Acts 20 (BEV)

1 Le nu siawo katã megbe la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo eye wògagblɔ nya na wo hede dzi ƒo na wo. Emegbe la eklã wo 2 hedzo ɖo ta Hela nutome. Le du sia du si me wòɖo le mɔa dzi me la, eƒoa nu hexlɔ̃a nu xɔsetɔ siwo le afi ma. 3 Paulo nɔ Hela nyigba dzi ɣleti etɔ̃ eye esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi ɖe Siria la, ese be Yudatɔwo nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui. Le esia ta eɖoe be yeagatrɔ aɖo ta Makedonia si le anyiehe gome la boŋ. 4 Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Beroea, Aristaxo kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timotio, Tihiko kple Trofima ame siwo trɔ yina aƒe le Terki. 5 Ame siwo katã do ŋgɔ na mí eye wonɔ mía lalam le Troa. 6 Esime míeɖu ŋutitotoŋkekenyui la vɔ ko la, míeɖo tɔdziʋu le Filipi si le Hela nyigba la ƒe anyiehe gome eye le ŋkeke atɔ̃ megbe la míeva ɖo Troa si hã le Terki. Míenɔ afi ma kwasiɖa ɖeka. 7 Le Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ la míeƒo ƒu be míaxɔ Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Pauloe gblɔ nya gbe ma gbe. Esi wònye gbe ma gbee nye Paulo ƒe ŋkeke mamlɛtɔ le afi ma ta la, enɔ nu ƒom ʋuu va se ɖe zãtitina ke. 8 Wosi akaɖiwo ɖe afi si míenɔ le dziƒoxɔa dzi. 9 Esi Paulo nɔ nu ƒom alea la, ɖekakpui aɖe si woyɔna be Eutiko la nɔ akɔlɔ̃e dɔm le fesre ɖeka nu. Kasia, Eutiko ge tso fesrea nu le dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi ke va dze anyigba kpla eye wòku enumake. 10 Nu si dzɔ la metso dzika ƒo na Paulo kura o ke boŋ eɖi ɖe anyigba, kɔ ɖekakpuia ɖe eƒe abɔwo me eye wògblɔ na ameha la be, “Migawɔ ʋunyaʋunya o, naneke medzɔ ɖe edzi o. Egale agbe.” 11 Le nyateƒe me la, ɖekekpuia gagbɔ agbe, esia na be ameha la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ. 12 Wo katã gatrɔ yi dziƒoxɔa dzi eye woɖu Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Le eya megbe la, Paulo gayi eƒe nuƒoa dzi ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi wòdzo le wo gbɔ. 13 Paulo to afɔ yi Aso, ke míawo míeɖo tɔdziʋu hedze ŋgɔ nɛ. 14 Eva tu mí le afi ma eye mí katã míeɖo ʋu yi Mitilene. 15 Tso afi ma mieve to Kio ŋu, va to Samo eye mlɔeba la míeva ɖo Mileto le ŋufɔke. 16 Paulo megadi be yeatɔ ɖe Efeso azɔ o elabena edi be ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem kaba aɖu Pentekoste ŋkeke la le afi ma. 17 Esi míeɖi go ɖe Mileto la, Paulo ɖo ame ɖe Efeso hamemegãwo be woava do go ye le tɔdziʋua me. 18 Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nutowo me va se ɖe fifia. 