

Romans 7 in the IRVO

Romans 7 in the IRVP

Romans 7 in the IRVT

Romans 7 in the IRVT2

Romans 7 in the IRVU

Romans 7 in the ISVN

Romans 7 in the JSNT

Romans 7 in the KAPI

Romans 7 in the KBT1ETNIK

Romans 7 in the KBV

Romans 7 in the KJV

Romans 7 in the KNFD

Romans 7 in the LBA

Romans 7 in the LBLA

Romans 7 in the LNT

Romans 7 in the LSV

Romans 7 in the MAAL

Romans 7 in the MBV

Romans 7 in the MBV2

Romans 7 in the MHNT

Romans 7 in the MKNFD

Romans 7 in the MNG

Romans 7 in the MNT

Romans 7 in the MNT2

Romans 7 in the MRS1T

Romans 7 in the NAA

Romans 7 in the NASB

Romans 7 in the NBLA

Romans 7 in the NBS

Romans 7 in the NBVTP

Romans 7 in the NET2

Romans 7 in the NIV11

Romans 7 in the NNT

Romans 7 in the NNT2

Romans 7 in the NNT3

Romans 7 in the PDDPT

Romans 7 in the PFNT

Romans 7 in the RMNT

Romans 7 in the SBIAS

Romans 7 in the SBIBS

Romans 7 in the SBIBS2

Romans 7 in the SBICS

Romans 7 in the SBIDS

Romans 7 in the SBIGS

Romans 7 in the SBIHS

Romans 7 in the SBIIS

Romans 7 in the SBIIS2

Romans 7 in the SBIIS3

Romans 7 in the SBIKS

Romans 7 in the SBIKS2

Romans 7 in the SBIMS

Romans 7 in the SBIOS

Romans 7 in the SBIPS

Romans 7 in the SBISS

Romans 7 in the SBITS

Romans 7 in the SBITS2

Romans 7 in the SBITS3

Romans 7 in the SBITS4

Romans 7 in the SBIUS

Romans 7 in the SBIVS

Romans 7 in the SBT

Romans 7 in the SBT1E

Romans 7 in the SCHL

Romans 7 in the SNT

Romans 7 in the SUSU

Romans 7 in the SUSU2

Romans 7 in the SYNO

Romans 7 in the TBIAOTANT

Romans 7 in the TBT1E

Romans 7 in the TBT1E2

Romans 7 in the TFTIP

Romans 7 in the TFTU

Romans 7 in the TGNTATF3T

Romans 7 in the THAI

Romans 7 in the TNFD

Romans 7 in the TNT

Romans 7 in the TNTIK

Romans 7 in the TNTIL

Romans 7 in the TNTIN

Romans 7 in the TNTIP

Romans 7 in the TNTIZ

Romans 7 in the TOMA

Romans 7 in the TTENT

Romans 7 in the UBG

Romans 7 in the UGV

Romans 7 in the UGV2

Romans 7 in the UGV3

Romans 7 in the VBL

Romans 7 in the VDCC

Romans 7 in the YALU

Romans 7 in the YAPE

Romans 7 in the YBVTP

Romans 7 in the ZBP