Psalms 37 (BOECS)
undefined David ƒe ha. 1 Mègadzo nyanyanya le ame vɔ̃ɖiwo ta,alo aʋã ŋu nu tovo wɔlawo o 2 elabena esusɔ vie woayrɔ abe gbe ene,eye abe gbe mumu ene la, woaku wo atsɔ aƒu gbe. 3 Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui;nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me. 4 Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò ekema ana nusiwo wò dzi di la wò. 5 Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa ƒe asi me;ɖo dzi ɖe eŋu, eye awɔ esia na wò. 6 Ana wò dzɔdzɔenyenye nàdze abe ŋdikekeli ene,eye wò dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ abe ŋdɔkutsuɣe ene. 7 Zi kpoo le Yehowa ŋkume,eye nànɔ eƒe asinu kpɔm le dzigbɔɖi me.Ne amewo ƒe mɔwo dze edzi na wo,eye wote ŋu wɔ nu vɔ̃ɖi siwo woɖo la,mègavɔ̃ nàdzo nyanyanya o. 8 Ɖe asi le dziku ŋu, eye nàtrɔ megbe de wò dɔmedzoe,ŋɔ megadzi wò o,elabena nu vɔ̃ɖi me ko wòakplɔ wò ayii. 9 Woatsrɔ̃ ame vlowogake ame siwo tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ deYehowa me la, anyi anyigba la ƒe dome. 10 Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o,togbɔ be àdi wo hã la, màkpɔ wo o. 11 Ke ame fafawo anyi anyigba la ƒe dome,eye dzi adzɔ wo le ŋutifafa gbogbo la ta. 12 Ame vɔ̃ɖiwo ɖo nugbe ɖeame dzɔdzɔewo ŋu heɖu aɖukli ɖe wo ŋuti. 13 Ke Aƒetɔ la le ame vɔ̃ɖiwo kom,elabena enya be woƒe ŋkeke la gbɔna. 14 Ame vɔ̃ɖiwo ɖe woƒe yi,eye wohe woƒe dati me be woada hiãtɔkple ame dahe aƒu anyi,eye woawu ame siwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka. 15 Gake woƒe yiwo aŋɔ woawo ŋutɔ ƒe dziwo,eye woƒe datiwo aŋe. 16 Nu ʋɛ si le ame dzɔdzɔewo si la nyo wukesinɔnu gbogbo siwo le ame vɔ̃ɖiwo si, 17 elabena woaŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽ,ke Yehowa alé ame dzɔdzɔewo ɖe te. 18 Ame siwo ŋuti fɔɖiɖi mele o laƒe ŋkekewo le nyanya na Yehowa,eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbetegbe. 19 Le ŋkeke vɔ̃wo dzi la, womalũ xɛ o;le dɔŋɔli la, nuɖuɖu ado agbogbo na woawo ya. 20 Ke ame vɔ̃ɖi ya atsrɔ̃.Yehowa ƒe futɔwo anɔ abe gbe ƒe seƒoƒo ene,woanya kpɔ nyuie, gake wo nu ava yi,woabu abe dzudzɔ ene. 21 Ame vɔ̃ɖi doa nugbana, eye mexea fea o,ke ame dzɔdzɔe ya naa nu faa. 22 Ame siwo Yehowa yra la anyi anyigba la ƒe dome,ke ame siwo wòƒo fi de la, woaɖe wo ɖa. 23 Ŋutsu si ƒe mɔwo dze Yehowa ŋu la,elia ke eƒe afɔɖeɖewo; 24 ne ekli nu hã la, madze anyi oelabena Yehowa tsɔ eƒe asi lée ɖe te. 25 Tsã la, menye ɖevi, ke azɔ la metsi,gake womegble ame dzɔdzɔe aɖeke ɖi mekpɔ kpɔ loo,alo wo viwo nabia abolo hafi aɖu o. 26 Woawo boŋ vea ame nu ɣe sia ɣi,eye wodoa nugbana na amewo faa;eya ta wo viwo axɔ yayra. 