Ephesians 5 (BEV)

1 Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene 2 eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mia ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋem lililĩ na Mawu la ene. 3 Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o. Migana be ame aɖeke nakpɔ kpɔtsotso le mia ŋuti le nu vɔ̃ siawo ta o. 4 Mele be woase glitoto vlowo, nya ƒoɖiwo kple dzeɖoɖo madzetowo le mia nu o. Ke boŋ la, miɖo ŋku Mawu ƒe amenuveve dzi na mia nɔewo eye miada akpe ɖe eta. 5 Miate ŋu aka ɖe edzi bena: Mawu kple Kristo ƒe fiaɖuƒe la manye ame makɔmakɔ kple ŋuklẽla tɔ o, elabena ŋuklẽla sɔ kple legbasubɔla, elabena elɔ̃na eye wòsubɔa nu nyui siwo le xexeame ɖe Mawu teƒe. 6 Ame siwo doa taflatsɛ eye wowɔa nu siawo la megaflu mi o, elabena Mawu ƒe dziku helihelĩ le ame siwo wɔa nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. 7 Hekpe ɖe esia ŋu la, migade ha gɔ̃ hã kple ame siawo ƒomeviwo o. 8 Elabena tsã la, viviti yɔ miaƒe dziwo me fũ, ke azɔ la, kekeli si tso Aƒetɔ la gbɔ la xɔ eteƒe eya ta mina miaƒe agbe naɖe kekeli la afia! 9 Le kekeli sia si le mia me ta la, miwɔ nu siwo ko nyo, nu siwo le dzɔdzɔe kple nu siwo le eteƒe. 10 Le miaƒe agbe me la, misrɔ̃ eye mianya nu siwo ko dzea Aƒetɔ la ŋu. 11 Migakpɔ gome le vivisese vlowo kple vivitimenu aɖeke me o; ke boŋ mika mo na nu vlo wɔlawo, eye miaɖe woƒe vivimenuwɔwɔ ɖe go. 12 Anye ŋukpenanu alo ŋunyɔnu gɔ̃ hã be maƒo nu le vivitimenuwɔna siwo mawumavɔ̃lawo wɔna la ŋuti. 13 Ke nu sia nu si dzi kekeli klẽ la dzena wokpɔna, 14 elabena kekelie nana wokpɔa nu sia nu. Esia tae woŋlɔ ɖi be, “O, alɔ̃dɔla nyɔ, nyɔ tso ku me, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.” 15 Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene 16 ame siwo wɔa woƒe mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋudɔ nyuie elabena míele ŋkeke sesẽwo me fifia. 17 Migawɔ naneke tamemabumabutɔe o, ke boŋ miadi nu si Aƒetɔ la di be miawɔ eye miawɔe. 18 Migano aha fũ o, elabena nu vɔ̃ geɖe dea xa ɖe ahatsunola ƒe mɔ dzi. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mi taŋtaŋ eye mina eya naɖu mia dzi. 19 Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo tso Aƒetɔ la ŋuti, midzi ha kɔkɔewo eye miaƒo wo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me. 20 Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. 21 Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo ekema miade bubu Kristo ŋuti. 22 Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia srɔ̃wo ƒe kpɔkplɔ te abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Aƒetɔ la te ene. 23 Abe ale si Kristo nye ta na eƒe ŋutilã si nye kristohamea ene la, nenema kee ŋutsu hã nye ta na srɔ̃a. Elabena Kristo tsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe ɖo anyi ɖe ha la ta be yeanye eƒe Ɖela! 24 Eya ta mi nyɔnuwo la ele na mi be miaɖo to mia srɔ̃wo le nu sia nu me, abe ale si hamea hã ɖoa to Kristo ƒe gbe ene. 25 Azɔ mi ŋutsuwo hã, lɔlɔ̃ deto ma si Kristo ɖe fia hamea eye wòku ɖe eta la, miawo hã miɖe eya ke fia mia srɔ̃wo. 26 Esi Kristo ku ɖe hame la ta la, ewɔe kɔkɔe, dzadzɛ eye wòklɔ eŋuti to mawutsideta kple Mawu ƒe nya la me; 27 ale bena yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe hame kɔkɔe, si dza eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsotso aɖeke mele eŋu o la ene. 28 Nenemae wòle be ŋutsuwo nalé be na wo srɔ̃woe, eye woalɔ̃ wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Elabena zi ale si ŋutsu kple srɔ̃a wole ɖeka azɔ la, zi nenema ke ŋutsu anɔ eɖokui nu vem anɔ eɖokui lɔ̃m, nenye be elɔ̃ srɔ̃a. 29 Le nuwo katã me la, ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na eƒe hamea ene 30 elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye. 31 Nya sia be, ŋutsu kple nyɔnu wonye ŋutilã ɖeka la, tso mawunya sia ƒe kpeɖodzi me be: “Ele be ŋutsu nagblẽ fofoa kple dada ɖi nenye be eɖe srɔ̃, ale be wo kple srɔ̃a nawɔ ɖeka, eye womaganye eve o, ke boŋ woanye nu ɖeka.” 32 Menyae be nya sia gɔmesese sesẽ, gake enye ale si míenye akpa vovovowo na Kristo ƒe ŋutilã la ƒe kpɔɖeŋu. 33 Eya ta megale egblɔm na mi be, ele be ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene eye nyɔnua hã nakpɔ egbɔ be eya hã tsɔ bubu deto tɔxɛ na srɔ̃a, aɖo toe, akafui, eye wòado kɔkɔe ɣesiaɣi.

