Acts 25 (BEV)

1 Esi Festo dze eƒe dɔ gɔme le Kaesarea ƒe ŋkeke etɔ̃a gbe tututu la, eɖi tsa yi Yerusalem. 2 Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋutidɔ heka Paulo ƒe nya la ta nɛ. 3 Wodze agbagba ble enu be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem enumake kple susu be yewoabe ɖe mɔa dzi awui. 4 Festo ɖo eŋu be, “Esi Paulo le gaxɔme le Kaesarea eye nye hã mele afi ma yi ge kpuie la, 5 mina miaƒe kplɔla aɖewo nadze yonyeme aɖatsɔ nya ɖe ŋutsua ŋu le afi ma nenye eda vo aɖe.” 6 Le ŋkeke enyi alo ewo megbe la, Festo trɔ yi Kaesarea eye le ŋkeke evea gbe tututu la, eyɔ Paulo ƒe nya la le ʋɔnu. 7 Esi Paulo va ɖo ʋɔnua ko la, Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la, do ɣli gblɔ aʋatsonya geɖewo ɖe eŋu togbɔ be ɖasefo aɖeke menɔ wo si o hã. 8 Ke Paulo ɖo eŋu na wo be, “Nyemedze agɔ le ame aɖeke dzi o. Nyemeda Yudatɔwo ƒe se aɖeke dzi o eye nyemedo vlo gbedoxɔ la hã o. Gawu la nyemetsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu ɣeaɖekeɣi o.” 9 Ke Festo di vevie be yeadze Yudatɔwo ŋu eya ta ebia Paulo be, “Èlɔ̃ be yeayi Yerusalem be madrɔ̃ ʋɔnu ye le afi maa?” 10 Paulo ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe! Nyemele Yerusalem yi ge o. Ke boŋ medi be mayi Roma Fiagã la boŋ gbɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnum le sea nu. Wò ŋutɔ ènya nyuie be nyemedze agɔ o. 11 Ne mewɔ nane si dze na ku la nyemele ku vɔ̃m o. Ke ne vodada aɖeke mele ŋunye o la, medze be wò alo ame bubu aɖeke natsɔm de asi na ame siawo be woawum o. Metsɔ nye nya de asi na fia Kaisaro ŋutɔ!” 12 Nya sia na be Festo trɔ ɖe eŋumewo ŋu eye wodo dãli vie. Emegbe la, etrɔ ɖe Paulo gbɔ, gblɔ nɛ bena, “Enyo; Paulo, esi nètsɔ wò nya de asi na Kaisaro ta la, míaɖo wo ɖe Kaisaro gbɔ.” 13 Le ŋkeke ʋe aɖewo megbe la fia Agripa kple nɔvianyɔnu, Benis, ɖi tsa va Festo gbɔ be yewoava kpɔe ɖa. 14 Le woƒe afi ma nɔnɔ me la, Festo gblɔ Paulo ƒe nya na Agripa be, “Felike gblẽ ame aɖe ɖe gaxɔ me le afii hafi meva xɔ eteƒe. 