Acts 1 (BOECS)

1 O Teofilos, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la, meŋlɔ nu tso nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me 2 va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒoe le esime wòde se na Apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu. 3 Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti. 4 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe Apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo, 5 elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.” 6 Esi Yesu kple apostoloawo gado go la, wobiae be, “Aleke, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te, aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?” 7 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o. 8 Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.” 9 Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me. 10 Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa. 11 Ame eve siawo gblɔ na wo bena, “Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.” 12 Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, Apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe agbadroƒe ɖeka ko ene. 13 Esi wova ɖo Yerusalem la, woyi ɖanɔ xɔ si me wonɔna le dziƒoxɔ dzi la me. Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Andrea;Filipo kple Toma;Bartolomeo kple Mateo;Yakobo si nye Alfeo ƒe vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo ƒe vi. 14 Wonɔ gbedodoɖa dzi atraɖii kple nyɔnu siwo nɔ wo ŋu kpakple Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo. 15 Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be, 16 “Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ. 17 Enye mía dometɔ ɖeka si kpɔ gome le dɔ sia me kpli mí.” 18 (Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Eti kpo tsɔ eɖokui xlã ɖe anyi, hewo to, eye eƒe dɔmenuwo kaka ɖe afi ma. 19 Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.) 20 Petro gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmogbalẽ me be,“ ‘Eƒe nɔƒe neɖi gbɔlo,mègana be ame aɖeke neganɔ afi ma o,’eye,“ ‘Ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.’ ” 21 Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, “Azɔ la, ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome tso gɔmedzedzea esi Aƒetɔ Yesu nɔ anyi kpli mí, 22 tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔe le mía gbɔ yi dziƒo. Wo dometɔ ɖeka nazu tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mía ŋu.” 23 Ale ƒuƒoƒe la tɔ asi ame eve dzi. Ame siawoe nye, Yosef si woyɔna be Barsaba (ame si wogayɔna hã be Yusto), kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka. 24 Emegbe la, wodo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzi me, eya ta fia ame si nètia le ame eve siawo dome mí 25 be wòaxɔ Apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔ la ɖi heyi teƒe si dzee.” 26 Le esia megbe la, woda akɔ, eye wòdze Matias dzi, ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.

In Other Versions

Acts 1 in the ANGEFD

Acts 1 in the ANTPNG2D

Acts 1 in the AS21

Acts 1 in the BAGH

Acts 1 in the BBPNG

Acts 1 in the BBT1E

Acts 1 in the BDS

Acts 1 in the BEV

Acts 1 in the BHAD

Acts 1 in the BIB

Acts 1 in the BLPT

Acts 1 in the BNT

Acts 1 in the BNTABOOT

Acts 1 in the BNTLV

Acts 1 in the BOATCB

Acts 1 in the BOATCB2

Acts 1 in the BOBCV

Acts 1 in the BOCNT

Acts 1 in the BOGWICC

Acts 1 in the BOHCB

Acts 1 in the BOHCV

Acts 1 in the BOHLNT

Acts 1 in the BOHNTLTAL

Acts 1 in the BOICB

Acts 1 in the BOILNTAP

Acts 1 in the BOITCV

Acts 1 in the BOKCV

Acts 1 in the BOKCV2

Acts 1 in the BOKHWOG

Acts 1 in the BOKSSV

Acts 1 in the BOLCB

Acts 1 in the BOLCB2

Acts 1 in the BOMCV

Acts 1 in the BONAV

Acts 1 in the BONCB

Acts 1 in the BONLT

Acts 1 in the BONUT2

Acts 1 in the BOPLNT

Acts 1 in the BOSCB

Acts 1 in the BOSNC

Acts 1 in the BOTLNT

Acts 1 in the BOVCB

Acts 1 in the BOYCB

Acts 1 in the BPBB

Acts 1 in the BPH

Acts 1 in the BSB

Acts 1 in the CCB

Acts 1 in the CUV

Acts 1 in the CUVS

Acts 1 in the DBT

Acts 1 in the DGDNT

Acts 1 in the DHNT

Acts 1 in the DNT

Acts 1 in the ELBE

Acts 1 in the EMTV

Acts 1 in the ESV

Acts 1 in the FBV

Acts 1 in the FEB

Acts 1 in the GGMNT

Acts 1 in the GNT

Acts 1 in the HARY

Acts 1 in the HNT

Acts 1 in the IRVA

Acts 1 in the IRVB

Acts 1 in the IRVG

Acts 1 in the IRVH

Acts 1 in the IRVK

Acts 1 in the IRVM

Acts 1 in the IRVM2

Acts 1 in the IRVO

Acts 1 in the IRVP

Acts 1 in the IRVT

Acts 1 in the IRVT2

Acts 1 in the IRVU

Acts 1 in the ISVN

Acts 1 in the JSNT

Acts 1 in the KAPI

Acts 1 in the KBT1ETNIK

Acts 1 in the KBV

Acts 1 in the KJV

Acts 1 in the KNFD

Acts 1 in the LBA

Acts 1 in the LBLA

Acts 1 in the LNT

Acts 1 in the LSV

Acts 1 in the MAAL

Acts 1 in the MBV

Acts 1 in the MBV2

Acts 1 in the MHNT

Acts 1 in the MKNFD

Acts 1 in the MNG

Acts 1 in the MNT

Acts 1 in the MNT2

Acts 1 in the MRS1T

Acts 1 in the NAA

Acts 1 in the NASB

Acts 1 in the NBLA

Acts 1 in the NBS

Acts 1 in the NBVTP

Acts 1 in the NET2

Acts 1 in the NIV11

Acts 1 in the NNT

Acts 1 in the NNT2

Acts 1 in the NNT3

Acts 1 in the PDDPT

Acts 1 in the PFNT

Acts 1 in the RMNT

Acts 1 in the SBIAS

Acts 1 in the SBIBS

Acts 1 in the SBIBS2

Acts 1 in the SBICS

Acts 1 in the SBIDS

Acts 1 in the SBIGS

Acts 1 in the SBIHS

Acts 1 in the SBIIS

Acts 1 in the SBIIS2

Acts 1 in the SBIIS3

Acts 1 in the SBIKS

Acts 1 in the SBIKS2

Acts 1 in the SBIMS

Acts 1 in the SBIOS

Acts 1 in the SBIPS

Acts 1 in the SBISS

Acts 1 in the SBITS

Acts 1 in the SBITS2

Acts 1 in the SBITS3

Acts 1 in the SBITS4

Acts 1 in the SBIUS

Acts 1 in the SBIVS

Acts 1 in the SBT

Acts 1 in the SBT1E

Acts 1 in the SCHL

Acts 1 in the SNT

Acts 1 in the SUSU

Acts 1 in the SUSU2

Acts 1 in the SYNO

Acts 1 in the TBIAOTANT

Acts 1 in the TBT1E

Acts 1 in the TBT1E2

Acts 1 in the TFTIP

Acts 1 in the TFTU

Acts 1 in the TGNTATF3T

Acts 1 in the THAI

Acts 1 in the TNFD

Acts 1 in the TNT

Acts 1 in the TNTIK

Acts 1 in the TNTIL

Acts 1 in the TNTIN

Acts 1 in the TNTIP

Acts 1 in the TNTIZ

Acts 1 in the TOMA

Acts 1 in the TTENT

Acts 1 in the UBG

Acts 1 in the UGV

Acts 1 in the UGV2

Acts 1 in the UGV3

Acts 1 in the VBL

Acts 1 in the VDCC

Acts 1 in the YALU

Acts 1 in the YAPE

Acts 1 in the YBVTP

Acts 1 in the ZBP