Isaiah 65 (BOECS)
1 “Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o,eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye.Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be,‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’ 2 Ŋkeke blibo la katã mekekenye abɔwo me na dukɔ sẽto,ame siwo zɔna le mɔ manyomanyowo dzihedzea wo ŋutɔ ƒe susuwo yome la. 3 Ame siwo le dɔmedzoe dom namɣe sia ɣi ɖekematsɔlemetɔe.Wosa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔʋeʋĩwole anyikpe ƒe vɔsamlekpuiwo dzi, 4 ame siwo nɔa ameɖibɔwo me hedɔa ŋule teƒe ɣaɣlɛwo, eye woɖua halã,woƒe detsizewo yɔna fũukple lã makɔmakɔ ƒe detsiwo. 5 Ame siwo gblɔna be,‘Nɔ adzɔge, mègate ɖe ŋu nye o,elabena mele kɔkɔe akpa na wò!’Ame siawo tɔgbi la,dzudzɔe wonye le nye ŋɔtime.Dzo si le bibim ŋkekeblibo la katãe wonye. 6 “Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi ɖe nye ŋkume ɖaa.Nyemazi ɖoɖoe o.Maɖo eteƒe na wo, wòasu wo nyuie.Maɖo eteƒe atsɔ axe fe na wo, 7 miaƒe nu vɔ̃wo kple mia fofowo tɔwo siaa,elabena wosa vɔ le towo tame,eye wodo tokum le togbɛwo dzi.Madzidze woƒe tohehe wòayɔ banaa,maɖo akɔ na wo ɖe woƒe tsã nu vɔ̃wo ta.”Yehowae gblɔe. 8 Ale Yehowa gblɔe nye esi,“Abe ale si wofiaa wain le wain tsetsewo me vɔ,eye amewo gblɔna be,‘Migatsɔe ƒu gbe o, elabena ɖe gale eme’ ene la,nenemae mawɔ ɖe nye dɔlawo ŋu,nyematsrɔ̃ wo katã o. 9 Mana dzidzimewo nado tso Yakob me,eye ame siwo axɔ nye towo woanyewoƒe domenyinu la ado tso Yuda me.Nye ame tiatiawo anyi nu siawo ƒe dome,eye afi mae nye dɔlawo anɔ. 10 Saron azu lãnyiƒe na alẽhawo,eye Akor ƒe balime azu nyiwo ƒe gbɔɖemeƒena nye ame siwo dia nye mɔ. 11 “Ke mi ame siwo gblẽ Yehowa ɖi,eye mieŋlɔ nye to kɔkɔe la be,mi ame siwo ɖo kplɔ̃ na Aklama,eye mieku wain si wotɔtɔ la,kplu banaa na Dzɔgbese la, 12 maɖo mi ɖi na yi, eye mi katãmiado dɔgɔ̃e hena wuwu,elabena meyɔ mi gake mietɔ o.Meƒo nu gake mieɖo to o.Miewɔ nu tovo le nye ŋkume,eye mietia nu si metsri.” 13 Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:“Nye dɔlawo aɖu nu,ke miawo la dɔ awu mi.Nye dɔlawo ano nu;miawo la, tsikɔ awu mi.Nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ,ke miawo la woado ŋukpe mi. 14 Nye dɔlawo adzi ha le woƒe dziwoƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la,miafa avi le dzi ƒe vevesese ta,eye miado ɣli le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta. 15 Miagblẽ miaƒe ŋkɔwo ɖi na nye ame tiatiawowoawɔ wo ŋu dɔ abe fiƒodenuwo ene.Aƒetɔ Yehowa awu mi,ke eƒe dɔlawo ya la, atsɔ ŋkɔ bubu na wo. 16 Ame si ayra eɖokui le anyigba dzi la awɔele nyateƒe ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me,eye ame si aka atam le anyigba dzi la,akae le nyateƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me,elabena woaŋlɔ fuɖename tsãtɔwo be,eye woaɣla ɖe nye ŋkuwo. 17 “Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye.Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzialo woava ame ƒe susu me o, 18 gake mikpɔ dzidzɔ,eye mitso aseye tegbee ɖe nu si mawɔ la ŋu,elabena mawɔ Yerusalem be wòanye dzudzɔdonu,eye eƒe amewo anye dzidzɔkpɔlawo. 19 Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu,eye nye amewo ƒe nu ado dzidzɔ nam.Womagase avifafakple konyifaɣli le eme azɔ o. 20 “Ɖevi si xɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo ko,alo amegãɖeɖi si ƒe ƒewo mede o lamaganɔ afi ma o.Woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖekahafi ku la abe ɖekakpui ene,eye nu vɔ̃ wɔla si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku ola, woabui nɛ abe fiƒode ene. 21 Woatu xɔwo anɔ wo me.Woade waingble, eye woaɖu eme kutsetse. 22 Womagatu xɔ, eye ame bubuwo nanɔ wo me,alo woade agble ame bubu naɖu o,elabena abe ale si ati tsinae ene la,nenema nye amewo ƒe agbemeŋkekewo hã anɔ.Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔƒe asinudɔwɔwɔwo hena ɣeyiɣi didi aɖe. 23 Womadze agbagba dzodzro,alo adzi vi siwo woɖo dzɔgbevɔ̃e ɖi na la o,elabena woanye ame siwo Yehowa yra,woawo ŋutɔ kple woƒe dzidzimeviwo siaa. 24 Matɔ hafi woayɔm.Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee. 25 Amegaxi kple alẽvi aɖu gbe le teƒe ɖeka.Dzata aɖu gbe abe nyi ene,ke ʋuʋudedi anye da ya ƒe nuɖuɖu.Womawɔ nu vevi ame alo agblẽ nule nye to kɔkɔewo katã dzi o.”Yehowae gblɔe.