Romans 7 (BOECS)
        
        
          1 Nɔvi lɔlɔ̃awo, mele nu ƒom na ame siwo nya se la; ɖe mienyae bena ne ame aɖe ku la, se la megablae o mahã?  2 Elabena srɔ̃nyɔnu la, zi ale si srɔ̃ŋutsu la le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megabla nyɔnu la o. 3 Eya ta ne srɔ̃nyɔnu la gale ŋutsu bubu gbɔ dem esime srɔ̃ŋutsu la le agbe la, ekema nyɔnu la nye ahasiwɔla; ke ne srɔ̃ŋutsu la ku la, ekema srɔ̃ɖeɖe ƒe se la megablae o, eye ne eɖe ŋutsu bubu la, meganye ahasiwɔla o.  4 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, be miazu ame bubu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, be míatse ku na Mawu. 5 Elabena esi míenɔ ŋutilã me tsã la, nu vɔ̃ ƒe nudzodzro siwo dzɔ tso se la me la nɔa dɔ wɔm le mía me, be míatse ku na ku. 6 Ke azɔ esi míeku na se si ƒe kpɔkplɔ te míenɔ kpɔ la, míevo tso se la me, be míasubɔ le Gbɔgbɔ la ƒe mɔ yeye nu, ke menye le se la ƒe mɔ xoxo nu o.  7 Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nu vɔ̃ mahã? Gbeɖe! Ne se la meli o la, nyemate ŋu anya nu si nu vɔ̃ nye la o. Elabena nyemanya nu si nye ŋubiabiã ne womegblɔe le se la me o be, “Mègabiã ŋu o.” 8 Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eho ŋubiabiã ƒomevi ɖe sia ɖe ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, ekema nu vɔ̃ ku.  9 Nye la, menɔ agbe kpɔ se aɖeke te manɔmanɔe; ke esi sedede la va la, nu vɔ̃ gbɔ agbe, eye meku. 10 Elabena mekpɔe dze sii be se si wode hena agbe la he ku vɛ boŋ. 11 Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eblem, eye to sedede me la, wotso kufia nam. 12 Eya ta se la le kɔkɔe, eye sedede la le kɔkɔe; ele dzɔdzɔe eye wònyo.  13 Ekema ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Ke boŋ nu vɔ̃ lae, bena wòadze ƒãa be etsɔ nu nyui wɔ ku nam, be to sedede la me la, nu vɔ̃ navɔ̃ɖi ɖe edzi ŋutɔ.  14 Míenya be se la nye gbɔgbɔmenu; ke nye la, ŋutilã me menye, elabena wodzram mezu kluvi na nu vɔ̃. 15 Nyemesea nu si mewɔna la gɔme o. Elabena menye nu si medina be mawɔ la mewɔna o, ke nu si melé fui la, eya boŋ mewɔna. 16 Eye ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, melɔ̃na be se la nyo. 17 Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae.  18 Elabena menya be nu nyui aɖeke menɔa menye o, ɖe ale si menye nu vɔ̃ ƒe ŋutilã ta. Elabena nu nyui wɔwɔ dzroam, gake nyemetea ŋu wɔnɛ o. 19 Elabena nyemewɔa nu nyui si medina be mawɔ la o; ke nu vɔ̃ si nyemedina be mawɔ o la, eya boŋ mewɔna. 20 Azɔ ne mewɔ nu si nyemedina be mawɔ o la, ekema meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae le ewɔm.  21 Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam. 22 Elabena le ememe ke la, mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la me; 23 gake mekpɔ be se bubu le dɔ wɔm le menye, esi le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòna mezu kluvi na nu vɔ̃ ƒe se si le menye la. 24 O, nye nu wɔ nublanui ŋutɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ɖe ku mee la si me? 25 Meda akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi. Eya ta azɔ la, menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.
        
        
          In Other Versions
        
        
  