15 Eye esi meɖi tsa de Yerusalem la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe tatɔwo va gbɔnye hewɔ nutsotso geɖe ɖe ame sia ŋu eye wobia tso asinye be matso kufia nɛ. 16 Ke, abe ale si wò ŋutɔ nènyae ene la, megblɔ na wo be, míaƒe Roma se la meɖe mɔ be woabu fɔ ame ʋɔnumadrɔmadrɔ̃e o. Ke boŋ ele be woana mɔe be wòaɖe eɖokui nu le ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la ŋkume.” 17 “Esi Yudatɔwo tso Yerusalem va afii la, meyɔ ʋɔnua eye mena wokplɔ Paulo va ʋɔnuae. 18 Esi enutsolawo tsi tre be woaƒe nu la wometsɔ nya sesẽ aɖeke ɖe eŋu, abe ale si mebui ene o. 19 Ke boŋ nyaʋiʋli aɖewo tso woƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si woyɔna be Yesu, ame si ku gake Paulo ya gale gbɔgblɔm be ele agbe kokoko la ŋu. 20 Esi mese woƒe nyawo la, metɔtɔ ŋutɔ, elabena nyemenya ale si madrɔ̃ nya sia ƒomevi o. Mebia Paulo be alɔ̃ be woadrɔ̃ nya sia le Yerusalem hã? 21 Gake Paulo gbe gblɔ be yedi be Kaisaro gã la ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye. Le esia ta megana be woagbugbɔe ayi gaxɔ me va se ɖe esime mate ŋu aɖoe ɖe Kaisaro gbɔ.” 22 Agripa gblɔ na Festo be, “Nye ŋutɔ medi be mabia gbe Paulo ase eƒe numegbe.” Festo do ŋugbe nɛ be, “Etsɔ àse eƒe numegbe.” 23 Le ŋkeke evea gbe tututu la, Agripa kple Beris va do ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea le bubu kple atsyɔɖoɖo gã me. Asrafowo kple dumemegãwo hã nɔ wo ŋu. Esi woɖi anyi vɔ la, Festo na wokplɔ Paulo va wo ŋkumee. 24 Festo ƒo nu na ƒuƒoƒea be, “Fiagã Agripa kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afii, ame si le mia dome lae nye ame si Yudatɔ siwo le du sia me kple Yerusalem siaa, di be woatso kufia na. 25 Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, mewɔ naneke si dze na ku o. Ke esi eya ŋutɔ bia be Kaisaro ŋutɔ nadrɔ̃ ʋɔnu ye ta la, wɔna aɖeke megale ŋunye wu be maɖoe ɖe Kaisaro gbɔ le Roma o. 26 Gake hã la, nyemenya nya ka tututu maŋlɔ ɖo ɖe Fiagã la abe nutsotso le eŋu ene o, elabena wometsɔ nya gobi aɖeke ɖe eŋu o. Eya ta mekplɔe vɛ na mi katã, vevitɔ wò fia Agripa be nàbia gbee eye to esia me makpɔ nane aŋlɔ tso eŋu. 27 Elabena susu mele eme be woaɖo gamenɔla aɖe ɖe Kaisaro be wòadrɔ̃ ʋɔnui le esime wometɔ asi nutsotso aɖeke dzi tso eŋu o.”