27 Tsri nu vɔ̃ɖi, eye nàwɔ nyuiekema ànɔ anyigba dzi tegbetegbe. 28 Elabena Yehowa lɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔlawo,eye magblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi o. Akpɔ wo ta tegbee,ke ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzimeviwo ya woatsrɔ̃ wo. 29 Ame dzɔdzɔe anyi anyigba la ƒe dome,eye wòanɔ edzi tegbee. 30 Nunyanya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me,eye eƒe aɖe gblɔa nu si le eteƒe. 31 Eƒe Mawu ƒe se le eƒe dzi me,eya ta eƒe afɔ meɖiɖina o. 32 Ame vɔ̃ɖiwo de xa ɖi na ame dzɔdzɔewo,eye wole woƒe ku dim; 33 gake Yehowa matsɔ wo agblẽ ɖe woƒe ŋusẽ te,alo wòaɖe mɔ be, woabu fɔ wo ne wokplɔ wo va ʋɔnui o. 34 Lala nàkpɔ Yehowa ƒe asinu,eye nàlé eƒe mɔ ɖe asi.Ado wò ɖe dzi be nànyi anyigba la ƒe dome.Ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe. 35 Mekpɔ ame vɔ̃ɖi,ŋutasẽla aɖe wòda ama nyuieabe ati dama si dzɔ kple anyigba la ene. 36 Gake eteƒe medidi o ko, enu va yi, eye megali o;togbɔ be medii hã la, nyemeke ɖe eŋuti o. 37 Bu ame maɖifɔ la ŋu,eye nàlé ŋku ɖe ame dzɔdzɔewo ŋu,elabena ŋgɔgbe li na ŋutifafamewo katã. 38 Ke woatsrɔ̃ nu vɔ̃ wɔlawo katã,eye woaɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa. 39 Ame dzɔdzɔewo ƒe xɔxɔ atso Yehowa gbɔ,eye eyae nye woƒe mɔ sesẽ le xaxaɣeyiɣiwo me. 40 Ke Yehowa kpena ɖe wo ŋu, eye wòɖea wo tso dzɔgbevɔ̃e me;eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me,eye wòkpena ɖe wo ŋu,elabena eyae wosi tso.
In Other Versions
Psalms 37 in the ANGEFD
Psalms 37 in the ANTPNG2D
Psalms 37 in the AS21
Psalms 37 in the BAGH
Psalms 37 in the BBPNG
Psalms 37 in the BBT1E
Psalms 37 in the BDS
Psalms 37 in the BEV
Psalms 37 in the BHAD
Psalms 37 in the BIB
Psalms 37 in the BLPT
Psalms 37 in the BNT
Psalms 37 in the BNTABOOT
Psalms 37 in the BNTLV
Psalms 37 in the BOATCB
Psalms 37 in the BOATCB2
Psalms 37 in the BOBCV
Psalms 37 in the BOCNT
Psalms 37 in the BOGWICC
Psalms 37 in the BOHCB
Psalms 37 in the BOHCV
Psalms 37 in the BOHLNT
Psalms 37 in the BOHNTLTAL
Psalms 37 in the BOICB
Psalms 37 in the BOILNTAP
Psalms 37 in the BOITCV
Psalms 37 in the BOKCV
Psalms 37 in the BOKCV2
Psalms 37 in the BOKHWOG
Psalms 37 in the BOKSSV
Psalms 37 in the BOLCB
Psalms 37 in the BOLCB2
Psalms 37 in the BOMCV
Psalms 37 in the BONAV
Psalms 37 in the BONCB
Psalms 37 in the BONLT
Psalms 37 in the BONUT2
Psalms 37 in the BOPLNT
Psalms 37 in the BOSCB
Psalms 37 in the BOSNC
Psalms 37 in the BOTLNT
Psalms 37 in the BOVCB
Psalms 37 in the BOYCB
Psalms 37 in the BPBB
Psalms 37 in the BPH
Psalms 37 in the BSB