19 Mesubɔ Aƒetɔ la le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple aɖatsiwo me togbɔ be Yudatɔwo tem kpɔ to woƒe nugbeɖoɖowo ɖe ŋunye me hã.” 20 Gake hã la, nyemadzudzɔ nyateƒe la gbɔgblɔ na mi le dutoƒo loo alo le miaƒe aƒewo me kpɔ o. 21 Nya ɖeka ma ke koe megblɔ na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa be, ehiã be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu to Yesu Kristo dzixɔse me. 22 “Fifia la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hem yina Yerusalem, togbɔ be nyemenya nu si le lalayem le afi ma o hã. 23 Nu si ko Gbɔgbɔ la gblɔ nam le du sia du mee nye bena, fukpekpe kple gamenɔnɔ nye nu siwo wòle be makpɔ mɔ na. 24 Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖe ko mewɔ eŋutidɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam. Dɔae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ gã ŋuti.” 25 “Azɔ menyae nyuie be, mi ame siwo katã dome menɔ wɔ dɔ eye mefia nyanyui la mi la dometɔ aɖeke megale kpɔ nye ge akpɔ le agbe sia me o. 26 Medi be magblɔ na mi kɔtee be, womele ame aɖeke ƒe ʋu bia ge tso asinye o, 27 elabena nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o. 28 Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie eye mikpɔ egbɔ be mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi hadzikpɔlawoe. 29 Menya nyuie be ne metrɔ megbe ko la, aʋatsonufiala aɖewo ava ɖo mia me abe amegaxi wɔadãwo ene, eye woadze agbagba be yewoagblẽ nu le alẽha si nye hamea ŋu. 30 Mia dometɔ aɖewo hã ate kpɔ atrɔ nyateƒe la bubui be amewo nadze yewo yome. 31 Eya ta minɔ ŋudzɔ! Miɖo ŋku ƒe etɔ̃ siwo menɔ mia dome la dzi. Miɖo ŋku ale si mekpɔa mia dzi zã kple keli kple ale si mexlɔ̃a nu mi kple aɖatsi zi geɖe la dzi.” 32 “Azɔ metsɔ mi de asi na Mawu, eya ame si ƒe nya ana be miaƒe xɔse nali ke be wòakpɔ mia ta eye wòakpɔ gome le ame tiatiawo katã ƒe domenyinu la me. 33 Nyemebiã ŋu ɖe ame aɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu ŋu o. 34 Miawo ŋutɔ mienya ale si metsɔ nye asi wɔ dɔ hedi nye ŋutɔ kple nye kpeɖeŋutɔwo ƒe nuhiahiãwoe. 35 Zi geɖe la, mefia ale si miakpe ɖe ahetɔwo ŋui la mi elabena meɖo ŋku nya si míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ dzi be, ‘Nunana hea yayra vanɛ wu nuxɔxɔ.’ ” 36 Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo. 37 Le esia megbe la, wokpla asi kɔ nɛ hedo hedenyui nɛ kple avi, 38 vevietɔ le esime wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge akpɔ o la ta. Ale wokplɔe ɖo ɖa va se ɖe tɔdziʋua me ke.

