Ephesians 5 (BOECS)
1 Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene, 2 eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene. 3 Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o, elabena agbenɔnɔ siawo menyo na Mawu ƒe ame kɔkɔewo o. 4 Mele be woase nya vlowo, gbegblẽnyawo kple dzeɖoɖo madzetowo le mia nu o, ke boŋ akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta. 5 Minya nyuie be ahasiwɔla, ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla aɖeke manyi Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la ƒe dome o, elabena ame sia ƒomevi sɔ kple trɔ̃subɔla. 6 Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo. 7 Eya ta migade ha kple ame siawo ƒomeviwo o. 8 Tsã la, mienye viviti, gake azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me. Minɔ agbe abe kekeli ƒe viwo ene. 9 (Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe), 10 eye midi nu siwo dzea Aƒetɔ la ŋu. 11 Kadodo aɖeke meganɔ mi kple vivitimewɔna siwo nye tofloko la dome o, ke boŋ miɖe wo ɖe go. 12 Elabena enye ŋukpe be tomaɖolawo naƒo nu le woƒe vivimenuwɔnawo ŋuti. 13 Ke nu sia nu si dzi kekeli klẽ ɖo la, dzena wokpɔna, 14 elabena kekeli nana nu sia nu dzena gaglãa. Esia ta woŋlɔ ɖi be,“O, alɔ̃dɔla nyɔ,fɔ tso ame kukuwo dome,eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.” 15 Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, 16 Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nyuie, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃. 17 Migawɔ nu abe bometsilawo ene o, ke boŋ midi nu si nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu. 18 Migano aha mu o, elabena ekplɔa ame dea hadzenuwɔwɔ me. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mia me. 19 Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me. 20 Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. 21 Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo abe bubudede Kristo ŋu ƒe dzesi ene. 22 Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene. 23 Elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe hame la ta abe ale si Kristo nye ta na hame si nye eƒe ŋutilã la ene be yeanye eƒe Ɖela. 24 Azɔ abe ale si hame la bɔbɔ eɖokui na Kristo ene la, nenema ke nyɔnuwo hã nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo le nu sia nu me. 25 Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta, 26 be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me, 27 ale be yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe ŋutikɔkɔe hame si dza, eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene, ke boŋ be wòanɔ kɔkɔe, eye fɔɖiɖi aɖeke maganɔ eŋuti o. 28 Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si lɔ̃a srɔ̃a la, lɔ̃a eɖokui. 29 Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na hame la ene, 30 elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye. 31 “Ɖe susu sia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòawɔ ɖeka kple srɔ̃a, eye wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka.” 32 Esia nye nukunu gã aɖe, gake mele nu ƒom tso Kristo kple hame la ŋuti. 33 Ke hã la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu hã nade bubu srɔ̃a ŋuti.
In Other Versions
Ephesians 5 in the ANGEFD
Ephesians 5 in the ANTPNG2D
Ephesians 5 in the AS21
Ephesians 5 in the BAGH
Ephesians 5 in the BBPNG
Ephesians 5 in the BBT1E
Ephesians 5 in the BDS
Ephesians 5 in the BEV
Ephesians 5 in the BHAD
Ephesians 5 in the BIB
Ephesians 5 in the BLPT
Ephesians 5 in the BNT
Ephesians 5 in the BNTABOOT
Ephesians 5 in the BNTLV
Ephesians 5 in the BOATCB
Ephesians 5 in the BOATCB2