Psalms 37 in the CCB
Psalms 37 in the CUV
Psalms 37 in the CUVS
Psalms 37 in the DBT
Psalms 37 in the DGDNT
Psalms 37 in the DHNT
Psalms 37 in the DNT
Psalms 37 in the ELBE
Psalms 37 in the EMTV
Psalms 37 in the ESV
Psalms 37 in the FBV
Psalms 37 in the FEB
Psalms 37 in the GGMNT
Psalms 37 in the GNT
Psalms 37 in the HARY
Psalms 37 in the HNT
Psalms 37 in the IRVA
Psalms 37 in the IRVB
Psalms 37 in the IRVG
Psalms 37 in the IRVH
Psalms 37 in the IRVK
Psalms 37 in the IRVM
Psalms 37 in the IRVM2
Psalms 37 in the IRVO
Psalms 37 in the IRVP
Psalms 37 in the IRVT
Psalms 37 in the IRVT2
Psalms 37 in the IRVU
Psalms 37 in the ISVN
Psalms 37 in the JSNT
Psalms 37 in the KAPI
Psalms 37 in the KBT1ETNIK
Psalms 37 in the KBV
Psalms 37 in the KJV
Psalms 37 in the KNFD
Psalms 37 in the LBA
Psalms 37 in the LBLA
Psalms 37 in the LNT
Psalms 37 in the LSV
Psalms 37 in the MAAL
Psalms 37 in the MBV
Psalms 37 in the MBV2
Psalms 37 in the MHNT
Psalms 37 in the MKNFD
Psalms 37 in the MNG
Psalms 37 in the MNT
Psalms 37 in the MNT2
Psalms 37 in the MRS1T
Psalms 37 in the NAA
Psalms 37 in the NASB
Psalms 37 in the NBLA
Psalms 37 in the NBS
Psalms 37 in the NBVTP
Psalms 37 in the NET2
Psalms 37 in the NIV11
Psalms 37 in the NNT
Psalms 37 in the NNT2
Psalms 37 in the NNT3
Psalms 37 in the PDDPT
Psalms 37 in the PFNT
Psalms 37 in the RMNT
Psalms 37 in the SBIAS
Psalms 37 in the SBIBS
Psalms 37 in the SBIBS2
Psalms 37 in the SBICS
Psalms 37 in the SBIDS
Psalms 37 in the SBIGS
Psalms 37 in the SBIHS
Psalms 37 in the SBIIS
Psalms 37 in the SBIIS2
Psalms 37 in the SBIIS3
Psalms 37 in the SBIKS
Psalms 37 in the SBIKS2
Psalms 37 in the SBIMS
Psalms 37 in the SBIOS
Psalms 37 in the SBIPS
Psalms 37 in the SBISS
Psalms 37 in the SBITS
Psalms 37 in the SBITS2
Psalms 37 in the SBITS3
Psalms 37 in the SBITS4
Psalms 37 in the SBIUS
Psalms 37 in the SBIVS
Psalms 37 in the SBT
Psalms 37 in the SBT1E
Psalms 37 in the SCHL
Psalms 37 in the SNT
Psalms 37 in the SUSU
Psalms 37 in the SUSU2
Psalms 37 in the SYNO
Psalms 37 in the TBIAOTANT
Psalms 37 in the TBT1E
Psalms 37 in the TBT1E2
Psalms 37 in the TFTIP
Psalms 37 in the TFTU
Psalms 37 in the TGNTATF3T
Psalms 37 in the THAI
Psalms 37 in the TNFD
Psalms 37 in the TNT
Psalms 37 in the TNTIK
Psalms 37 in the TNTIL
Psalms 37 in the TNTIN
Psalms 37 in the TNTIP
Psalms 37 in the TNTIZ
Psalms 37 in the TOMA
Psalms 37 in the TTENT
Psalms 37 in the UBG
Psalms 37 in the UGV
Psalms 37 in the UGV2
Psalms 37 in the UGV3
Psalms 37 in the VBL
Psalms 37 in the VDCC
Psalms 37 in the YALU
Psalms 37 in the YAPE
Psalms 37 in the YBVTP
Psalms 37 in the ZBP