In Other Versions

Ephesians 5 in the ANGEFD

Ephesians 5 in the ANTPNG2D

Ephesians 5 in the AS21

Ephesians 5 in the BAGH

Ephesians 5 in the BBPNG

Ephesians 5 in the BBT1E

Ephesians 5 in the BDS

Ephesians 5 in the BHAD

Ephesians 5 in the BIB

Ephesians 5 in the BLPT

Ephesians 5 in the BNT

Ephesians 5 in the BNTABOOT

Ephesians 5 in the BNTLV

Ephesians 5 in the BOATCB

Ephesians 5 in the BOATCB2

Ephesians 5 in the BOBCV

Ephesians 5 in the BOCNT

Ephesians 5 in the BOECS

Ephesians 5 in the BOGWICC

Ephesians 5 in the BOHCB

Ephesians 5 in the BOHCV

Ephesians 5 in the BOHLNT

Ephesians 5 in the BOHNTLTAL

Ephesians 5 in the BOICB

Ephesians 5 in the BOILNTAP

Ephesians 5 in the BOITCV

Ephesians 5 in the BOKCV

Ephesians 5 in the BOKCV2

Ephesians 5 in the BOKHWOG

Ephesians 5 in the BOKSSV

Ephesians 5 in the BOLCB

Ephesians 5 in the BOLCB2

Ephesians 5 in the BOMCV

Ephesians 5 in the BONAV

Ephesians 5 in the BONCB

Ephesians 5 in the BONLT

Ephesians 5 in the BONUT2

Ephesians 5 in the BOPLNT

Ephesians 5 in the BOSCB

Ephesians 5 in the BOSNC

Ephesians 5 in the BOTLNT

Ephesians 5 in the BOVCB

Ephesians 5 in the BOYCB

Ephesians 5 in the BPBB

Ephesians 5 in the BPH

Ephesians 5 in the BSB

Ephesians 5 in the CCB

Ephesians 5 in the CUV

Ephesians 5 in the CUVS

Ephesians 5 in the DBT

Ephesians 5 in the DGDNT

Ephesians 5 in the DHNT

Ephesians 5 in the DNT

Ephesians 5 in the ELBE

Ephesians 5 in the EMTV

Ephesians 5 in the ESV

Ephesians 5 in the FBV

Ephesians 5 in the FEB

Ephesians 5 in the GGMNT

Ephesians 5 in the GNT

Ephesians 5 in the HARY

Ephesians 5 in the HNT

Ephesians 5 in the IRVA

Ephesians 5 in the IRVB

Ephesians 5 in the IRVG

Ephesians 5 in the IRVH

Ephesians 5 in the IRVK

Ephesians 5 in the IRVM

Ephesians 5 in the IRVM2

Ephesians 5 in the IRVO

Ephesians 5 in the IRVP

Ephesians 5 in the IRVT

Ephesians 5 in the IRVT2

Ephesians 5 in the IRVU

Ephesians 5 in the ISVN

Ephesians 5 in the JSNT

Ephesians 5 in the KAPI

Ephesians 5 in the KBT1ETNIK

Ephesians 5 in the KBV

Ephesians 5 in the KJV