In Other Versions

Acts 20 in the ANGEFD

Acts 20 in the ANTPNG2D

Acts 20 in the AS21

Acts 20 in the BAGH

Acts 20 in the BBPNG

Acts 20 in the BBT1E

Acts 20 in the BDS

Acts 20 in the BHAD

Acts 20 in the BIB

Acts 20 in the BLPT

Acts 20 in the BNT

Acts 20 in the BNTABOOT

Acts 20 in the BNTLV

Acts 20 in the BOATCB

Acts 20 in the BOATCB2

Acts 20 in the BOBCV

Acts 20 in the BOCNT

Acts 20 in the BOECS

Acts 20 in the BOGWICC

Acts 20 in the BOHCB

Acts 20 in the BOHCV

Acts 20 in the BOHLNT

Acts 20 in the BOHNTLTAL

Acts 20 in the BOICB

Acts 20 in the BOILNTAP

Acts 20 in the BOITCV

Acts 20 in the BOKCV

Acts 20 in the BOKCV2

Acts 20 in the BOKHWOG

Acts 20 in the BOKSSV

Acts 20 in the BOLCB

Acts 20 in the BOLCB2

Acts 20 in the BOMCV

Acts 20 in the BONAV

Acts 20 in the BONCB

Acts 20 in the BONLT

Acts 20 in the BONUT2

Acts 20 in the BOPLNT

Acts 20 in the BOSCB

Acts 20 in the BOSNC

Acts 20 in the BOTLNT

Acts 20 in the BOVCB

Acts 20 in the BOYCB

Acts 20 in the BPBB

Acts 20 in the BPH

Acts 20 in the BSB

Acts 20 in the CCB

Acts 20 in the CUV

Acts 20 in the CUVS

Acts 20 in the DBT

Acts 20 in the DGDNT

Acts 20 in the DHNT

Acts 20 in the DNT

Acts 20 in the ELBE

Acts 20 in the EMTV

Acts 20 in the ESV

Acts 20 in the FBV

Acts 20 in the FEB

Acts 20 in the GGMNT

Acts 20 in the GNT

Acts 20 in the HARY

Acts 20 in the HNT

Acts 20 in the IRVA

Acts 20 in the IRVB

Acts 20 in the IRVG

Acts 20 in the IRVH

Acts 20 in the IRVK

Acts 20 in the IRVM

Acts 20 in the IRVM2

Acts 20 in the IRVO

Acts 20 in the IRVP

Acts 20 in the IRVT

Acts 20 in the IRVT2

Acts 20 in the IRVU

Acts 20 in the ISVN

Acts 20 in the JSNT

Acts 20 in the KAPI

Acts 20 in the KBT1ETNIK

Acts 20 in the KBV

Acts 20 in the KJV

Acts 20 in the KNFD

Acts 20 in the LBA

Acts 20 in the LBLA

Acts 20 in the LNT

Acts 20 in the LSV

Acts 20 in the MAAL

Acts 20 in the MBV

Acts 20 in the MBV2

Acts 20 in the MHNT

Acts 20 in the MKNFD

Acts 20 in the MNG

Acts 20 in the MNT

Acts 20 in the MNT2

Acts 20 in the MRS1T

Acts 20 in the NAA

Acts 20 in the NASB

Acts 20 in the NBLA

Acts 20 in the NBS

Acts 20 in the NBVTP

Acts 20 in the NET2

Acts 20 in the NIV11

Acts 20 in the NNT

Acts 20 in the NNT2

Acts 20 in the NNT3

Acts 20 in the PDDPT

Acts 20 in the PFNT

Acts 20 in the RMNT

Acts 20 in the SBIAS

Acts 20 in the SBIBS

Acts 20 in the SBIBS2

Acts 20 in the SBICS

Acts 20 in the SBIDS

Acts 20 in the SBIGS

Acts 20 in the SBIHS

Acts 20 in the SBIIS

Acts 20 in the SBIIS2

Acts 20 in the SBIIS3

Acts 20 in the SBIKS

Acts 20 in the SBIKS2

Acts 20 in the SBIMS

Acts 20 in the SBIOS

Acts 20 in the SBIPS

Acts 20 in the SBISS

Acts 20 in the SBITS

Acts 20 in the SBITS2

Acts 20 in the SBITS3

Acts 20 in the SBITS4

Acts 20 in the SBIUS

Acts 20 in the SBIVS

Acts 20 in the SBT

Acts 20 in the SBT1E

Acts 20 in the SCHL

Acts 20 in the SNT

Acts 20 in the SUSU

Acts 20 in the SUSU2

Acts 20 in the SYNO

Acts 20 in the TBIAOTANT

Acts 20 in the TBT1E

Acts 20 in the TBT1E2

Acts 20 in the TFTIP

Acts 20 in the TFTU

Acts 20 in the TGNTATF3T

Acts 20 in the THAI

Acts 20 in the TNFD

Acts 20 in the TNT

Acts 20 in the TNTIK

Acts 20 in the TNTIL

Acts 20 in the TNTIN

Acts 20 in the TNTIP

Acts 20 in the TNTIZ

Acts 20 in the TOMA

Acts 20 in the TTENT

Acts 20 in the UBG

Acts 20 in the UGV

Acts 20 in the UGV2

Acts 20 in the UGV3

Acts 20 in the VBL

Acts 20 in the VDCC

Acts 20 in the YALU

Acts 20 in the YAPE

Acts 20 in the YBVTP

Acts 20 in the ZBP