In Other Versions

Acts 25 in the ANGEFD

Acts 25 in the ANTPNG2D

Acts 25 in the AS21

Acts 25 in the BAGH

Acts 25 in the BBPNG

Acts 25 in the BBT1E

Acts 25 in the BDS

Acts 25 in the BHAD

Acts 25 in the BIB

Acts 25 in the BLPT

Acts 25 in the BNT

Acts 25 in the BNTABOOT

Acts 25 in the BNTLV

Acts 25 in the BOATCB

Acts 25 in the BOATCB2

Acts 25 in the BOBCV

Acts 25 in the BOCNT

Acts 25 in the BOECS

Acts 25 in the BOGWICC

Acts 25 in the BOHCB

Acts 25 in the BOHCV

Acts 25 in the BOHLNT

Acts 25 in the BOHNTLTAL

Acts 25 in the BOICB

Acts 25 in the BOILNTAP

Acts 25 in the BOITCV

Acts 25 in the BOKCV

Acts 25 in the BOKCV2

Acts 25 in the BOKHWOG

Acts 25 in the BOKSSV

Acts 25 in the BOLCB

Acts 25 in the BOLCB2

Acts 25 in the BOMCV

Acts 25 in the BONAV

Acts 25 in the BONCB

Acts 25 in the BONLT

Acts 25 in the BONUT2

Acts 25 in the BOPLNT

Acts 25 in the BOSCB

Acts 25 in the BOSNC

Acts 25 in the BOTLNT

Acts 25 in the BOVCB

Acts 25 in the BOYCB

Acts 25 in the BPBB

Acts 25 in the BPH

Acts 25 in the BSB

Acts 25 in the CCB

Acts 25 in the CUV

Acts 25 in the CUVS

Acts 25 in the DBT

Acts 25 in the DGDNT

Acts 25 in the DHNT

Acts 25 in the DNT

Acts 25 in the ELBE

Acts 25 in the EMTV

Acts 25 in the ESV

Acts 25 in the FBV

Acts 25 in the FEB

Acts 25 in the GGMNT

Acts 25 in the GNT

Acts 25 in the HARY

Acts 25 in the HNT

Acts 25 in the IRVA

Acts 25 in the IRVB

Acts 25 in the IRVG

Acts 25 in the IRVH

Acts 25 in the IRVK

Acts 25 in the IRVM

Acts 25 in the IRVM2

Acts 25 in the IRVO

Acts 25 in the IRVP

Acts 25 in the IRVT

Acts 25 in the IRVT2

Acts 25 in the IRVU

Acts 25 in the ISVN

Acts 25 in the JSNT

Acts 25 in the KAPI

Acts 25 in the KBT1ETNIK

Acts 25 in the KBV

Acts 25 in the KJV

Acts 25 in the KNFD

Acts 25 in the LBA

Acts 25 in the LBLA

Acts 25 in the LNT

Acts 25 in the LSV

Acts 25 in the MAAL

Acts 25 in the MBV

Acts 25 in the MBV2

Acts 25 in the MHNT

Acts 25 in the MKNFD

Acts 25 in the MNG

Acts 25 in the MNT

Acts 25 in the MNT2

Acts 25 in the MRS1T

Acts 25 in the NAA

Acts 25 in the NASB

Acts 25 in the NBLA

Acts 25 in the NBS

Acts 25 in the NBVTP

Acts 25 in the NET2

Acts 25 in the NIV11

Acts 25 in the NNT

Acts 25 in the NNT2

Acts 25 in the NNT3

Acts 25 in the PDDPT

Acts 25 in the PFNT

Acts 25 in the RMNT

Acts 25 in the SBIAS

Acts 25 in the SBIBS

Acts 25 in the SBIBS2

Acts 25 in the SBICS

Acts 25 in the SBIDS

Acts 25 in the SBIGS

Acts 25 in the SBIHS

Acts 25 in the SBIIS

Acts 25 in the SBIIS2

Acts 25 in the SBIIS3

Acts 25 in the SBIKS

Acts 25 in the SBIKS2

Acts 25 in the SBIMS

Acts 25 in the SBIOS

Acts 25 in the SBIPS

Acts 25 in the SBISS

Acts 25 in the SBITS

Acts 25 in the SBITS2

Acts 25 in the SBITS3

Acts 25 in the SBITS4

Acts 25 in the SBIUS

Acts 25 in the SBIVS

Acts 25 in the SBT

Acts 25 in the SBT1E

Acts 25 in the SCHL

Acts 25 in the SNT

Acts 25 in the SUSU

Acts 25 in the SUSU2

Acts 25 in the SYNO

Acts 25 in the TBIAOTANT

Acts 25 in the TBT1E

Acts 25 in the TBT1E2

Acts 25 in the TFTIP

Acts 25 in the TFTU

Acts 25 in the TGNTATF3T

Acts 25 in the THAI

Acts 25 in the TNFD

Acts 25 in the TNT

Acts 25 in the TNTIK

Acts 25 in the TNTIL

Acts 25 in the TNTIN

Acts 25 in the TNTIP

Acts 25 in the TNTIZ

Acts 25 in the TOMA

Acts 25 in the TTENT

Acts 25 in the UBG

Acts 25 in the UGV

Acts 25 in the UGV2

Acts 25 in the UGV3

Acts 25 in the VBL

Acts 25 in the VDCC

Acts 25 in the YALU

Acts 25 in the YAPE

Acts 25 in the YBVTP

Acts 25 in the ZBP