Ephesians 5 in the BOBCV
Ephesians 5 in the BOCNT
Ephesians 5 in the BOGWICC
Ephesians 5 in the BOHCB
Ephesians 5 in the BOHCV
Ephesians 5 in the BOHLNT
Ephesians 5 in the BOHNTLTAL
Ephesians 5 in the BOICB
Ephesians 5 in the BOILNTAP
Ephesians 5 in the BOITCV
Ephesians 5 in the BOKCV
Ephesians 5 in the BOKCV2
Ephesians 5 in the BOKHWOG
Ephesians 5 in the BOKSSV
Ephesians 5 in the BOLCB
Ephesians 5 in the BOLCB2
Ephesians 5 in the BOMCV
Ephesians 5 in the BONAV
Ephesians 5 in the BONCB
Ephesians 5 in the BONLT
Ephesians 5 in the BONUT2
Ephesians 5 in the BOPLNT
Ephesians 5 in the BOSCB
Ephesians 5 in the BOSNC
Ephesians 5 in the BOTLNT
Ephesians 5 in the BOVCB
Ephesians 5 in the BOYCB
Ephesians 5 in the BPBB
Ephesians 5 in the BPH
Ephesians 5 in the BSB
Ephesians 5 in the CCB
Ephesians 5 in the CUV
Ephesians 5 in the CUVS
Ephesians 5 in the DBT
Ephesians 5 in the DGDNT
Ephesians 5 in the DHNT
Ephesians 5 in the DNT
Ephesians 5 in the ELBE
Ephesians 5 in the EMTV
Ephesians 5 in the ESV
Ephesians 5 in the FBV
Ephesians 5 in the FEB
Ephesians 5 in the GGMNT
Ephesians 5 in the GNT
Ephesians 5 in the HARY
Ephesians 5 in the HNT
Ephesians 5 in the IRVA
Ephesians 5 in the IRVB
Ephesians 5 in the IRVG
Ephesians 5 in the IRVH
Ephesians 5 in the IRVK
Ephesians 5 in the IRVM
Ephesians 5 in the IRVM2
Ephesians 5 in the IRVO
Ephesians 5 in the IRVP
Ephesians 5 in the IRVT
Ephesians 5 in the IRVT2
Ephesians 5 in the IRVU
Ephesians 5 in the ISVN
Ephesians 5 in the JSNT
Ephesians 5 in the KAPI
Ephesians 5 in the KBT1ETNIK
Ephesians 5 in the KBV
Ephesians 5 in the KJV
Ephesians 5 in the KNFD
Ephesians 5 in the LBA
Ephesians 5 in the LBLA
Ephesians 5 in the LNT
Ephesians 5 in the LSV
Ephesians 5 in the MAAL
Ephesians 5 in the MBV
Ephesians 5 in the MBV2
Ephesians 5 in the MHNT
Ephesians 5 in the MKNFD
Ephesians 5 in the MNG
Ephesians 5 in the MNT
Ephesians 5 in the MNT2
Ephesians 5 in the MRS1T
Ephesians 5 in the NAA
Ephesians 5 in the NASB
Ephesians 5 in the NBLA
Ephesians 5 in the NBS
Ephesians 5 in the NBVTP
Ephesians 5 in the NET2
Ephesians 5 in the NIV11
Ephesians 5 in the NNT
Ephesians 5 in the NNT2
Ephesians 5 in the NNT3
Ephesians 5 in the PDDPT
Ephesians 5 in the PFNT
Ephesians 5 in the RMNT
Ephesians 5 in the SBIAS
Ephesians 5 in the SBIBS
Ephesians 5 in the SBIBS2
Ephesians 5 in the SBICS
Ephesians 5 in the SBIDS
Ephesians 5 in the SBIGS
Ephesians 5 in the SBIHS
Ephesians 5 in the SBIIS
Ephesians 5 in the SBIIS2
Ephesians 5 in the SBIIS3
Ephesians 5 in the SBIKS
Ephesians 5 in the SBIKS2
Ephesians 5 in the SBIMS
Ephesians 5 in the SBIOS
Ephesians 5 in the SBIPS
Ephesians 5 in the SBISS
Ephesians 5 in the SBITS
Ephesians 5 in the SBITS2
Ephesians 5 in the SBITS3
Ephesians 5 in the SBITS4
Ephesians 5 in the SBIUS
Ephesians 5 in the SBIVS
Ephesians 5 in the SBT
Ephesians 5 in the SBT1E
Ephesians 5 in the SCHL
Ephesians 5 in the SNT
Ephesians 5 in the SUSU
Ephesians 5 in the SUSU2
Ephesians 5 in the SYNO
Ephesians 5 in the TBIAOTANT
Ephesians 5 in the TBT1E
Ephesians 5 in the TBT1E2
Ephesians 5 in the TFTIP
Ephesians 5 in the TFTU
Ephesians 5 in the TGNTATF3T
Ephesians 5 in the THAI
Ephesians 5 in the TNFD
Ephesians 5 in the TNT
Ephesians 5 in the TNTIK
Ephesians 5 in the TNTIL
Ephesians 5 in the TNTIN
Ephesians 5 in the TNTIP
Ephesians 5 in the TNTIZ
Ephesians 5 in the TOMA
Ephesians 5 in the TTENT
Ephesians 5 in the UBG
Ephesians 5 in the UGV
Ephesians 5 in the UGV2
Ephesians 5 in the UGV3
Ephesians 5 in the VBL
Ephesians 5 in the VDCC
Ephesians 5 in the YALU
Ephesians 5 in the YAPE
Ephesians 5 in the YBVTP
Ephesians 5 in the ZBP