Ephesians 5 in the KNFD

Ephesians 5 in the LBA

Ephesians 5 in the LBLA

Ephesians 5 in the LNT

Ephesians 5 in the LSV

Ephesians 5 in the MAAL

Ephesians 5 in the MBV

Ephesians 5 in the MBV2

Ephesians 5 in the MHNT

Ephesians 5 in the MKNFD

Ephesians 5 in the MNG

Ephesians 5 in the MNT

Ephesians 5 in the MNT2

Ephesians 5 in the MRS1T

Ephesians 5 in the NAA

Ephesians 5 in the NASB

Ephesians 5 in the NBLA

Ephesians 5 in the NBS

Ephesians 5 in the NBVTP

Ephesians 5 in the NET2

Ephesians 5 in the NIV11

Ephesians 5 in the NNT

Ephesians 5 in the NNT2

Ephesians 5 in the NNT3

Ephesians 5 in the PDDPT

Ephesians 5 in the PFNT

Ephesians 5 in the RMNT

Ephesians 5 in the SBIAS

Ephesians 5 in the SBIBS

Ephesians 5 in the SBIBS2

Ephesians 5 in the SBICS

Ephesians 5 in the SBIDS

Ephesians 5 in the SBIGS

Ephesians 5 in the SBIHS

Ephesians 5 in the SBIIS

Ephesians 5 in the SBIIS2

Ephesians 5 in the SBIIS3

Ephesians 5 in the SBIKS

Ephesians 5 in the SBIKS2

Ephesians 5 in the SBIMS

Ephesians 5 in the SBIOS

Ephesians 5 in the SBIPS

Ephesians 5 in the SBISS

Ephesians 5 in the SBITS

Ephesians 5 in the SBITS2

Ephesians 5 in the SBITS3

Ephesians 5 in the SBITS4

Ephesians 5 in the SBIUS

Ephesians 5 in the SBIVS

Ephesians 5 in the SBT

Ephesians 5 in the SBT1E

Ephesians 5 in the SCHL

Ephesians 5 in the SNT

Ephesians 5 in the SUSU

Ephesians 5 in the SUSU2

Ephesians 5 in the SYNO

Ephesians 5 in the TBIAOTANT

Ephesians 5 in the TBT1E

Ephesians 5 in the TBT1E2

Ephesians 5 in the TFTIP

Ephesians 5 in the TFTU

Ephesians 5 in the TGNTATF3T

Ephesians 5 in the THAI

Ephesians 5 in the TNFD

Ephesians 5 in the TNT

Ephesians 5 in the TNTIK

Ephesians 5 in the TNTIL

Ephesians 5 in the TNTIN

Ephesians 5 in the TNTIP

Ephesians 5 in the TNTIZ

Ephesians 5 in the TOMA

Ephesians 5 in the TTENT

Ephesians 5 in the UBG

Ephesians 5 in the UGV

Ephesians 5 in the UGV2

Ephesians 5 in the UGV3

Ephesians 5 in the VBL

Ephesians 5 in the VDCC

Ephesians 5 in the YALU

Ephesians 5 in the YAPE

Ephesians 5 in the YBVTP

Ephesians 5 in the ZBP