    Romans 7 in the ANGEFD
  
  
    Romans 7 in the ANTPNG2D
  
  
    Romans 7 in the AS21
  
  
    Romans 7 in the BAGH
  
  
    Romans 7 in the BBPNG
  
  
    Romans 7 in the BBT1E
  
  
    Romans 7 in the BDS
  
  
    Romans 7 in the BEV
  
  
    Romans 7 in the BHAD
  
  
    Romans 7 in the BIB
  
  
    Romans 7 in the BLPT
  
  
    Romans 7 in the BNT
  
  
    Romans 7 in the BNTABOOT
  
  
    Romans 7 in the BNTLV
  
  
    Romans 7 in the BOATCB
  
  
    Romans 7 in the BOATCB2
  
  
    Romans 7 in the BOBCV
  
  
    Romans 7 in the BOCNT
  
  
    Romans 7 in the BOGWICC
  
  
    Romans 7 in the BOHCB
  
  
    Romans 7 in the BOHCV
  
  
    Romans 7 in the BOHLNT
  
  
    Romans 7 in the BOHNTLTAL
  
  
    Romans 7 in the BOICB
  
  
    Romans 7 in the BOILNTAP
  
  
    Romans 7 in the BOITCV
  
  
    Romans 7 in the BOKCV
  
  
    Romans 7 in the BOKCV2
  
  
    Romans 7 in the BOKHWOG
  
  
    Romans 7 in the BOKSSV
  
  
    Romans 7 in the BOLCB
  
  
    Romans 7 in the BOLCB2
  
  
    Romans 7 in the BOMCV
  
  
    Romans 7 in the BONAV
  
  
    Romans 7 in the BONCB
  
  
    Romans 7 in the BONLT
  
  
    Romans 7 in the BONUT2
  
  
    Romans 7 in the BOPLNT
  
  
    Romans 7 in the BOSCB
  
  
    Romans 7 in the BOSNC
  
  
    Romans 7 in the BOTLNT
  
  
    Romans 7 in the BOVCB
  
  
    Romans 7 in the BOYCB
  
  
    Romans 7 in the BPBB
  
  
    Romans 7 in the BPH
  
  
    Romans 7 in the BSB
  
  
    Romans 7 in the CCB
  
  
    Romans 7 in the CUV
  
  
    Romans 7 in the CUVS
  
  
    Romans 7 in the DBT
  
  
    Romans 7 in the DGDNT
  
  
    Romans 7 in the DHNT
  
  
    Romans 7 in the DNT
  
  
    Romans 7 in the ELBE
  
  
    Romans 7 in the EMTV
  
  
    Romans 7 in the ESV
  
  
    Romans 7 in the FBV
  
  
    Romans 7 in the FEB
  
  
    Romans 7 in the GGMNT
  
  
    Romans 7 in the GNT
  
  
    Romans 7 in the HARY
  
  
    Romans 7 in the HNT
  
  
    Romans 7 in the IRVA
  
  
    Romans 7 in the IRVB
  
  
    Romans 7 in the IRVG
  
  
    Romans 7 in the IRVH
  
  
    Romans 7 in the IRVK
  
  
    Romans 7 in the IRVM
  
  
    Romans 7 in the IRVM2
  
  
    Romans 7 in the IRVO
  
  
    Romans 7 in the IRVP
  
  
    Romans 7 in the IRVT
  
  
    Romans 7 in the IRVT2
  
  
    Romans 7 in the IRVU
  
  
    Romans 7 in the ISVN
  
  
    Romans 7 in the JSNT
  
  
    Romans 7 in the KAPI
  
  
    Romans 7 in the KBT1ETNIK
  
  
    Romans 7 in the KBV
  
  
    Romans 7 in the KJV
  
  
    Romans 7 in the KNFD
  
  
    Romans 7 in the LBA
  
  
    Romans 7 in the LBLA
  
  
    Romans 7 in the LNT
  
  
    Romans 7 in the LSV
  
  
    Romans 7 in the MAAL
  
  
    Romans 7 in the MBV
  
  
    Romans 7 in the MBV2
  
  
    Romans 7 in the MHNT
  
  
    Romans 7 in the MKNFD
  
  
    Romans 7 in the MNG
  
  
    Romans 7 in the MNT
  
  
    Romans 7 in the MNT2
  
  
    Romans 7 in the MRS1T
  
  
    Romans 7 in the NAA
  
  
    Romans 7 in the NASB
  
  
    Romans 7 in the NBLA
  
  
    Romans 7 in the NBS
  
  
    Romans 7 in the NBVTP
  
  
    Romans 7 in the NET2
  
  
    Romans 7 in the NIV11
  
  
    Romans 7 in the NNT
  
  
    Romans 7 in the NNT2
  
  
    Romans 7 in the NNT3
  
  
    Romans 7 in the PDDPT
  
  
    Romans 7 in the PFNT
  
  
    Romans 7 in the RMNT
  
  
    Romans 7 in the SBIAS
  
  
    Romans 7 in the SBIBS
  
  
    Romans 7 in the SBIBS2
  
  
    Romans 7 in the SBICS
  
  
    Romans 7 in the SBIDS
  
  
    Romans 7 in the SBIGS
  
  
    Romans 7 in the SBIHS
  
  
    Romans 7 in the SBIIS
  
  
    Romans 7 in the SBIIS2
  
  
    Romans 7 in the SBIIS3
  
  
    Romans 7 in the SBIKS
  
  
    Romans 7 in the SBIKS2
  
  
    Romans 7 in the SBIMS
  
  
    Romans 7 in the SBIOS
  
  
    Romans 7 in the SBIPS
  
  
    Romans 7 in the SBISS
  
  
    Romans 7 in the SBITS
  
  
    Romans 7 in the SBITS2
  
  
    Romans 7 in the SBITS3
  
  
    Romans 7 in the SBITS4
  
  
    Romans 7 in the SBIUS
  
  
    Romans 7 in the SBIVS
  
  
    Romans 7 in the SBT
  
  
    Romans 7 in the SBT1E
  
  
    Romans 7 in the SCHL
  
  
    Romans 7 in the SNT
  
  
    Romans 7 in the SUSU
  
  
    Romans 7 in the SUSU2
  
  
    Romans 7 in the SYNO
  
  
    Romans 7 in the TBIAOTANT
  
  
    Romans 7 in the TBT1E
  
  
    Romans 7 in the TBT1E2
  
  
    Romans 7 in the TFTIP
  
  
    Romans 7 in the TFTU
  
  
    Romans 7 in the TGNTATF3T
  
  
    Romans 7 in the THAI
  
  
    Romans 7 in the TNFD
  
  
    Romans 7 in the TNT
  
  
    Romans 7 in the TNTIK
  
  
    Romans 7 in the TNTIL
  
  
    Romans 7 in the TNTIN
  
  
    Romans 7 in the TNTIP
  
  
    Romans 7 in the TNTIZ
  
  
    Romans 7 in the TOMA
  
  
    Romans 7 in the TTENT
  
  
    Romans 7 in the UBG
  
  
    Romans 7 in the UGV
  
  
    Romans 7 in the UGV2
  
  
    Romans 7 in the UGV3
  
  
    Romans 7 in the VBL
  
  
    Romans 7 in the VDCC
  
  
    Romans 7 in the YALU
  
  
    Romans 7 in the YAPE
  
  
    Romans 7 in the YBVTP
  
  
    Romans 7 in the ZBP